Kristmas Ðe Wòate Ŋu Ana Amewo Nanɔ Ŋutifafa Me le Ƒe Bliboa Mea?
“Ŋutikɔkɔe woana Mawu le dziƒo boo, eye ŋutifafa ava anyigba dzi; amegbetɔwo ŋu woakpɔ ŋudzedze nyui le.”—Luka 2:14.
AME miliɔn geɖewo nya mawudɔlawo ƒe nya sia, si wogblɔ tsɔ ɖe gbeƒã Yesu dzidzi ŋuti nya na alẽkplɔla siwo nɔ woƒe alẽwo ŋu dzɔm le zã me la, nyuie. Le ŋkeke si dzi sɔlemehawo be eya dzie wodzi Yesu ƒe ɣeyiɣiwo me la, amesiwo bua wo ɖokui Kristotɔwoe la dometɔ geɖe dzea agbagba vevie be yewoƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi. Dzidzɔ, ŋutifafa, kple nyuidiname—si ƒe nya mawudɔlawo gblɔ le Yesu dziɣi—siwo yia edzi le ɣeyiɣi mawo me lae woyɔna be Kristmas ɖuɖu.
Nɔnɔme nyui siawo wɔnɛ be amesiwo mebua Kristmas be enye subɔsubɔzã o gɔ̃ hã dina be yewoakpɔ gome le eme. Vivi siwo amewo nɔa dodom ɖe wo nɔewo ŋu le azãa ɖuɣi la doa dzidzɔ na amesiawo hã. Le afisiwo wonaa mɔkeke sukuviwo alo dɔwɔlawo le le Kristmas dzi la, mɔkekea naa mɔnukpɔkpɔ wo be woaɖi ɖe eme, anɔ woƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃wo gbɔ, alo akpɔ dzidzɔ kpli wo ɖekae. Gake ame aɖewo hã bua Kristmas be enye ɣeyiɣi aɖe si woatsɔ ade bubu Yesu Kristo ɖeɖeko ŋu.
Aleke kee amewo ɖabua Kristmas o, ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi be ɣeyiɣi kpui aɖe koe vividoɖeameŋu kple nyuidiname siwo katã yia edzi le mɔkeɣi mawo me la nɔa anyi. Eteƒe medidina hafi amewo gatrɔna ɖe woƒe agbenɔnɔ xoxoawo ŋu o. Nyati aɖe si Canadatɔwo ƒe Royal Bank ta, si ƒe tanyae nye “Kristmas Ðuɖu,” gblɔ be: “Ƒe sia ƒe la, kwasiɖa ʋɛ aɖewo koe amesiwo tɔ ŋkɔ be ‘Kristotɔwoe’ yewonye la ƒe ŋkɔa ɖia wo ŋu, elabena ɣemaɣiwo koe wonɔa nyui biam na wo haviwo kakaka míegena ɖe Ƒe Yeyea me, eye ne míenya ge ɖe eme ko la, wogatrɔna ɖe woƒe ɖokuitɔdidigbenɔnɔ kple woƒe ɖekematsɔmatsɔ le ame bubuwo ƒe kuxiwo me ŋu.” Nyatia yi edzi be nusi “gblẽ” le Kristmas ɖuɖu ŋu “koŋ” enye be amewo meyia edzi nɔa nɔnɔme nyui siwo woɖena fiana le eɖuɣi la ɖem fia le “ƒe bliboa” me o.
Èɖalɔ̃ ɖe nya sia dzi alo mèɖalɔ̃ ɖe edzi o, numeɖeɖe sia fɔ nyabiase vevi aɖewo ɖe te. Ðe amewo ate ŋu ava nɔ dɔme nyom na wo nɔewo ahanɔ nu gɔme sem na wo nɔewo ɖaa gbaɖegbea? Ðe mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li be nya siwo mawudɔlawo gblɔ le zã si me wodzi Yesu la ava emea? Alo drɔ̃e ƒe nya aɖe koe ŋutifafa vavã si míele mɔ kpɔm na la nyea?