INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 3/1 axa 26-29
  • Mɔzɔzɔ Yi Mediterranea Ƒua Godo Le Blema

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔzɔzɔ Yi Mediterranea Ƒua Godo Le Blema
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Foiniketɔwo Ƒe Ƒudzimɔzɔzɔ Gbãtɔwo
  • Pytheas Zɔ Ƒudzimɔ Yi Dziehe Gome
  • Ede Brittany, Britain, Kple Teƒe Bubuwo
  • Du Bubuwo Nyanya
  • ‘Tarsistɔwo Ƒe Tɔdziʋuwo’ Ƒe Dodo Kple Woƒe Anyidzedze
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Ðe Nya Nyui Gblɔlawo Ðo Keke Ɣedzeƒenutowo Me Kea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Herodotus
    Nyɔ!—2015
  • “Mia Dometɔ Aɖeke Mabu Eƒe Agbe O”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 3/1 axa 26-29

Mɔzɔzɔ Yi Mediterranea Ƒua Godo Le Blema

Egbea la, amewo mebua yameʋuɖoɖo ayi ƒu godo nu gã aɖekee o. Ðe wòawɔ nuku na wò be amewo zɔ mɔ didiwo le Biblia ŋlɔɣiwo ke gɔ̃ hã?

ANƆ abe ƒe 1,000 ene do ŋgɔ na Kristo dzidzi la, Fia Salomo kpa tɔdziʋu geɖe siwo zɔ mɔ kple Tiro fia ƒe tɔdziʋuwo yi ɖahe kesinɔnuwo tso dukɔ didiwo me va Israel. (1 Fiawo 9:26-28; 10:22) Le ƒe alafa asiekelia D.M.Ŋ. me la, nyagblɔɖila Yona ɖo tɔdziʋu tso Mediterranea ƒua nu le Yopa, si le Israel, ƒe melidzeƒe ɖo ta Tarsis.a (Yona 1:3) Le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me la, apostolo Paulo ɖo tɔdziʋu tso Kaisarea, si le Israel, yi ɖe Puteoli si nye egbegbe Pozzuoli, si le Naples ƒe Adɔ̃ dzi le Italy.—Dɔwɔwɔwo 27:1; 28:13.

Ŋutinyaŋlɔlawo nya be le Paulo ƒe ŋkekeawo me la, asitsalawo ɖoa tɔdziʋu tso Mediterranea ƒua nu enuenue toa Ƒudzĩa dzi yia India, eye be le ƒe alafa evelia ƒe domedome lɔƒo la, wo dometɔ aɖewo de keke China ke.b Ke nu kae míenya tso ame siwo zɔ mɔ to Mediterranea ƒua dzi yi ɣetoɖoƒe gome le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na ema me la ŋu? Afi ka kee blema ƒudzimɔzɔla mawo te ŋu de le ɣetoɖoƒe gome?

Foiniketɔwo Ƒe Ƒudzimɔzɔzɔ Gbãtɔwo

Ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na Paulo ƒe ɣeyiɣiawo la, ƒudzimɔzɔlawo tsaa asi kple Ɣetoɖoƒedukɔ aɖewo. Nyatakakawo ɖee fia be Foiniketɔwo, siwo nɔ afi si nye egbegbe Lebanon la, zɔ mɔ ɖo Atlantik ƒua ƒe nutowo me le ƒe 1200 D.M.Ŋ. me. Le ƒe 1100 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, wotso du si nye Gadir, si nye Spain ƒe melidzeƒedu si woyɔna be Cádiz egbea la le Gibraltar ƒe tɔʋu lɛɛ la ƒe dzigbe gome pɛe. Adzɔnu siwo nɔ afi ma la dometɔ aɖewoe nye klosalo, si wokuna le afi ma, kple gaɣi si asitsala siwo toa Atlantik ƒua dzi la hena vanɛ.

Helatɔ ŋutinyaŋlɔla Herodotus gblɔ be le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me la, Egipte Fia Farao Nexo ƒo Foiniketɔwo ƒe tɔdziʋu gbogbo aɖewo, siwo me Foiniketɔ ƒudzidelawo nɔ la, nu ƒo ɖe Ƒudzĩa nu. Woƒe taɖodzinue nye be yewoaƒo xlã Afrika tso ɣedzeƒe va ɖo ɣetoɖoƒe.

Foiniketɔwo dea Afrika ƒe ƒutanutowo me ƒe alafa geɖewo do ŋgɔ na ɣeyiɣi mawo. Ke hã, le ya kple ƒu tsotsoe sesẽwo ta la, anɔ eme be menɔa bɔbɔe na ƒudzimɔzɔlawo be woato Atlantik Ƒua dzi ayi ɖe Afrika ƒe anyiehe gome ɖaa o. Le Herodotus ƒe nya nu la, Foiniketɔwo dze woƒe mɔzɔzɔa gɔme tso Ƒudzĩa nu, eye woto India ƒu gã gbanaa si le Afrika ƒe ɣedzeƒe la dzi ɖo ta anyiehe gome. Le ƒea ƒe domedome lɔƒo la, wova ɖi go ɖe afi aɖe, de agble, eye wolala nukuawo tsi woŋe hafi gayi woƒe mɔzɔzɔa dzi. Herodotus ka nya ta be le ƒe etɔ̃lia me la, wote ŋu ƒo xlã Afrika bliboa kaka gava do ɖe Mediterranea ƒua dzi, eye wotrɔ yi Egipte.

Herodotus gblɔ le eƒe nyataƒonya me be esesẽ na ye be yeaxɔ Foiniketɔwo ƒe nyatakaka aɖewo dzi ase, siwo dometɔ ɖekae nye be esi yewova ɖo Afrika ƒe anyiehe ƒe yɔyrɔenu la, yewokpɔ ɣea le yewoƒe ɖusime le ŋdɔ ga 12 me. Le nyateƒe me la, anya sesẽ na blema Helatɔ be wòaxɔ nya ma dzi ase. Nu si tae nye be, ame si nɔ anyigbamemãflia ƒe dziehe gome le eƒe agbemeŋkekeawo katã me la kpɔa ɣea le anyiehe gome ne ŋdɔ ga 12 ƒo. Eya ta ne amea ɖo ta ɣetoɖoƒe la, ɣea nɔa eƒe miame. Gake le Cape of Good Hope, si le anyigbamemãflia ƒe anyiehe gome dzi la, wokpɔa ɣea le dziehe gome ne ŋdɔ ga 12 ƒo, eye ame si ɖo ta ɣetoɖoƒe la kpɔnɛ le eƒe ɖusime.

Herodotus ƒe nuŋlɔɖiawo zu nyaʋiʋli le ŋutinyaŋlɔlawo dome ƒe alafa geɖewoe nye esia. Asesẽ na ame geɖe be woaxɔe ase be ƒudzimɔzɔlawo te ŋu ƒo xlã Afrika bliboa le blemaɣeyiɣi mawo me ke. Ke hã, agbalẽnyalawo ka ɖe edzi be Farao Nexo dɔ Foiniketɔwo ɖe mɔzɔzɔ sia gbe nyateƒe, eye be woate ŋu akpɔ dzidzedze, le aɖaŋu kple nunya siwo nɔ anyi ɣemaɣi nu. Ŋutinyaŋlɔla Lionel Casson gblɔ be: “Kakaɖedzi blibo li be woate ŋu azɔ mɔ ma tɔgbi. Naneke meli si ta woake ɖi be Foiniketɔwo mate ŋu azɔ mɔ ma le ale si Herodotus ɖɔe nu, kple le ɣeyiɣi ƒe didime si wògblɔ be wozã me o.” Míenya ne Herodotus ƒe nyawo katã nye nyateƒe ya o. Gake ena míenya nu tso agbagba siwo amewo dze hezɔ mɔ to ƒu dzi yi teƒe didi siwo womenya ɣemaɣi o la ŋu.

Pytheas Zɔ Ƒudzimɔ Yi Dziehe Gome

Menye Foiniketɔwo koe zɔ mɔ tso Mediterranea nutowo me va ɖo ɣetoɖoƒe gome le Atlantik Ƒua dzi o. Dukɔ siwo nɔ Hela ƒe ŋusẽ te le Mediterranea nutoawo me, siwo Hela ƒudzimɔzɔlawo tsa asi kpli la dometɔ ɖekae nye Massalia, si nye egbegbe Marseilles si le France. Dua kpɔ dzidzedze ŋutɔ le eƒe asitsatsa to ƒu dzi kple anyigbamɔwo dzi siaa ta. Asitsalawo tsɔa wain, ami, kple gadzẽ tsoa Massalia, le Mediterranea nutoa me, yina ɖe dziehe gome, eye ne wotrɔ gbɔna la, wotsɔa gayibɔ ƒomevi vovovowo kple ambakpewo vanae. Ðikeke mele eme o be Massaliatɔwo di vevie be yewoanya dukɔ siwo me nu mawo tsona. Eya ta le ƒe 320 D.M.Ŋ. me lɔƒo la, Massaliatɔ Pytheas zɔ mɔ be yeayi aɖakpɔ dukɔ mawo siwo le dziehe kekeake la ɖa.

Esi Pytheas trɔ gbɔ la, eŋlɔ agbalẽ aɖe tso eƒe mɔzɔzɔa ŋu, si wòna ŋkɔe be: Le Atsiaƒu Gã Gbanaa La Dzi. Togbɔ be agbalẽ si eya ŋutɔ ŋlɔ le Helagbe me la megali fifia o hã la, blemaŋutinyaŋlɔla 18 ya teti yɔ nya tso eme. Nya siwo woyɔ tso eƒe agbalẽa me la ɖee fia be Pytheas ƒo nu tso atsiaƒuwo, ƒutsotsoewo, nutowo, kple ame siwo le teƒe siwo wòɖi tsa yi la ŋu tsitotsito. Enɔ te ɖe nudzidzeti tɔxɛ aɖe ƒe vɔvɔli le ŋdɔ ga 12 me dzi bu akɔnta tso mɔ si wòzɔ yi dziehe kekeake ma la ƒe didime ŋu.

Pytheas tsɔ ɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me ŋutɔ. Gake edze ƒãa be manye numekuku wɔwɔ tso dzɔdzɔmeŋutinunya ŋu koŋ tae wòzɔ mɔa ɖo o. Agbalẽnyalawo gblɔ be Massaliatɔ asitsalawoe dɔe be wòadi ƒudzimɔ si woato ayi ƒutadu mawo siwo me wonya be yewoake ɖe ambakpe kple gaɣi ŋu le la me. Ke teƒe kawoe Pytheas de?

Ede Brittany, Britain, Kple Teƒe Bubuwo

Edze abe Pytheas zɔ mɔ ƒo xlã Iberia kaka va to Gaul ƒuta heyi Brittany, afi si woɖi go le ene. Ale si míewɔ nyae nye be, eƒe nuŋlɔɖi siwo ƒo nu tso afi si ɣea nɔna le ŋdɔ ga 12 me ŋu, si dze ƒãa be anya ɖi go hafi dzidzee la, sɔ kple teƒe si tututu ɣea nɔna le ŋdɔ ga 12 me le Brittany ƒe dziehe.c

Ame siwo nɔ Brittany la nye tɔdziʋukpala bibiwo kple ƒudzidɔwɔla siwo tsa asi kple Britain. Teƒe bubu si Pytheas gaɖo tae nye Cornwall, si nye Britain ƒe anyieheɣetoɖoƒe ƒe yɔyrɔenu, afi si gaɣi, si woɖena tso gadzẽ me la, bɔ ɖo. Anya zɔ mɔ ƒo xlã Britain ƒukpoa, elabena eƒe nuŋlɔɖia ƒo nu tso eƒe lolome kple ale si wòle dzogoe etɔ̃ me la ŋu.

Togbɔ be teƒeteƒe siwo Pytheas zɔ mɔ to mele nyanya tututu o hã la, anya zɔ to Britain kple Ireland dome heva ɖi go ɖe Man Ƒukpo suea dzi, elabena dzidzeme evelia si Pytheas na ku ɖe afi si ɣea nɔna ne ŋdɔ 12 ƒo ŋu la sɔ kple ƒukpo sia dzi tɔ. Eƒe dzidzeme etɔ̃lia sɔ kple Lewis, si le Outer Hebrides, le Scotland ƒe ɣetoɖoƒe ƒutanutowo me la tɔ, si fia be afi mae wòanya dzidzee le. Tso afi ma la, anya yi Orkney Ƒukpowo dzi le Scotland ƒe dziehe lɔƒo, elabena Pliny Tsitsitɔ yɔ nya tso Pytheas ƒe nuŋlɔɖiawo me be du 40 sɔŋ ye ƒoƒu wɔ ƒukpo mawo.

Pytheas ŋlɔ be, le ŋkeke ade ƒe mɔzɔzɔ to Britain ƒe dziehe gome megbe la, yeva ɖo Thule. Ale si Pytheas ɖɔ Thule la wɔe be blema agbalẽŋlɔla geɖewo yɔe be anyigba si dzi ŋdɔ ʋuna le zãtiƒe le. Eŋlɔ hã be ne wozɔ ŋkeke ɖeka ƒe ƒudzimɔ tso afi ma la, woava ɖo teƒe si atsiaƒua “zua tsikpe” le. Afi si tututu Thule si ŋu Pytheas ƒo nu tso le la zu nyaʋiʋli le ŋutinyaŋlɔlawo dome—wo dometɔ aɖewo be ele Faeroe Ƒukpoawo dzi, bubuwo be ele Norway, eye bubuwo hã be ele Iceland. Afi ka kee Thule ɖanɔ o, blema ŋutinyaŋlɔlawo ka ɖe edzi be enye “du siwo wona ŋkɔe ɣemaɣi la dometɔ si nɔ dziehe kekeake.”

Anɔ eme be Pytheas trɔ to mɔ si wòto dzo le Britain la hetrɔ gbɔ va afi ma, eye wòva wu eƒe xlãƒoƒo ƒukpoa nu. Míenya ne eyi Europa ƒe dziehe ƒutanuto vovovowo me hafi trɔ gbɔ va Mediterranea nutoawo me o. Aleke kee wòɖa le o, Pliny Tsitsitɔ gblɔ be Pytheas de nuto siwo me wokena ɖe ambakpe ŋu le la me. Le blemaɣeyiɣi mawo me la, wokena ɖe kpe xɔasi ma ŋu le Jutland, si nye egbegbe Denmark ƒe akpa aɖe, kple Baltik Ƒua ƒe anyiehe ƒutanutowo me. Le nu siwo míenya nu la, Pytheas megblɔ be ye ŋutɔ yede nuto mawo me o, gake ate ŋu ase wo ŋu nya ne eyi Britain ƒe ɣedzeƒe melidzeƒeawo dometɔ ɖe sia ɖe.

Ame bubu si hã zɔ mɔ yi Mediterranea ƒua godo, si ƒe nuŋlɔɖiwo fia be ede Britain lae nye Julius Caesar, si ɖi go ɖe ƒukpo sia ƒe anyiehe gome le ƒe 55 D.M.Ŋ. me. Kaka ƒe 6 M.Ŋ. naɖo la, Romatɔ aɖewo de keke Jutland ƒe dziehe ke.

Du Bubuwo Nyanya

Foiniketɔwo kple Helatɔwo tso Mediterranea nutoawo me de teƒe siwo menɔ nyanya ɣemaɣi o, abe Atlantik nutowo, Afrika ƒe anyiehe nutowo kple Arktik ƒua ƒe nutoawo me le dziehe kekeake hã ene. Anyigba yeyewo didi, asitsatsa, du bubuwo nyanya, kple mɔzɔzɔ yi teƒe didiwoe nye nu si bɔ ɣemaɣi, si wɔe be sidzedze yeye siwo su amewo si la te ŋu kakana bɔbɔe.

Anyigba yeyewo didi le blemaɣeyiɣiwo me ŋuti nuŋlɔɖi siwo kpɔtɔ li la nye mɔzɔzɔ siwo ƒudzimɔzɔla dzinɔameƒotɔwo wɔ dzidzedzetɔe la ŋuti nya sue aɖe ko. Blema ƒudzimɔzɔla nenie trɔ gbɔ va wo de naneke maŋlɔmaŋlɔ tso teƒe siwo wode ŋu? Eye wo dometɔ nenie de teƒe didiwo gake wometrɔ gbɔ va wode o? Míate ŋu aɖo biabia mawo ŋu o. Gake míate ŋu ase nanewo gɔme tso ale si Kristotɔnyenye wɔ kaka le gɔmedzedzea me ya ŋu.—Kpɔ aɖaka si le etame.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Tarsis nye nuto aɖe si le Spain ƒe anyiehe lɔƒo, si Helatɔwo kple Romatɔwo yɔna ɣemaɣi be Tartessus.

b Kpɔ January 1, 2009 ƒe Gbetakpɔxɔ me nyati si nye: “Afi Ka Kee Nya Nyui Gblɔlawo Anya Ðo Le Ɣedzeƒenutowo Me?” hena nyatakaka siwo ku ɖe ƒudzimɔzɔzɔ yi ɣedzeƒe gome ŋu.

c Ele 48°42’ N, le egbegbe ƒe nudzidze nu.

[Aɖaka si le axa 29]

‘Woɖe Gbeƒã Nya Nyuia Na Nuwɔwɔwo Katã’

Le ƒe 60-61 M.Ŋ. me lɔƒo la, apostolo Paulo ŋlɔ be woɖe gbeƒã nya nyuia “na nuwɔwɔ siwo katã le dziƒoa te.” (Kolosetɔwo 1:23) Ðe eƒe nya siawo fia be Kristotɔwo ɖe gbeƒã le India, Asia dukɔ siwo le eƒe Ɣedzeƒe, Afrika, Spain, Gaul, Britain, Baltik nutowo, kple Thule si ŋu Pytheas ƒo nu tso la me xoxoa? Ðewohĩ menye nenemae o, gake míate ŋu agblɔe kple kakaɖedzi o.

Ke hã, ɖikeke aɖeke mele eme o be gbeƒãɖeɖe nya nyuia keke ta ŋutɔ ɣemaɣi. Le kpɔɖeŋu me, Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla siwo zu Kristotɔwo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste ŋkekea dzi la kaka xɔse yeye si ŋu woke ɖo la ŋu nya de Partia, Elam, Media, Mesopotamia, Arabia, Asia Sue, Libia ƒe akpa si te ɖe Kirene ŋu, kple Roma ya teti—si nye nuto siwo katã ŋu ame siwo axlẽ Paulo ƒe nyawo ɣemaɣi la nya nu tsoe.—Dɔwɔwɔwo 2:5-11.

[Diagram/​Map on page 26, 27]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Herodotus ka nya ta be esi ƒudzimɔzɔlaawo va ɖo Afrika ƒe anyiehe ƒe yɔyrɔenu la, wokpɔ ɣea le woƒe ɖusime

[Anyigbatata]

AFRIKA

MEDITERRANEA ƑU LA

INDIA ƑUGÃ LA

ATLANTIK ƑUGÃ LA

[Diagram/​Map on page 28, 29]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

Teƒe didi siwo Helatɔ ƒudzimɔzɔla Pytheas zɔ mɔ de

[Anyigbatata]

Marseilles

IBERIA ƑUKPO AFÃ LA

IRELAND

ICELAND

NORWAY

Dziehe Ƒu La

BRITAIN

BRITTANY

IBERIA ƑUKPO AFÃ LA

AFRIKA ƑE DZIEHE ƑUTANUTOWO

MEDITERRANEA ƑU LA

Marseilles

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe