Ènyaa?
Nu ka tae Yesu gblɔ be “ame aɖeke mekɔa wain yeye ɖe waingolo xoxowo me o”?
▪ Enye nu si bɔ le Biblia ŋlɔɣiwo be wokɔa wain ɖe lãgbalẽgolowo me. (Yosua 9:13) Aƒemelãwo, abe gbɔ̃ ene, ƒe agbalẽ bliboe wotsɔna wɔa lãgbalẽgolo siawoe. Ne wowu lãa heɖe ta kple afɔwo le eŋu vɔ la, womekonɛ o, ke boŋ wotrea ayia le eŋu aɖaŋutɔe. Woƒlɔa fu le eŋu wòzua lãgbalẽ, eye wotɔa teƒe siwo katã woɖe eƒe ta kple afɔwo le la nu hegblẽa ɖeka ko ɖi be wòanye goloa ƒe nu gbɔ. Wotsɔa nu tua enu alo tsɔa ka blanɛ.
Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, lãgbalẽa va ƒuna ale gbegbe be megate ŋu dena o. Eya ta mesɔ be woakɔ wain matsimatsi ɖe lãgbalẽgolo xoxo me o. Ne menye nenema o la, ne ahaa va le tsitsim la, lãgbalẽgolo xoxo si megate ŋu le dedem o la awó. Gake esi lãgbalẽgolo yeye te ŋu dena ta la, mate ŋu awó ne wain yeyea va le tsitsim o. Eya ta nane si ŋu ame geɖe nya nu tso nyuie le eƒe ɣeyiɣia me la ŋue Yesu ƒo nu tso. Egblɔ nu si adzɔ ne wokɔ wain yeye ɖe lãgbalẽgolo xoxo me la be: “Ekema wain yeye la ana goloawo nawó, eye wòaƒu gbe, eye waingoloawo dome agblẽ. Ke boŋ ele be woakɔ wain yeye ɖe waingolo yeyewo me.”—Luka 5:37, 38.
Ame kawoe nye amewula siwo ŋu woƒo nu tsoe esime Romatɔwo lé Paulo?
▪ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa ɖee fia be esi ʋunyaʋunya aɖe dzɔ le Yerusalem gbedoxɔa me la, Roma srafowo ƒe amegã aɖe lé Paulo ɖade gaxɔ me le esi wòsusui be eyae xɔ ŋgɔ na “amewula akpe ene” siwo dze aglã ɖe dziɖuɖua ŋu la ta. (Dɔwɔwɔwo 21:30-38) Ame kawoe nye amewula siawo?
Helagbe me nya si gɔme woɖe le afi sia be “amewula” la fia adekpuidalawo alo hɛdalawo. Ƒe alafa gbãtɔ me ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be adekpuidala siawo nye Yudatɔ dulɔ̃la zazɛ̃nyahela siwo tsi tsitre ɖe Roma dziɖuɖua ŋu kutɔkutɔe, eye woɖoa nugbe ɖe woƒe futɔwo ŋu hewua wo.
Josephus gblɔ be adekpuidala siawo “wua ame ŋudɔkutsu dzatsɛ, eye wowɔa esia le dutoƒo le azãɖuɣiwo ne wotsaka kple amehawo; woɣlaa adekpui alo hɛ kpuiwo ɖe woƒe awuwo me hetsɔna tɔa woƒe futɔawo le adza me.” Ne adekpuidala siawo tɔ nu ame aɖe wòdze anyi la, wowɔa aye doa dziku ne amewo naganya be yewoe wu amea o. Josephus gblɔ be adekpuidala siawo wɔ akpa vevi aɖe le aglã si Yudatɔwo dze ɖe Romatɔwo ŋu le ƒe 66-70 M.Ŋ. me la me. Eya ta mewɔ nuku o be Roma srafomegãa dze agbagba vevie lé ame si wòsusu vodadatɔe be enye amewula siawo ƒe ŋgɔnɔla la de ga.
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Adekpuidala aɖe ƒe nɔnɔmetata
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Lãgbalẽgolo xoxo aɖe