Yesu Dziɖula ‘Si Dzɔɣi Tso Tititi Ke’
MELE tsɔtsɔm na wò o esi nèle lalam be ƒometɔ aɖe si nèkpɔ eteƒe didi la nava. Èva do goe mlɔeba eye nèdo dzaa nɛ kple dzidzɔ. Èke to vevie esi wònɔ nusita fofoa dɔe ɖe gbɔwò la gblɔm na wò. Kasia eƒe ɣeyiɣi de be wòatrɔ ayi aƒe. Ètsɔ blanuiléle do hedenyuie nɛ. Alesi nètsi akogo le eƒe dzodzo ta nu fa esi nèse be eɖo aƒe dedie.
Esi nènɔ agbalẽ xoxowo me tsam emegbe la, èva ke ɖe lɛta siwo ƒo nu kpuie tso wò ƒometɔa ƒe nusiwo wòwɔ xoxoxo hafi dze mɔ va gbɔwò ŋu. Nusiwo nèxlẽ le lɛta mawo me gblɔ eŋu nya wɔnuku aɖewo na wò eye ena nègakpɔ ŋudzedze ɖe eƒe gbɔwò vava kple dɔ si wɔm wòle fifia ŋu geɖe wu.
‘Tso Tititi Ke’
Mawu ƒe nyagblɔɖila Mixa ƒe nuŋlɔɖi siwo wòŋlɔ anɔ ƒe alafa adre do ŋgɔ la nɔ agbalẽ xoxo siwo nɔ ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔwo si dome. Wo me nyawo fia asi afisi woadzi Mesia la le. “Wò Betlexem Efrata, esi nènye suetɔ le Yuda ƒe ƒomeawo dome hã la, mewò Israel ƒe dziɖula le dzɔdzɔ ge atso nam, amesi dzɔɣi tso tititi le gbaɖegbe ʋĩ ke.” (Mixa 5:1) Abe alesi tututu nyagblɔɖi sia gblɔe ene la, wodzi Yesu le Yudatɔwo ƒe kɔƒe si nye Betlexem me le ƒe si woyɔna fifia be ƒe 2 D.M.Ŋ. me. Gake aleke wòdzɔe be eƒe ‘dzɔɣi tso tititi ke’?
Yesu nɔ anyi kpɔ hafi va zu amegbetɔ. Apostolo Paulo ƒo nu tso Yesu ŋu le agbalẽ si wòŋlɔ na Kolose Kristotɔwo me be enye “Mawu makpɔmakpɔ ƒe nɔnɔme kple nuwɔwɔwo katã ƒe ŋgɔgbevi.”—Kolosetɔwo 1:15, míawoe te gbe ɖe edzi.
Yehowa, nunya Tsoƒe la, wɔ eƒe Vi gbãtɔ wònye eƒe “nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ,” si nye nyagbe si Fia Salomo zã le Lododowo ƒe agbalẽ me. Esi Yesu va nɔ anyigba dzi ɣeyiɣi kpui aɖe vɔ megbe eye wògatrɔ yi dziƒo la, eɖo kpe edzi nyateƒetɔe be yenye “Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze.” Yesu si mezu amegbetɔ haɖe o la ƒo nu abe nunyae le nu ƒom ene gblɔ be: “Mele eteƒe, hafi [Yehowa wɔ] dziƒo.”—Lododowo 8:22, 23, 27; Nyaɖeɖefia 3:14.
Tso gɔmedzedzea me la, wode dɔ tɔxɛ aɖe asi na Mawu ƒe Vi la, si nye be wòawɔ dɔ kple Fofoa abe “dɔnunɔla” ene. Aleke gbegbe nusia do dzidzɔ na Yehowa enye esi! Lododowo 8:30 gblɔ be ‘nyee nye amesi gbɔ Yehowa melɔ̃a nu lena o,’ eye wògagblɔ be, ‘dzi dzɔam le egbɔ ɣeawokatãɣi.’
Emegbe Yehowa kpe eƒe Ŋgɔgbevi la be wòakpe ɖe ye ŋu yewoawɔ ameƒomea. Egblɔ be: “Mine míawɔ ame ɖe míaƒe nɔnɔme, wòaɖi mí.” (Mose I, 1:26) Egawɔe be womelɔ̃a nu le wo nɔewo gbɔ o ɖe edzi. Yesu si mezu amegbetɔ haɖe o la gblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ le amegbetɔviwo ŋu.” (Lododowo 8:31) Apostolo Yohanes ɖo kpe Yesu ƒe gomekpɔkpɔ le nuwo wɔwɔ me hafi wòva zu amegbetɔ dzi le eƒe Nyanyuigbalẽa ƒe ŋgɔdonya me be: “Wowɔ nuwo katã to eyama dzi, eye eya manɔme la womewɔa naneke, si wowɔna o.”—Yohanes 1:3.
Yehowa ƒe Nyanuɖela
Yohanes ƒe nyawo he susu yi mɔnukpɔkpɔ bubu si ganɔ Mawu ƒe Vi la si dzi, si nye be enye nyanuɖela. Enye Nya la tso gɔmedzedzea me. Eyata, esime Yehowa ƒo nu na Adam, eye wògava ƒo nu kple Adam kpakple Xawa siaa la, anye Nya la dzie wòƒo nu toe. Eye amekae gadze agblɔ Mawu ƒe mɔfiamewo hena ameƒomea ƒe nyonyo wu amesi melɔ̃a nu le wo gbɔ o?—Yohanes 1:1, 2.
Anɔ eme be esi Nya la kpɔ be Xawa kple emegbe Adam wogbe toɖoɖo wo Wɔla la, evee ale gbegbe! Eye aleke gbegbe wòatsi dzi vevie be yeaɖɔ fukpekpe siwo woƒe tomaɖomaɖo he va woƒe dzidzimeviwo dzi ɖoe nye si! (Mose I, 2:15-17; 3:6, 8; Romatɔwo 5:12) Yehowa gblɔ na Satana, amesi na Xawa dze aglã be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome.” (Mose I, 3:15) Esi Nya la kpɔ nusi dzɔ le Eden teƒe ta la, enya be ye amesi nye nyɔnua ƒe ‘dzidzimevi’ vevitɔe wòalé fui vevie. Enya be amewulae Satana nye.—Yohanes 8:44.
Emegbe esi Satana ke ɖi Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ la, dɔme anya ve Nya la ɖe amenutsonya vɔ̃ɖi siwo wòtsɔ ɖe Fofoa ŋu ta. (Hiob 1:6-10; 2:1-4) Le nyateƒe me wɔƒe le Nya la si abe mawudɔla gã ene, eye woyɔnɛ be Mixael, si gɔmee nye “Amekae Le abe Mawu Ene?,” eye efia alesi wòwɔa avu ɖe Yehowa nu, tsia tre ɖe amesiwo katã dina be yewoadu Mawu ƒe dziɖulanyenye le esi ŋu.—Daniel 12:1; Nyaɖeɖefia 12:7-10.
Esime Israel-dukɔa dze eƒe ŋutinya gɔme la, Nya la kpɔ alesi Satana te kpɔ be yeatrɔ amegbetɔwo ɖa tso tadedeagu dzadzɛ gbɔe. Mawu to Mose dzi gblɔ na Israel-viwo le woƒe Dodo le Egipte vɔ megbe be: “Kpɔ ɖa, medɔ nye dɔla ɖo ɖe ŋgɔwò, bena wòakpɔ dziwò le mɔ ta, eye wòakplɔ wò ava teƒe, si medzra ɖo ɖi na wò la. Kpɔ nyuie le eŋu, eye naɖo to eƒe gbe; megasẽ tame ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o, elabena nye megbea wònye.” (Mose II, 23:20, 21) Amekae nye mawudɔla sia? Anye Yesu si mezu amegbetɔ haɖe o ye.
Ðokuibɔbɔ Nuteƒewɔwɔtɔe
Mose ku le ƒe 1473 D.M.Ŋ. me, eye woɖii “ɖe bali la me le Moab-nyigba dzi le Bet-Peor kasa.” (Mose V, 34:5, 6) Edze abe Satana di be yeazã eƒe kukua ene, ɖewohĩ le trɔ̃subɔsubɔ me. Mixael tsi tre ɖe nusia ŋu gake etsɔ ɖokuibɔbɔ gblẽ ŋusẽa ɖe Fofoa, Yehowa, si me. ‘Esi Mixael medi be yeagblɔ busufɔbubu ɖe Satana ŋuti o ta la,’ egblɔ na Satana be: “Aƒetɔ la laka mo na wò!”—Yuda 9.
Emegbe Israel-viwo va dze Ŋugbedodonyigba si nye Kanaan dzi ɖuɖu gɔme. Esi woɖo Yerixo-dua gbɔ la, Nya la na kakaɖedzi Yosua be yeayi edzi akpɔ dukɔa dzi. Edo go ŋutsu aɖe si ɖe yi le aku me le afima. Yosua zɔ ɖe amedzroa dzi biae be: “Mía dzi nèle loo, alo míaƒe futɔwo dzi nèlea?” Kpɔ alesi wòawɔ nuku na Yosuae ɖa esime amedzroa ɖe eɖokui fia gblɔ be: “Gbeɖe, ke boŋ Yehowa ƒe aʋafia menye; azɔ medo enye si!” Mewɔ nuku o be Yosua tsyɔ mo anyi ɖe Yehowa teƒenɔla bubume sia ŋkume, eye ɖikeke mele eme o be Yesu si mezu amegbetɔ haɖe o si ava nye “amegã, si wosi ami na” la ye.—Yosua 5:13-15; Daniel 9:25.
Egakpe ŋgo kple Satana le Mawu ƒe nyagblɔɖila Daniel ŋɔli. Le ɣeyiɣi sia me la, Mixael va kpe ɖe ehati mawudɔla aɖe ŋu esime Persia-fiaɖuƒea ƒe amegã si nye gbɔgbɔ vɔ̃ ‘va tsi tre ɖe eŋu’ kwasiɖa etɔ̃ sɔŋ. Mawudɔla la gblɔ be: “Mixael, amegãwo ƒe tatɔwo dometɔ ɖeka, va xɔ nam, eye megblẽe ɖe Persia-fiawo gbɔ le gama.”—Daniel 10:13, 21.
Eƒe Ŋutikɔkɔe Do Ŋgɔ na Amegbetɔzuzu Kple Amegbetɔzuɣi
Le ƒe 778 D.M.Ŋ. me si nye ƒe si me Yuda Fia Uziya ku la, Mawu ƒe nyagblɔɖila Yesaya kpɔ ŋutega aɖe si me Yehowa nɔ eƒe fiazikpui gã dzi le. Yehowa bia be: “Ameka madɔ, eye ameka ayi na mí?” (Míawoe te gbe ɖe edzi.) Yesaya lɔ̃ be yeayi, gake Yehowa na wònya be etɔ Israel-viwo maɖo to eƒe nyawo o. Apostolo Yohanes tsɔ ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ dzimesẽlawo sɔ kple Yesaya ŋɔli me tɔwo gblɔ be: “Nusiawo Yesaya gblɔ, elabena ekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe.” Ameka ƒe ŋutikɔkɔe? Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe kple Yesu si mezu amegbetɔ haɖe o wònɔ egbɔ le dziƒo fiasã me ƒe ŋutikɔkɔe.—Yesaya 6:1, 8-10; Yohanes 12:37-41.
Anɔ ƒe alafa geɖe megbe la, Yesu va xɔ dɔdasi si ɖeke mede enu va ɖo ɣemaɣi o. Yehowa ɖe Via si gbɔ melɔ̃a nu le o ƒe agbeŋusẽ tso dziƒo va de Maria ƒe vidzidɔ me. Edzi ŋutsuvi si nye Yesu le ɣleti asieke megbe. (Luka 2:1-7, 21) Apostolo Paulo gblɔ be: “Esi azãgbe la ɖo vɔ la, Mawu dɔ ye ŋutɔ Via ɖo ɖa, eye nyɔnu aɖe dzii.” (Galatiatɔwo 4:4) Nenemae apostolo Yohanes hã gblɔe be: “Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mía dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbɔ la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.”—Yohanes 1:14.
Mesia la Do
Ne mede ɖeke o hã kaka Yesu ɖevi la naxɔ ƒe 12 la, eva kpɔe be ele be yeabiã ŋku ɖe ye Fofo si le dziƒo ƒe dɔ ŋu. (Luka 2:48, 49) Anɔ ƒe 18 megbe la, Yesu va Yohanes Amenyrɔɖetsimela la gbɔ le Yordan Tɔsisi to eye wònyrɔe. Esi Yesu nɔ gbe dom ɖa la, dziƒowo nu ʋu, eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi. Bu nu gbogbo siwo dzi wòaɖo ŋkui esime wònɔ tame bum le ƒe akpe geɖe siwo wòtsɔ subɔ le Fofoa gbɔ abe dɔnunɔla, nyanuɖela, Mawu ƒe aʋakɔ ƒe amegã, kple mawudɔla gã, Mixael ene ŋu kpɔ. Dzi dzɔe azɔ esi wòse Fofoa ƒe gbe wònɔ gbɔgblɔm na Yohanes Amenyrɔɖetsimela la be: “Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!”—Mateo 3:16, 17; Luka 3:21, 22.
Yohanes Amenyrɔɖetsimela la meke ɖi kura be Yesu nɔ anyi kpɔ hafi va zu amegbetɔ o. Esi Yesu gbɔna Yohanes gbɔ la, egblɔ be: “Kpɔ ɖa, Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina la, enye si!” Eye wògagblɔ be: “Nenem me sia enye amesi ŋuti megblɔ le be: Ŋutsu aɖe le megbenye gbɔna, si tre vava nam; elabena eli, hafi meli.” (Yohanes 1:15, 29, 30, míawoe te gbe ɖe edzi.) Apostolo Yohanes hã nya be Yesu nɔ anyi kpɔ. Eŋlɔ be: “Amesi tso [dzi] gbɔna la, eya ƒo wo katã ta,” eye wògagblɔ be: “Amesi tso dziƒo gbɔna la, eya ƒo wo katã ta. Nusi wòkpɔ kple nusi wòse la, eya ŋuti wòɖia ɖase lena.”—Yohanes 3:31, 32, míawoe te gbe ɖe edzi.
Anɔ ƒe 61 M.Ŋ. me la, apostolo Paulo de dzi ƒo na Hebri Kristotɔwo be woakpɔ ŋudzedze blibo ɖe Mesia la ƒe anyigba dzi vava kple eƒe Nunɔlagãnyenye ƒe vevienyenye ŋu. Paulo ƒo nu tso Yesu ƒe Nyanuɖelanyenye ŋu gblɔ be: “Mawu ƒo nu . . . kple míawo hã le ŋkeke mamletɔ siawo me le Via me . . . amesi hã dzi wòto wɔ xexeame.” Eɖanye Yesu ƒe ‘dɔnunɔlanyenye’ le nuwo wɔɣi ŋue nya sia ku ɖo loo alo Mawu ƒe ɖoɖo siwo wɔm wòle vivivi hena amegbetɔ ƒe ɖekawɔwɔ kplii ŋue wòku ɖo o, Paulo hã ɖi ɖase le afisia be Yesu nɔ anyi kpɔ hafi va zu amegbetɔ.—Hebritɔwo 1:1-6; 2:9.
Nuteƒewɔwɔ ‘Tso Tititi Ke’
Paulo xlɔ̃ nu ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔ siwo nɔ Filipi be: “Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me, amesi esi wònye Mawu ƒe nɔnɔmee wònɔ hã la, mebui nuhahae bena, [eya] kple Mawu sɔ o, ke boŋ eɖi gbɔlo eɖokui, esime wòtsɔ dɔla ƒe nɔnɔme ɖo eɖokui dzi, hedzɔ ɖe amewo ƒe nɔnɔme, eye wokpɔ nuwɔna le eŋuti abe ame tɔ ene. Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase [fuwɔameti] ŋuti ku la me ke.” (Filipitɔwo 2:5-8) Yehowa tso lɔlɔ̃ me wɔ nu ɖe Yesu ƒe nuteƒewɔwɔa ŋu hefɔe ɖe tsitre eye wògaxɔe va aƒe le dziƒo. Nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu nyuitɔ kekeake ka gbegbee nye esi Yesu ɖo na mí le ƒe akpeakpe siwo va yi me!—Petro I, 2:21.
Aleke gbegbe míedaa akpee nye esi be Biblia na míenya agbe si Yesu nɔ hafi va zu amegbetɔ! Le nyateƒe me egadoa ŋusẽ tame si míeɖo be míasrɔ̃ kpɔɖeŋu si wòɖo le subɔsubɔ nuteƒewɔwɔtɔe me, vevietɔ fifia si wònye Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia. Mina míakafu Kristo Yesu, “Ŋutifafafia” la, míaƒe Gbeɖela kple Dziɖula, ‘amesi dzɔɣi tso tititi ke’!—Yesaya 9:5; Mixa 5:1.
[Aɖaka si le axa 24]
Anyinɔnɔ Do Ŋgɔ Na Amegbetɔzuzu Ƒe Ðaseɖiɖiwo
Yesu ŋutɔ ƒe nya siwo gbɔna ɖi ɖase geɖe be enɔ anyi kpɔ hafi va zu amegbetɔ:
◻ “Ame aɖeke melia yi dziƒo kpɔ o, negbe amesi ɖi tso dziƒo va ko, eyae nye Amegbetɔvi, si le dziƒo.”—Yohanes 3:13.
◻ “Menye Mose ye na abolo, si tso dziƒo la mi o, ke boŋ Fofonyee na abolo vavã mi tso dziƒo. Elabena Mawu ƒe abolo la enye esi ɖi tso dziƒo va, eye wòna agbe xexeame. . . . Meɖi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.”—Yohanes 6:32, 33, 38.
◻ “Esiae nye abolo, si ɖi tso dziƒo va, bena ame naɖu eƒe ɖe, eye maku o. Nyee nye agbebolo la, si ɖi tso dziƒo va; ne ame aɖe ɖu abolo sia ƒe ɖe la, anɔ agbe tegbetegbe.”—Yohanes 6:50, 51.
◻ “Azɔ, ne miakpɔ Amegbetɔvi la le dziƒo, afisi wòtso la, yim ɖe?”—Yohanes 6:62.
◻ “Nye ɖaseɖiɖi la nye nyateƒe; elabena menya afisi metso va kple afisi meyina; . . . Miawo la anyigba mietso, ke nye la dziƒo metso; miawo la xexe sia me mietso, nye la nyemetso xexe sia me o.”—Yohanes 8:14, 23.
◻ “Ðe Mawu nye mia Fofo la, ne mialɔ̃m, elabena nye la medo go tso Mawu me va; elabena menye ɖokuinye si meva le o, ke boŋ eyae dɔm ɖa.”—Yohanes 8:42.
◻ “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Hafi Abraham nava dzɔ la, nyeama meli xoxo.”—Yohanes 8:58.
◻ “Fofo, kɔ ŋutinye le wò ŋutɔ gbɔwò kple ŋutikɔkɔe, si mekpɔ le gbɔwò, hafi xexeame va dzɔ la. Fofo, amesiwo nètsɔ nam la, mele didim bena, afisi nye la mele la, ne woamawo hã nanɔ ŋutinye, bena woakpɔ nye ŋutikɔkɔe, si nètsɔ nam; elabena èlɔ̃m, hafi woɖo xexeame gɔme anyi.”—Yohanes 17:5, 24.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Yosua do go Yehowa ƒe aʋakɔ ƒe amegã