INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 2/1 axa 21
  • Ðe Mawu Wɔa Nu Emegbe Wòvenɛa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Mawu Wɔa Nu Emegbe Wòvenɛa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Baal Subɔsubɔ—Enye Aʋa Israel-Viwo Wɔ Le Woƒe Dzime
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Subɔ Yehowa, Mèganɔ Veve Sem Le Nu Siwo Dzɔ Va Yi Ta O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 2/1 axa 21

Te Ðe Mawu Ŋu

Ðe Mawu Wɔa Nu Emegbe Wòvenɛa?

ƲƆNUDRƆ̃LAWO 2:11-18

ESI míenye amegbetɔ madeblibowo ta la, mí katã míewɔa nu emegbe wòvea mí. Le kpɔɖeŋu me, ne míewɔ nane emegbe míekpɔe be menye nenemae míawɔe hafi o la, evea mí. Nukutɔe la, Biblia gblɔ be Yehowa hã wɔa nu emegbe wòvenɛ. Ðewohĩ àgblɔ be, ‘Gake Mawu ya de blibo ɖe! Ðe wòate ŋu awɔ vodadaa?’ Gɔmesese ka nue Mawu wɔa nu emegbe wòvenɛ le? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míase nyateƒenya wɔnuku aɖe gɔme: Seselelãme le Yehowa si, eye míaƒe nuwɔnawo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe seselelãme dzi. Bu nya siwo le Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-18 ŋu kpɔ.

Biblia gbalẽ si nye Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖe si me nuwo menɔ edzi yim na Israel viwo nyuie o la ŋu. Fifia la, dukɔa le Kanaan, si nye anyigba si ƒe ŋugbe Mawu do na Abraham la dzi. Le ƒe alafa geɖe siwo kplɔe ɖo me la, míate ŋu ama ale si nuwo nɔ edzi yim na Israel viwo la ɖe akpa ene me: wodzea aglã ɖe Mawu ŋu, woƒe futɔwo tea wo ɖe anyi, woɖea kuku na Mawu, eye Mawu xɔna na wo.a

Wodze aglã. Kanaantɔwo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe Israel viwo dzi eye “wogblẽ Yehowa ɖi” hetrɔ ɖe mawu bubuwo ŋu, vevietɔ “Baal kple Astarot.”b Aglãdzedze sia nye xɔsegbegbe nuwɔna. Mewɔ nuku o be woƒe nuwɔna sia “do dɔmedzɔe na Yehowa,” Mawu si ɖe wo tso Egipte la.​—Kpukpui 11-13; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:1.

Wote wo ɖe anyi. Esi dukɔa trɔ megbe de Yehowa la, edo dɔmedzoe le dzɔdzɔenyenye me, eye wòɖe eƒe ametakpɔkpɔ ɖa le wo dzi. Israel viwo ‘ge ɖe woƒe futɔwo si me,’ eye woda dzo wo.​—Kpukpui 14.

Woɖe kuku. Esi Israel viwo ɖo xaxa me la, wose veve ɖe woƒe nugbegblẽwɔwɔa ta, eye wodo ɣli yɔ Mawu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Woƒe “hũɖeɖe le fuɖenametɔwo” ta ɖe ale si gbegbe woƒo koko na Mawui la fia. (Kpukpui 18) Aleae wòdzɔna zi geɖe. (Ʋɔnudrɔ̃lawo 3:9, 15; 4:3; 6:6, 7; 10:10) Aleke Mawu wɔ nu ɖe woƒe kokoƒoƒoawo ŋui?

Woxɔ na wo. Yehowa se Israel viwo ƒe hũɖeɖe eye eƒe “dɔme trɔ ɖe wo ŋu.” Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be eƒe “dɔme trɔ ɖe wo ŋu” la fia be “evee be yegblẽ wo ɖi,” alo be “etrɔ eƒe susu le ale si wògblẽ wo ɖi la ŋu.” Nyagɔmeɖegbalẽ aɖe gblɔ be: “Woƒe hũɖeɖea wɔ dɔ ɖe Yehowa dzi wòtrɔ susu le tohehe si nam wòle wo la ŋu hexɔ na wo.” Le eƒe nublanuikpɔkpɔ me la, Yehowa ‘ɖo ʋɔnudrɔ̃la na’ eƒe dukɔ la bene wòaɖe wo tso woƒe futɔwo si me.​—Kpukpui 18.

Ède dzesi nu si ʋã Mawu wòse veve alo trɔ susua? Esi dukɔa trɔ nɔnɔme tae. Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Vifofo lɔ̃ame aɖe ate ŋu ahe to na via si wɔ nu gbegblẽ, ɖewohĩ to mɔnukpɔkpɔ aɖewo xɔxɔ le esi me. Gake ne vifofoa va kpɔe be ɖevia trɔ dzi me ŋutɔŋutɔ la, aɖoe be yeadzudzɔ toa hehe nɛ.

Nu kae míesrɔ̃ tso Yehowa ŋu le nudzɔdzɔ sia me? Edoa dziku ɖe ame si ɖoe koŋ wɔ nu vɔ̃ ŋu, gake ekpɔa nublanui ne amea trɔ dzi me. Ele be míanyae be míaƒe nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe Mawu ƒe seselelãme dzi. Ðe manyo be nàsrɔ̃ ale si nàwɔ nu ‘wòado dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi’ oa? (Lododowo 27:11) Ne èwɔe nenema la, mave wò akpɔ gbeɖe o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:11-18 nye ŋgɔdonya si to ale si Israel viwo wɔ nui ƒe ŋutinya ɖe eme la ƒe akpa ɖe; woɖe woƒe nuwɔnawo me tsitotsito le ta siwo kplɔe ɖo me.

b Kanaantɔwo ƒe mawu vevitɔe nye Baal, eye wobu Astarot, si nye mawunɔ la be enye Baal srɔ̃.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe