INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 3/1 axa 16-17
  • Adzakpo Le Alilikpo Me

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Adzakpo Le Alilikpo Me
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míeɖoe Kplikpaa Be Míawɔ Míaƒe Subɔsubɔdɔa Ade Goe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 3/1 axa 16-17

Lɛta Aɖe Si Tso Papua New Guinea

Adzakpo Le Alilikpo Me

EƑO ŋdi ga atɔ̃ le Lae, Papua New Guinea, le Braɖa aɖe gbe. Ya menɔ ƒoƒom o. Mía kple srɔ̃nye míele dzadzram ɖo be míayi aɖasrã Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe kpɔ le Lengbati, si le Rawlinson Toa dzi le Morobe nutoa me.

Miniti 30 pɛ koe míezɔ mɔ sia le yameʋu sue aɖe si tsɔa ame ene ko la me. Ne mezɔ mɔ siawo tɔgbi zi geɖe la, yameʋukulaa xae menɔna eye togbɔ be yameʋua nɔa gbe ɖem sesĩe hã la, míete ŋu ɖoa dze to nyasemɔ si woɖɔna ɖe to dzi. Azɔ yameʋukula nɔ dɔ siwo yameʋua ŋutinu vovovowo wɔna la me ɖem nam hegblɔ fefetɔe be ne nane dzɔ ɖe ye dzi la, ekema nyee aku yameʋua. Enumake meɖo ŋku nane si dzɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzikpɔla mɔzɔla aɖe dzi le Papua New Guinea afi sia la dzi. Lãme va gblẽ na yameʋu si woɖo la kula, gake hafi wòayi ɖi me la, ete ŋu na yameʋua nɔ xlã ƒom le yame va se ɖe esime eƒe ŋku me kɔ hafi wòna yameʋua dze. Dzidzɔtɔe la, naneke medzɔ le míaƒe mɔzɔzɔa ya me o.

Fifia, yameʋua va nɔ zɔzɔm to to siwo tsia ɖe wo nɔewo nu la kasa, eye enumake míetrɔ to alilikpoa me va to toawo dometɔ ɖeka si kɔkɔ ŋutɔ la tame, eye dometsotso si nɔ yameʋua kple toa dome la nɔ abe meta 100 ko ene. Bexɔ siwo mimi ɖe wo nɔewo ŋu le Lengbati kɔƒea mee nye ema le dzedzem le mía ŋgɔ. Yameʋukulaa nɔ anyigba kpɔm henɔ ŋku lém ɖe afi si yameʋua adze ɖo la ŋu be yeaka ɖe edzi be ele nɔnɔme nyui me, eye be ɖeviwo mele bɔl ƒom le afi ma o. Enɔ ŋku lém ɖe eŋu hã be yeakpɔe ɖa be hawo va ɖe do ɖe afi ma tso esime yeva dze ɖii zi mamlɛtɔ hã. Esi wòtrɔ ɖo ta balia me la, egblɔ be “teƒea nyo, míate ŋu adze ɖi.” Míegaƒo xlã le yame vie heɖiɖi dze ɖe teƒe sue si kɔƒea me tɔwo ɖe ɖe toa ŋu bene yameʋu nanɔ dzedzem ɖi, si wogbugbɔ do nyitsɔ laa la dzi; adzakpo xoxo aɖe si va zu akalokpe, si woka le to aɖe si tsɔ ɖe afi ma gbɔ ŋu lae wogbã tsɔ doe.

Zi mamlɛtɔ si meva afi sia la, mekpɔe wogbã adzakpo xoxo sia si zu akalokpe la kɔ ɖi, eye menɔ eŋu bum be manye egbee to siawo le afi sia o. Wò ya de ŋugble tso ŋusẽ si gbegbe tutu adzakpo xoxo sia si didi kilometa alafa geɖe la tso atsiaƒu te va da ɖe afi sia si kɔkɔ kilometa ene sɔŋ, si anya sɔ kple atsiaƒu ƒe kɔkɔme tsã, la ŋu kpɔ! Esi míeɖi le yameʋua me, eye mekpɔe be adzakpo xoxo si zu akalokpe, si wogbã kɔ ɖi lae wotsɔ do teƒe si yameʋua dze ɖo le toa dzi la, meyɔe be adzakpo le alilikpo me.

Abe ale si wòdzɔna zi geɖe ene la, kɔƒea me tɔwo ƒu du tso teƒeteƒewo va do esi wose yameʋua ŋkɔ wòva dzedze ge. Esi yameʋukulaa tsi dzoa la, mekpɔ ŋutsu aɖe wòdo tso amehaa dome gbɔna yameʋua gbɔ. Eŋkɔe nye Zung. Enye ŋutsu siwo wotia be woakpɔ nufiafia ɖoɖo siwo me Yehowa Ðasefowo kpɔa gome le le xexea me godoo kwasiɖa sia kwasiɖa la dzi le kɔƒea me dometɔ ɖeka. Wonyae nyuie be enye ame ɖɔʋu kple anukwareɖila si dzi amewo kana ɖo. Egblɔ be agbenɔnɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo nue kpe ɖe ye ŋu nenema. Esi míelɔ̃ gbe hena asi mía nɔeawo vɔ la, mía kple Zung kpakple Ðasefo bubuwo míeɖi abu vie. Ðeviwo kplɔ mí ɖo hoo henɔ míaƒe akplowo ʋlim le wo nɔeawo dome.

Mieva ɖo atixɔ sue si Ðasefo siwo le nutoa me tu na dzikpɔla mɔzɔla si ava srã wo kpɔ ɣleti ade ɖe sia ɖe la gbɔ. Togbɔ be Papua New Guinea nye dukɔ si le anyigba xɔdzo dzi hã la, xexea me fana miamiamia le afi sia, le esi wònye to dzi ta. Ne míesi akaɖigbɛ le zã me la, mekpɔa alilikpoawo—siwo xɔa toa tame keŋ le ŋdɔ me la—wonɔa míaƒe atixɔa ƒe afi siwo mexe nyuie o la tom nɔa gegem ɖe eme. Ewɔ nuku be míefɔ awu titriwo kpla, evɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko do ŋgɔ la, fifia nɔ mía tem le ƒutadu xɔdzo si me míetso va la me.

Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe domedome lɔƒo la, Yehowa Ðasefowo srɔ̃ Biblia kple ŋutsu aɖe si tso kɔƒe sia me la le Lae. Esi wòtrɔ gbɔ va kɔƒea me la, woa kple ame bubuwo wotu xɔ sue aɖe si me wowɔa kpekpe le, si gbɔ womelɔ̃a nu le o. Luther sɔlemeha si le nutoa me ƒe osɔfo kple eŋumewo va tɔ dzo xɔa wòfiã keŋkeŋ. Wogblɔ dadatɔe be Luthertɔwo ƒe nutoe afi sia nye, eye be yewomegale subɔsubɔha bubu aɖeke dim o. Gake togbɔ be wotsi tsitre ɖe Ðasefoawo ŋu hã la, wogbugbɔ tu kpekpewɔƒe bubu tso ɣemaɣi ke, eye wodzi ɖe edzi va ɖo nya nyuia ƒe gbeƒãɖela dovevienu 50 sɔŋ. Ame siwo tsi tsitre ɖe Ðasefoawo ŋu tsã la dometɔ aɖewo va wɔ ɖeka kpli wo azɔ hele gome kpɔm le woƒe dɔwɔnawo me dzonɔamemetɔe.

Le ɣeyiɣi siawo me la, kɔƒea me tɔwo lɔ̃na faa xɔa Yehowa Ðasefo siwo vaa wo gbɔ be yewoafia nu wo tso Biblia me la zi geɖe. Togbɔ be ame ʋɛ aɖewo koe nya nuxexlẽ le kɔƒea me hã la, Ðasefoawo ya dometɔ akpa gãtɔ srɔ̃ nuxexlẽ bene yewoate ŋu aɖe gbeƒã Biblia me gbedeasia na amewo. Ame abe 200 sɔŋ enee dea kpekpe siwo wowɔna le Fiaɖuƒe Akpata me kwasiɖa sia kwasiɖa.

Eletrik kaɖi mele kɔƒea me o. Le fiẽsiwo me la, mí katã míeƒoa ƒu ɖe dzokpo gbɔ le aƒe si me woɖa nu le na mí. Míeɖua nu, ɖoa dze, hekoa nu ɖekae. Dzidzɔ si le Yehowa subɔsubɔ me la dzena le mía nɔvi siawo ƒe mo, si dzokpoa me dzo klẽna ɖo wònɔa dzedzem nyuie. Ne zã le tsitsim la, wo dometɔ aɖewo ɖea akakati le dzokpoa me hekpɔa mɔ be anɔ bibim vivivi yewoatsɔ akpɔ nu ato gbememɔawo ayi yewoƒe aƒewo me.

Ne míetrɔ gbɔna aƒe si me míedze me la, nutoa me zia ɖoɖoe toŋtoŋ. Xeviwo kple dzɔdzɔmenu bubuwo ƒe ŋkɔ koe míesena. Hafi míamlɔ anyi la, míeléa ŋku ɖe dziŋgɔli si kɔ nyuie la ŋu, eye ɣletivi gbogbo siwo gbegbe míete ŋu kpɔna le toa dzi afi sia la wɔa dɔ ɖe mía dzi ŋutɔ.

Esiae nye zã mamlɛtɔ si míagase fafa ƒe vivi le to siwo kɔ ɖo alilikpowo me le Lengbati afi sia la dzi. Kwasiɖa ɖeka va yi kaba ŋutɔ; míele mɔ kpɔm be míaƒe yameʋua atrɔ ava etsɔ, eye míagatrɔ ayi míaƒe ƒutanuto xɔdzoa me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe