Exlẽlawo Bia Be . . .
Ðe Wòle Be Nàxɔ Mawuɖekaetɔ̃ Dzi Ase Hafi Woayɔ Wò Be Kristotɔa?
▪ Sekɛndrisuku nusrɔ̃gbalẽ aɖe si wota le ƒe 2007 me la ɖɔ Yehowa Ðasefowo be woawo koe nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha si ƒe nufiafiawo wɔ ɖeka kple Biblia pɛpɛpɛ. (World Religions in Denmark) Le nyateƒe me la, Yehowa Ðasefowoe nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha gã etɔ̃lia le Denmark.
Ke hã, Denmark Dukɔa Ƒe Sɔlemeha ƒe bisiɔp aɖe he nya ɖe agbalẽ sia ŋlɔla ŋu vevie be mɔ ka wòkpɔ ade Ðasefowo ƒe ŋkɔ agbalẽa me hã. Nu ka tae? Bisiɔp la gblɔ be: “Nyemekpɔ ke ɖe mawunyaŋutinunyala aɖeke si da asi ɖe edzi be Kristotɔwoe [Yehowa Ðasefowo] hã nye la ŋu haɖe o. Womexɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se o, evɔ eyae nye Kristotɔwo ƒe nufiafiawo ƒe ke.”
Agbalẽa ŋlɔla, Annika Hvithamar, si nye mawusubɔsubɔ ŋuti nufialagã la, ɖe nu me be esesẽna ŋutɔ hafi woake ɖe ame aɖe ŋu wòagblɔ be esi yexɔ Mawuɖekaetɔ̃ dzi se tae yebua ye ɖokui Kristotɔ ɖo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, woɖe nu me le agbalẽa ƒe tanya sue si nye “Kristotɔe Nènyea?” te be: “Mawuɖekaetɔ̃ nye dzixɔse siwo gɔmeɖeɖe sesẽna na Kristotɔwo ƒe mawunyaŋutinunyalawo la dometɔ ɖeka.” Egblɔ kpee be: “Tso gbe aɖe gbe ke la, esesẽna be woana Kristotɔ siwo mede osɔfosuku o la nase nu si tae mawu etɔ̃ naganye mawu ɖeka la gɔme.”
Nu si Biblia fia tso Mawu kple Yesu ŋu la me kɔ ƒãa. Egɔmesese mesesẽ o. Nya “Mawuɖekaetɔ̃” alo eŋuti nufiafia aɖeke medze le Mawu ƒe Nya la me o. Biblia gblɔ tẽ be Yesu Kristoe nye Mawu ƒe ŋgɔgbevi. (Kolosetɔwo 1:15) Egblɔ hã be Yesu nye “avuléla ɖeka, si le Mawu kple amegbetɔwo dome.” (1 Timoteo 2:5) Biblia gblɔ tso Fofo la ŋu be: “Ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!”—Psalmo 83:19.
Yehowa Ðasefowo nyae be Yesu dzi xɔxɔse le vevie ŋutɔ. (Yohanes 3:16) Esia tae wowɔna ɖe Yesu ƒe sedede sia dzi ɖo, be: “Woŋlɔ ɖi be, ‘Yehowa wò Mawu ye wòle be nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe wòle be nàwɔ subɔsubɔdɔ kɔkɔe na.’” (Mateo 4:10) Kakaɖedzitɔe la, woate ŋu ayɔ ame siwo dzea agbagba wɔna ɖe Yesu ƒe sededewo dzi la be Kristotɔwo.
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]
“Mawuɖekaetɔ̃ nye dzixɔse siwo gɔmeɖeɖe sesẽna na Kristotɔwo ƒe mawunyaŋutinunyalawo la dometɔ ɖeka”