INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w06 11/15 axa 31
  • Fia Viwòwo Alesi Woaɖo Nya Ŋu le Kpekpewo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Fia Viwòwo Alesi Woaɖo Nya Ŋu le Kpekpewo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mikafu Yehowa Le Hamea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo Le Hame Ƒe Kpekpewo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Mɔ Nyui Ka Dzie Míato Adzra Ðo Ðe Kpekpeawo Ŋu?
    Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ʋuʋu le Dutoƒo Me Ðe Asi Sesĩe Maʋãmaʋãe
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1994
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
w06 11/15 axa 31

Fia Viwòwo Alesi Woaɖo Nya Ŋu le Kpekpewo Me

PERLA, si le Mexico, ɖo ŋku edzi be le yeƒe ɖevime la, ye dada kpena ɖe ye ŋu ye dzrana nyaŋuɖoɖo kpuiwo ɖo hena hamea ƒe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃a. Fifia, viŋutsuvi si xɔ ƒe atɔ̃ le Perla hã si. Aleke Perla kpena ɖe eŋui? Egblɔ be: “Nye ŋutɔ mesrɔ̃a nyatiawo gbã. Ne mele esrɔ̃m la, mekpɔna be memama ka gɔmee vinyea ate ŋu ase bɔbɔe eye eya ŋutɔ ate ŋu agblɔ emenyawo ɖe eƒe nyagbewo me mahã? Eye míetrɔna ɖe memama, si eya ŋutɔ yɔna be ‘nye memama,’ la ŋu srɔ̃na nyuie. Mebiana tso esi be wòagblɔ nusi fiam memamaa le be míanɔ wɔwɔm le gbesiagbe nuwɔnawo me. Eye emegbe míetoa alesi wòdi be yeaɖo nyaa ŋui la me zi gbɔ zi geɖe. Míezãa nane si anɔ abe nuƒomɔ̃ ene bene wòanya nuƒomɔ̃a lelé ne ele nyaa ŋu ɖom le kpekpea me. Dzi le dzɔyem ŋutɔ be míedea kpekpe aɖeke ko meɖoa nya ŋu o loo alo doa asi ɖe dzi be yeaɖo nya ŋu o. Zi geɖe la, eyina ɖagblɔa memama si ƒe biabia ŋu wòdi be yeaɖo la na nusɔsrɔ̃a dzikpɔla hafi kpekpea dzea egɔme.”

Viŋutsuvi eve siwo xɔ ƒe eve kple ƒe ene le Jens, amesi nye hamemetsitsi le Hindigbedolawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me la, si. Ne woa kple srɔ̃a kple ɖeviawo wole dzadzram ɖo ɖe kpekpeawo ŋu la, wozãa mɔnu aɖe si Jens srɔ̃ tso edzilawo gbɔ. Jens gblɔ be: “Míetiana nusɔsrɔ̃nyatia ƒe akpa siwo gɔme ɖeviawo ate ŋu ase nyuie. Emegbe míegblɔa nusi koŋ ŋu nyatia ku ɖo alo nusi koŋue wodi be míasrɔ̃ tso nyatia me la na wo, eye emegbe míebiaa nya siwo ŋu míekpɔ be woate ŋu aɖo le kpekpea me la wo. Zi geɖe la, woɖoa nyabiaseawo ŋu nyuie le woa ŋutɔwo ƒe nyagbewo me wòwɔa nuku na mí. Alesi woa ŋutɔwo woɖoa eŋui la ɖea alesi wose egɔmee la fia. Esia wɔnɛ be woƒe nyaŋuɖoɖoawo nyea Yehowa kafukafu ŋutɔŋutɔ kple woa ŋutɔwo ƒe xɔse me ʋuʋu vavã.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe