INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 5/1 axa 18-20
  • Ðeviwo Hehe Be Woate Ŋu Atsɔ Agbanɔamedzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðeviwo Hehe Be Woate Ŋu Atsɔ Agbanɔamedzi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Vevi Siwo Hiã na Hehe Nyui Xɔxɔ
    Nyɔ!—1996
  • Mlã Viwò tso Vidzĩme
    Nusi Gbɔ Ƒome ƒe Dzidzɔkpɔkpɔ Tsona
  • Dzilawo, Mikpɔ Miaƒe Domenyinu Xɔasi La Ta
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ale Si Nàkpɔ Viwòwo Tae
    Nyɔ!—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 5/1 axa 18-20

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Ðeviwo Hehe Be Woate Ŋu Atsɔ Agbanɔamedzi

Dzilanyo:a “Nu sia dzɔna fiẽ sia fiẽ. Vinye Kɔsivi, si xɔ ƒe ene la kakaa eƒe fefenuwo ɖe aƒea me nyamaa. Medzea agbagba be mana wòaƒo te nuawo hafi wòamlɔ anyi. Gake Kɔsivi doa dziku helĩhelĩ henɔa avi fam lélele madzudzɔmadzudzɔe. Ɣeaɖewoɣi la, esia tena ɖe dzinye vevie eye medoa ɣli ɖe eta, gake ɖeko ema gagblẽa nya ɖe edzi boŋ. Nyemedina be míatsɔ dziku ayi aba dzi o. Eya ta ɖeko nye ŋutɔ meƒoa te nuawo.”

Ameyo: “Kuxia dze egɔme esi vinyenyɔnuvi Akɔfa, si xɔ ƒe 13 la menɔ nudidi aɖe si gbɔ eƒe nufiala bia tso esi be wòaɖo la gɔme sem o. Akɔfa fa avi gaƒoƒo ɖeka sɔŋ esi wògbɔ tso suku. Mede dzi ƒo nɛ be woabia kpekpeɖeŋu tso eƒe nufialaa gbɔ, gake Akɔfa gblɔ be nufialaa ƒe nya me sẽ ŋutɔ eya ta yemate ŋu ate ɖe eŋu o. Esusɔ vie nye ŋutɔ mezɔ ɖatui le sukua kloe. Mese le ɖokuinye me be ame aɖeke mekpɔ mɔ ado nuxaxa na vinye nenema o!”

ÐE NU si dzɔ ɖe Dzilanyo kple Ameyo dzi tɔgbi dzɔ ɖe dziwò kpɔa? Abe dzila mawo ene la, etena ɖe dzila geɖe dzi be woakpɔe be yewo viwo mele dzidzɔ kpɔm o, alo be womete ŋu le ta kpɔm na kuxi aɖe o. Ele dzɔdzɔmenu be dzilawo nanɔ agbagba dzem be yewoaxɔ yewo viwo ƒe agbawo atsɔ. Ke hã, nɔnɔme siwo ŋu míeƒo nu tso va yi la nye mɔnukpɔkpɔ na dzila mawo be woafia nu vevi aɖe wo viwo tso agbanɔamedzi tsɔtsɔ ŋu. Ele eme be nu si woafia ƒe ene vi la ato vovo na esi woafia ƒe 13 vi ya.

Gake nyateƒeae nye be, màte ŋu ayi edzi anɔ viwò ƒe agbemekuxiwo xɔm ɖe akɔ ɖaa o. Ɣeyiɣi aɖe ava ɖo si me wòle be ɖevi nadzo le fofoa kple dadaa gbɔ ahatsɔ “ye ŋutɔ ƒe agbanɔamedzi.” (Galatiatɔwo 6:5; 1 Mose 2:24) Be ɖeviwo nate ŋu ava kpɔ wo ɖokuiwo dzi la, ele be wòanye dzilawo ƒe taɖodzinu be woana hehe wo viwo be ne wova tsi la, woanye ɖokuitɔmadilawo, ame siwo tsɔa ɖe le eme na amewo kple ame siwo nya ale si woatsɔ woƒe agbanɔamedziwo nyuie. Esia wɔwɔ mele bɔbɔe o!

Dzidzɔtɔe la, Yesu ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe na dzilawo le ale si wòwɔ nu ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ŋui me. Menye dzilae Yesu nye ya o. Gake taɖodzinu si ta wòtia eƒe nusrɔ̃lawo hena hehe woe nye be woasu te ayi dɔa dzi le yeƒe dzodzo megbe. (Mateo 28:19, 20) Nu si Yesu wɔ la sɔ kple taɖodzinu si wòle be wòanɔ dzilawo si, be woahe wo viwo woava zu ame tsitsi siwo anya ale si woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe agbanɔamedziwoe. De ŋugble tso kpɔɖeŋu siwo Yesu ɖo na dzilawo dometɔ etɔ̃ pɛ ko ŋu kpɔ.

‘Ðo Kpɔɖeŋu’ Nyui Na Viwòwo Esi wò susɔ vie Yesu nawu eƒe anyigbadzisubɔsubɔdɔa nu la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Meɖo kpɔɖeŋu ɖi na mi be, ale si tututu mewɔ na mi la, miawo hã miawɔ nenema ke.” (Yohanes 13:15) Nenema kee wòle be dzilawo hã naɖe nu me na wo viwo ahaɖo kpɔɖeŋu nyui na wo le agbanɔamedzi tsɔtsɔ me.

Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe metsɔa dzidzɔ ƒoa nu tso nye ŋutɔ nye agbanɔamedziwo ŋu ɣesiaɣia? Ðe meɖoa dze tso dzidzeme si mekpɔna le dɔ siwo aɖe vi na ame bubuwo wɔwɔ me la ŋu na woa? Alo ɖe metoa nyatoƒoe ɣesiaɣi hetsɔa ɖokuinye nɔ sɔsɔm kple ame siwo wòdze abe ɖe wole ablɔɖe me enea?’

Enye nyateƒe be ame aɖeke mede blibo o. Agba wua mía dometɔ ɖe sia ɖe ɣeaɖewoɣi. Gake kpɔɖeŋu nyui ɖoɖoe nye mɔ nyuitɔ si dzi nàto afia viwòwo ale si woanya woawo ŋutɔwo ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne anya wɔ la, nɔ viwòwo kplɔm nɔ dɔme yim ɣeaɖewoɣi bene nàna woanya dɔ si nèwɔna tsɔ kpɔa ƒomea dzi. Ƒo ɖokuiwò ɖe lɔlɔ̃nu faa dɔwo wɔwɔ me, eye nàna viwòwo hã nanɔ kplɔwòm ɖo ne anya wɔ. Emegbe ɖo dze kpli wo tso dzidzɔ si nèkpɔna le agbanɔamedzi siawo tsɔtsɔ me la ŋu kpli wo.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Da Sɔ Le Nu Siwo Nàdi Tso Wo Si Me Yesu nyae be axɔ ɣeyiɣi hafi yeƒe nusrɔ̃lawo nava su te na agbanɔamedzi siwo yele mɔ kpɔm be woatsɔ la tsɔtsɔ. Egblɔ na wo gbe ɖeka be: “Nya geɖewo gale asinye magblɔ na mi hafi, gake miate ŋu atsɔ wo fifia o.” (Yohanes 16:12) Yesu meɖe asi le eƒe nusrɔ̃lawo ŋu le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe be woawo ŋutɔ woakpɔ nu sia nu gbɔ o. Ke boŋ ezã ɣeyiɣi gbogbo aɖe tsɔ fia nu geɖe wo. Esi Yesu kpɔ be wosu te ko hafi wòdɔ woawo ɖeɖe be woaɖaɖe gbeƒã.

Nenema kee masɔ be dzilawo nabia tso wo viwo si be woatsɔ agbanɔamedzi siwo gbɔ woƒe ŋutete meɖo o. Ne ɖeviawo le tsitsim hã la, ele be dzilawo nanya dɔ kple agbanɔamedzi siwo gbɔ wo viwo ate ŋu akpɔ. Le kpɔɖeŋu me, ele be dzilawo nafia wo viwo ale si woakpɔ woawo ŋutɔwo ƒe dzadzɛnyenye gbɔ, ale si woadzra woƒe xɔwo me ɖo, ale si woanɔ game dzi nɔm, kple ale si woanya gazazã nyuie. Ne ɖeviawo le suku dem la, ele be dzilawo nana woanya be woƒe sukudɔdeasiwo nye agbanɔamedzi vevi aɖe si gbɔ wòle be woakpɔ.

Ele be dzilawo nawɔ nu geɖe wu agbanɔamedziwo tsɔtsɔ de wo viwo si ko. Ele be woakpe ɖe wo ŋu be woatsɔ agbanɔamedzi mawo nyuie hã. Dzilanyo, vifofo si ŋu míeƒo nu tso va yi la va de dzesii be susu siwo ta Kɔsivi doa dziku ne yebia tso esi be wòagbugbɔ eƒe fefenuwo aɖo wo teƒe lae nye be esia wɔwɔ dzena agba kpekpe aɖe nɛ. Dzilanyo gblɔ be: “Le esi teƒe be maganɔ bublum ɖe Kɔsivi ta be wòafɔ eƒe fefenuawo la, meva fia mɔ bɔbɔe si dzi wòato awɔ esia lae.”

Aleke Dzilanyo wɔ esiae? Egblɔ be: “Gbã la, meɖo game aɖe koŋ si dzi wòle be Kɔsivi naƒo te eƒe fefenuawo la nɛ. Emegbe mekpena ɖe eŋu míeƒoa te nu siwo le xɔa ƒe akpa ɖeka vɔ hafi gadzea akpa bubu dzi. Mena dɔ sia wɔwɔ va zu fefe na mí, megblɔna nɛ gɔ̃ hã be míakpɔ ɖa be ame kae awɔe kabakaba wu nɔvia hã. Eteƒe medidi o, eva zu anyimlɔɣi ƒe nuwɔna si ŋu wòkpɔa dzidzɔ ɖo. Medo ŋugbe nɛ be ne ewɔ dɔa kabakaba la, maxlẽ ŋutinya vivi geɖe akpe esiwo mexlẽna nɛ hafi wòmlɔa anyi la ŋu. Gake ne ewɔ kuvia la, matso ɣeyiɣi si metsɔ xlẽa ŋutinya viviwo nɛ la dzi kpɔtɔ.”

TE MƆNU SIA KPƆ: De ŋugble tso dɔ si sɔ be nàbia tso ɖevi ɖe sia ɖe si be wòawɔ bene nuwo nayi edzi le ɖoɖo nyui nu le aƒea me la ŋu. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nanewo li siwo megawɔna na vinyeawo, siwo woawo ŋutɔwo woate ŋu awɔ hafia?’ Ne nenemae la, mia kple viwòawo miwɔ nu mawo ɖekae va se ɖe esime nàka ɖe edzi be woawo ŋutɔwo woate ŋu awɔe. Na eme nakɔ na wo be ne wowɔ woƒe dɔdeasiwo nyuie la, nu nyuiwo ado tso eme, gake ne womewɔ wo nyuie o la, nu gbegblẽe ado tso eme. Ne womewɔe nyui o la, na woakpɔ emetsonu gbegblẽawo, gake ne wowɔe nyuie la, na woakpɔ emetsonu nyuiawo.

Na Mɔfiame Siwo Me Kɔ Abe nufiala nyui ene la, Yesu nyae be mɔ nyuitɔ si dzi ame ato anya nane wɔwɔ koe nye be wòate nua wɔwɔ kpɔ. Le kpɔɖeŋu me, esi Yesu kpɔe be ɣeyiɣia de la, edɔ eƒe nusrɔ̃lawo “eveveve ɖo ɖe eŋgɔ ɖe du kple teƒe ɖe sia ɖe siwo eya ŋutɔ gbɔna toto ge la me.” (Luka 10:1) Ke hã, megblẽ wo ɖi kpekpeɖeŋu aɖeke manamanae o. Hafi wòadɔ wo ɖa la, ena mɔfiame siwo me kɔ la wo. (Luka 10:2-12) Esi nusrɔ̃lawo trɔ gbɔ heka nya ta tso dzidzedze si wokpɔ ŋu la, Yesu kafu wo hede dzi ƒo na wo. (Luka 10:17-24) Eɖe ale si wòka ɖe wo dzi hekpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu la fia.

Ne agbanɔamedzi aɖewo tsɔtsɔ le sesẽm na viwòwo la, aleke nèwɔa nui? Ðe nèxɔa agbanɔamedzia tsɔna kple susu be yeakpɔ wo ta tso dziɖeleameƒo kple kpododonu mea? Abe dzila ene la, nenemae nàse le ɖokuiwò me gbã.

Gake bu nya sia ŋu kpɔ: Ne ɣesiaɣi ko nèxɔa viwòwo ƒe agbawo tsɔna la, ke nya kae nye ema gblɔm nèle na wo? Ðe ema afia be nèka ɖe woƒe ŋutete dzia? Alo ɖe ema mafia be èkpɔtɔ le wo bum abe vidzĩ wɔnamanɔŋutɔ siwo wòle na be nàganɔ nu sia nu wɔm na ene oa?

Le kpɔɖeŋu me, aleke Ameyo si ŋu míeƒo nu tso va yi la kpɔ kuxi si dze ŋgɔ vianyɔnuvia gbɔe? Le esi teƒe be wòayi nufialaa gbɔ la, ena Akɔfa ŋutɔ yi ɖaƒo nu kplii. Ameyo kple Akɔfa woŋlɔ nya siwo Akɔfa abia nufialaa ɖi. Emegbe wode ŋugble tso ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòate ɖe nufialaa ŋu la ŋu. Wowɔ ale si dzeɖoɖoa ayi le woa kple nufialaa dome la ƒe wɔwɔfia gɔ̃ hã. Ameyo gblɔ be: “Esia na dzi ɖo Akɔfa ƒo wòte ŋu te ɖe nufialaa ŋu, eye nufialaa kafui ɖe afɔɖeɖe ma ta. Dzi dzɔ Akɔfa ŋutɔ, eye nye hã mekpɔ dzidzɔ ɖe eŋu ale gbegbe.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ kuxi aɖe si me tom viwò le fifia la ɖi. Emegbe ŋlɔ nu si nàte ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe eŋu eya ŋutɔ nakpɔ kuxia gbɔ le esi teƒe be nàxɔ agbaa atsɔ nɛ la ɖe exa. Dzro afɔ siwo wòaɖe atsɔ akpɔ kuxia gbɔ la me kplii. Na wòanya be yeka ɖe eƒe ŋutetewo dzi.

Ne èxɔa viwòwo ƒe kuxiwo ƒua akɔ ɣesiaɣi la, ke mèle kpekpem ɖe wo ŋu be woasu te adze ŋgɔ agbemekuxiwo o. Ke boŋ na hehe wo be woate ŋu asu te atsɔ woƒe agbanɔamedziwo. Emae nye nunana nyuitɔ kekeake siwo nàte ŋu ana wo la dometɔ ɖeka.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔawo.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . . 

▪ Ðe meda sɔ le nu siwo medina tso vinyewo si mea?

▪ Ðe megblɔa nu si woawɔ la na wo hefiaa ale si woawɔ akpɔ dzidzedze la woa?

▪ Ɣekaɣie nye zi mamlɛtɔ si mede dzi ƒo na vinyewo alo kafu wo?

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe