INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 11/15 axa 32
  • Ðe Yuda Zu Aƒedo Kpɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Yuda Zu Aƒedo Kpɔa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 11/15 axa 32

Ðe Yuda Zu Aƒedo Kpɔa?

BIBLIA gblɔe ɖi be Babilontɔwo atsrɔ̃ Yuda-fiaɖuƒea eye wòaɖi aƒedo vaseɖe esime Yudatɔ siwo wokplɔ yi aboyo me la nagatrɔ agbɔ. (Yeremya 25:8-11) Ŋutinya aɖe si gbɔgbɔ kɔkɔea ʋã Mawu ƒe ame aɖe wòŋlɔ ɖi le ƒe 75 aɖewo megbe, tso esime aboyomeawo ƒe ame gbãtɔwo trɔ gbɔ va wo denyigba dzi, lae nye susu vevi si tae wòle be míaxɔe ase be nyagblɔɖi sia va eme ɖo. Ŋutinya ma ɖee fia be Babilon-fia ‘kplɔ amesiwo metsi yi nu o la, yi Babel, eye wova zu woa kple viawo ƒe dɔlawo, vaseɖe esime Persiatɔwo te dziɖuɖu.’ Eye wògblɔ tso Yuda-nyigbaa ŋu be: “Egbɔ ɖe me le eƒe aƒedoɖiɣi la katã.” (Kronika II, 36:20, 21) Ðe blemaduwo ŋuti numekulawo ke ɖe nanewo ŋu, siwo ɖo kpe esia dzia?

Ephraim Stern, si nye Palestinatɔwo ƒe blemaduwo nɔƒe ŋu numekuku ŋuti nufialagã le Hebrew University, gblɔ le agbalẽ si nye Biblical Archaeology Review me be: “Asiriatɔwo kple Babilontɔwo siaa tsrɔ̃ blema Israel ƒe akpa gã aɖe, gake blemaduwo nɔƒe ŋuti numekukuwo ƒe kpeɖodziwo ɖee fia be nusiwo Asiriatɔwo gblẽ la to vovo na esiwo Babilontɔwo gblẽ.” Stern ɖe nu me be: “Togbɔ be míeke ɖe blemamewo ŋuti nu geɖe ŋu, siwo ɖo kpe edzi be amewo kpɔtɔ nɔ dua me esime Asiriatɔwo va dze dua dzi vɔ megbe hã la, míeke ɖe nu boo aɖeke ŋu, siwo ɖo kpe edzi be amewo ganɔ dua me le esime Babilontɔwo ya va tsrɔ̃e vɔ megbe o. . . . Míekpɔ naneke si ɖo kpe edzi be amewo nɔ dua me vaseɖe esime Persiatɔwo va o . . . Vovototo gã aɖe le alesi nuwo nɔ le tsɔtsrɔ̃ eveawo megbe la dome. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, womegatso du siwo katã Babilontɔwo tsrɔ̃ la dometɔ aɖeke o.”

Nufialagã Lawrence E. Stager, si le Harvard University, lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Babilon-fia gblẽ nu le Filisti, Yuda, kple anyigba siwo nɔ Yordan-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe la ŋu ale gbegbe be amewo megate ŋu va nɔ wo dzi o.” Stager gblɔ kpee be: “Nusi dzi blemaduwo nɔƒe ŋuti numekuku siwo wowɔ le Yerusalem kple Yuda ɖo kpee enye be, le Persiatɔ Aʋafiagã Kores, si ƒe fiaɖuƒea va xɔ ɖe Babilontɔwo tɔ teƒe la, ƒe dziɖuɣi hafie aboyomeawo dometɔ geɖe trɔ gbɔ va wo denyigba la dzi.”

Ẽ, Yehowa ƒe nya siwo wògblɔ ku ɖe Yuda ƒe aƒedozuzu ŋu la va eme pɛpɛpɛ. Yehowa Mawu ƒe nyagblɔɖiwo vana eme godoo. (Yesaya 55:10, 11) Míate ŋu aka ɖe Yehowa kple ŋugbedodo siwo le eƒe Nya, Biblia, me la dzi bliboe.—Timoteo II, 3:16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe