INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w07 1/15 axa 3
  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Wonye Kpeɖeŋutɔ Na Wo Nɔewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Wonye Kpeɖeŋutɔ Na Wo Nɔewo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Mawu Wɔ Ŋutsu Kple Nyɔnu Gbãtɔ
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Míate Ŋu Asrɔ̃ Nu tso Ame Eve Gbãtɔawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Ŋutsu Kple Nyɔnu Ðe Sia Ðe Le Ðoƒe Si Ŋu Bubu Le
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
w07 1/15 axa 3

Ŋutsu Kple Nyɔnu​—Wonye Kpeɖeŋutɔ Na Wo Nɔewo

ENYE ŋutsu kple nyɔnu ƒe didi tso gbe aɖe gbe ke be yewoanɔ anyi ɖekae. Mawue ɖoe nenema. Yehowa kpɔe be menyo be ŋutsu gbãtɔ, Adam, ɖeka ko nanɔ anyi o. Eya ta Mawu wɔ “kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la [na ŋutsua].”

Yehowa na Adam dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩ, eye wòɖe eƒe agbaƒuti ɖeka, ‘hetsɔ agbaƒuti la wɔ nyɔnui, eye wòkplɔe va egbɔe.’ Esi Adam kpɔ nyɔnu dzetugbe si Yehowa wɔ nɛ la, dzi dzɔe ale gbegbe be wògblɔ be: “Esia enye ƒu tso nye ƒu me kple lã tso nye lã me.” Nyɔnuwo ƒe nɔnɔme si le Xawa, nyɔnu deblibo la, si na be eƒe nu nyo ame ŋu ŋutɔ. Eye ŋutsuwo ƒe bubu si le Adam, ŋutsu deblibo la, ŋu na be wòdze be woade bubu eŋu. Wonye kpeɖeŋutɔ na wo nɔewo. Biblia gblɔ be: “Eyaŋuti ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.”—Mose I, 2:18-24.

Gake egbea la, ƒomewo le gbagbãm, eye zi geɖe la, ŋutsuwo kple nyɔnuwo sẽa ŋuta le wo nɔewo ŋu alo wɔa nu ɖokuitɔdiditɔe. Hoʋiʋli si le ŋutsuwo kple nyɔnuwo dome he masɔmasɔ kple dzrehehewo vɛ. Esiawo katã mewɔ ɖeka kple Mawu ƒe tameɖoɖo na ŋutsu kple nyɔnu o. Wowɔ ŋutsu be wòanɔ ɖoƒe vevi aɖe le anyigba dzi. Wowɔ nyɔnu hã be wòanye kpeɖeŋutɔ si sɔ na ŋutsua. Ðe wowɔ wo be woawɔ nu ɖekae. Tso esime wowɔ amegbetɔwo la, ŋutsu kple nyɔnu mawuvɔ̃lawo dze agbagba nuteƒewɔwɔtɔe be yewoawɔ nu wòasɔ kple ɖoƒe si Yehowa da yewo ɖo la, eye esia na wokpɔ dzidzɔ kple dzidzeme geɖe. Ðoƒe kawoe, eye aleke míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe wo nui?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Wowɔ ŋutsu kple nyɔnu be woanɔ ɖoƒe siwo ŋu bubu le le Mawu ƒe ɖoɖowo me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe