INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 4/1 axa 19
  • Yesue nye Mixael Mawudɔla Gã la?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesue nye Mixael Mawudɔla Gã la?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekae Nye Mawudɔlagã Mixael?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ame Kae Nye Mawudɔla Gãtɔ Mikael?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Amekae Nye Mixael Mawudɔla Gã La?
    Nyɔ!—2002
  • Yesu Dziɖula ‘Si Dzɔɣi Tso Tititi Ke’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 4/1 axa 19

Exlẽlawo Bia Be . . .

Yesue nye Mixael Mawudɔla Gã la?

▪ Kpuie ko la, ŋuɖoɖoae nye ɛ̃. Ebɔ le dukɔ geɖe me be ŋkɔ geɖe nanɔ ame ɖeka si. Nenema ke wònɔ le Bibliamemewo ƒe ŋkɔwo hã gome. Le kpɔɖeŋu me, blemafofo Yakob ƒe ŋkɔ bubue nye Israel. (1 Mose 35:10) Woyɔ ŋkɔ vovovo atɔ̃ sɔŋ na apostolo Petro—Simeon, Simon, Petro, Kefas, kple Simon Petro. (Mateo 10:2; 16:16; Yohanes 1:42; Dɔwɔwɔwo 15:7, 14) Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Yesu kee wogayɔ be Mixael? De ŋugble tso Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi siwo gbɔna ŋu kpɔ.

Zi atɔ̃e woyɔ gbɔgbɔme nuwɔwɔ triakɔ Mixael le Biblia me. Wo dometɔ etɔ̃ dze le Daniel ƒe agbalẽa me. Míexlẽ le Daniel 10:13, 21 be Mixael, si wogayɔ be “amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka” kple “miaƒe amegã” la va xɔ na mawudɔla aɖe si wodɔ ɖe dɔ aɖe gbe. Míegaxlẽ le Daniel 12:1 be le nuwuɣia la, “amegãwo ƒe tatɔ Mixael, ame si le mia deviwo nu la, ado.”

Teƒe bubu si Mixael gadze lee nye Nyaɖeɖefia 12:7, afi si wogblɔ le be “Mixael kple eƒe dɔlawo” wɔ aʋa kple Satana Abosam kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo henya wo ɖa le dziƒo.

De dzesii be le teƒe siwo katã míeyɔ va yi be ŋkɔ Mixael dze le la, woƒo nu tso eŋu abe mawudɔla aʋafia aɖe si le aʋa wɔm hena Mawu ƒe amewo ta kpɔkpɔ, alo si kpe aʋa kple Satana, si nye Yehowa ƒe futɔ gãtɔ kura gɔ̃ hã la ene.

Woyɔ Mixael le Yuda kpukpui 9 be “mawudɔla gã la.” (Biblia Alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La-Le Eʋegbe Me ) Nya “mawudɔla gã” gɔmee nye “mawudɔlawo ƒe tatɔ” alo “mawudɔlawo nunɔla,” eye afi sia afi si wozãe le le Biblia me la, ame ɖeka ŋu koe wòkuna ɖo. Teƒe bubu si ko wogazã nya mawudɔla gã lee nye 1 Tesalonikatɔwo 4:16, afi si Paulo ƒo nu tso Yesu si wofɔ ɖe tsitre ŋu le be: “Aƒetɔ [Yesu] ŋutɔ atsɔ aʋafia gã ƒe gbeɖeɖe kple mawudɔla gãtɔ ƒe gbe kple Mawu ƒe kpẽɖiɖi aɖi tso dziƒo.” Eya ta Yesu Kristo ŋutɔe woyɔ le afi sia tẽe be mawudɔla gãtɔ.

Ke aleke míaƒo nya tae azɔ? Yesu Kristoe nye Mixael mawudɔla gã la. Ŋkɔ eveawo siaa, Mixael (si gɔmee nye “Ame Kae Le Abe Mawu Ene?”) kple Yesu (si gɔmee nye “Yehowa Nye Xɔname”) he susu yi akpa vevi si wòawɔ abe Mawu ƒe dziɖulanyenye ta ʋlila gãtɔ ene la dzi. Filipitɔwo 2:9 gblɔ be: “Mawu [do Yesu, si le ŋutikɔkɔe me azɔ la] ɖe dzi wòle nɔƒe kɔkɔ aɖe, eye wòlɔ̃ faa tsɔ ŋkɔ si ƒo ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe ta la nɛ.”

Ele vevie be míade dzesii be menye esime wodzi Yesu wònye amegbetɔ nɔ anyigba dzie eƒe agbe dze egɔme o. Hafi woadzi Yesu la, mawudɔla aɖe va gblɔ na Maria be gbɔgbɔ kɔkɔe ana wòadzi vi aɖe si wòana ŋkɔe be Yesu. (Luka 1:31) Le Yesu ƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa wɔɣi la, eya ŋutɔ ƒo nu tso eƒe agbenɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔzuzu ŋu enuenu.—Yohanes 3:13; 8:23, 58.

Eya ta Mixael mawudɔla gã lae nye ŋkɔ si nɔ Yesu si do ŋgɔ na eƒe amegbetɔzuzu. Esi wofɔ Yesu ɖe tsitre wòtrɔ yi dziƒo la, Mixael mawudɔlawo ƒe tatɔ ƒe ɖoƒe sia gasu esi “hena Mawu Fofo la ƒe kafukafu.”—Filipitɔwo 2:11.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe