INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w05 5/1 axa 3
  • Afɔku aɖe Dzɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afɔku aɖe Dzɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Nya Vɔ̃ Aɖe Dzɔ
    Nyɔ!—2014
  • Tsitretsitsi La Mɔkpɔkpɔ Wɔnuku Aɖee
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ŋgɔdonya
    Nyɔ!—2020
  • Aleke Mawɔ Anɔ Te Ðe Nya Vɔ̃wo Nu?
    Sɔhɛwo Biana Be
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
w05 5/1 axa 3

Afɔku aɖe Dzɔ

OWEN si nye ŋutsuvi si xɔ ƒe eve kple afa la nɔ fefem le woƒe xɔ me. Edze agbagba de nu dzi ale be eƒe asi ɖo atikeɖaka aɖe si gbɔ edzilawo bu be eƒe asi maɖo o la gbɔ. Ekpɔ atukpa aɖe si nyakpɔ nɛ la le aɖakaa me. Etsɔe, heʋui, eye wòno nusi nɔ eme la. Edze afɔku.

Atike aɖe si nye aɖi ye nɔ atukpaa me eye wòwu ɖevi Owen nublanuitɔe. Dzilawo ƒe dzi gbã ale gbegbe. Fofoa, Percy, di akɔfafa tso sɔleme si wòdena la gbɔ. Ebia be, “Nukatae nusia dzɔ ɖo?” Osɔfoa ɖo eŋu nɛ be, “Mawu le ɖevi bubu aɖe dim be wòava zu dɔla na ye le dziƒo.” Dzi ku fofo si nɔ nu xam la eye wòbui be nusia mesɔ kura o. Ðe Mawu ɖoe ŋutɔŋutɔ be afɔku ma nadzɔa? Alesi nya sia ɖe dzi le Percy ƒoe na wòtso kadodo ɖesiaɖe me kple eƒe sɔlemeha la.

Esi Percy nɔ nusi dzɔ ŋu bum la, ebia eɖokui be: ‘Ðe vinyea gale veve sem kokokoa? Ðe magakpɔe akea?’

Ðewohĩ wò hã ebu nusi dzɔna ɖe ame dzi ne eku kple ne anya wɔ be míagava wɔ ɖeka kple míaƒe ame vevi siwo ku la ake ŋu kpɔ. Mawu ƒe Nya, Biblia, kɔ nya siawo ŋu. Ŋuɖoɖo siwo me kɔ eye wofa akɔ na ame la le Biblia me na amesiwo katã dzi afɔku ma tɔgbewo dzɔ ɖo. Gawu la, eɖe mɔkpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe si ƒe ŋugbe Mawu do—si nye tsitretsitsi—la gblɔ.

Taflatse xlẽ nyati si kplɔe ɖo la be nàsrɔ̃ nu geɖe tso mɔkpɔkpɔ wɔnuku sia ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe