Wokpɔ Mawu Ƒe Ŋkɔ Yehowa Le Trɔ̃xɔ Aɖe Me
TO VOVO na Biblia la, ɣekaɣi kee Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa, alo Yahweh, dze le teƒe bubuwo? Agbalẽnyala aɖewo gblɔ kakaɖedzitɔe be: Tso keke ƒe alafa 14 D.M.Ŋ. me kee. Nu ka ta wogblɔ nenema?
Kaka ƒe 1370 D.M.Ŋ. naɖo la, Egiptetɔwo ɖu dukɔ geɖewo dzi. Egipte Fia si nɔ anyi ɣemaɣi, si nye Farao Amenhotep (Amenophis) III, tu mawuxɔ nyadri aɖe ɖe Soleb, le Nubia, si nye Sudan fifia. Esi tomenukulawo va ke ɖe mawuxɔ ma ŋu la, wokpɔ Egiptetɔwo ƒe blemanuŋɔŋlɔ aɖe le eme, si dze abe anye ŋɔŋlɔdzesi ene siwo wotsɔ ŋlɔ Mawu ƒe ŋkɔa—YHWH, alo Yehowa—le Hebrigbe me ye ene. Kpe si dzi wokpɔ nuŋɔŋlɔ sia le la nɔ anyi ƒe 500 sɔŋ do ŋgɔ na Moabitɔwo Ƒe Kpe si dzi amewo susuna tsã be eyae nye teƒe xoxoetɔ kekeake si Mawu ƒe ŋkɔ dze le. Aleke wòdzɔe be Mawu si woyɔ le Biblia me la ƒe ŋkɔ va dze le Egiptetɔwo ƒe mawuxɔ me?
“Yahu Ƒe Shasu Nyigba”
Egiptetɔwo ƒe mawu si ŋkɔe nye Amun-Ra ye Farao Amenhotep III tu xɔ ma na. Mawuxɔ ma si didi meta 120 la nɔ Nil-tɔsisia ƒe ɣetoɖoƒe gome. Wotsɔ Egiptetɔwo ƒe blemaŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ nuto siwo dzi Amenhotep be yeɖu la ƒe ŋkɔwo ɖe mawuxɔa ƒe sɔti aɖewo ŋu tsɔ ɖo atsyɔ na wo. Wowɔ gamenɔla siwo ƒe asiwo wobla ɖe megbe, siwo dometɔ ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na nuto si me wolée tsoe la ƒe nɔnɔmetatawo; eye woŋlɔ nutoa alo dukɔ si me wòtso la ƒe ŋkɔ ɖe eƒe akpoxɔnu dzi. Ame siwo woyɔ be Shasu alo Shosou tɔwo la ƒe nuto geɖe ƒe ŋkɔwo dze le nɔnɔmetata mawo dometɔ aɖewo dzi. Ame kawoe nye Shasutɔwo?
Shasu ye nye ŋkɔ si Egiptetɔwo tsɔ na Bedouintɔ siwo woɖia gbɔe, siwo nɔ Egipte nyigbaa ƒe ɣedzeƒe liƒoa godo. Shasutɔwo ƒe anyigbawo lɔ Palestina ƒe anyiehe, Transjordan ƒe anyiehe, kple Sinai hã ɖe eme. Numekula aɖewo gblɔ be anyigba siwo wogblɔ be wonye Shasutɔwo tɔ la va ɖo Lebanon kple Siria, siwo le dziehe kekeake. Anyigba siwo ƒe ŋkɔwo dze le Soleb be woawo dzie Amenophis III ɖu la dometɔ ɖekae nye esi woŋlɔ le mɔ vovovowo nu be: “Yahwe le Shosou nyigba dzi,” “Yahu Ƒe Shasu Nyigba,” alo “Shasu-yhw nyigba.” Blema Egipte ŋuti numekula Jean Leclant gblɔ be ŋkɔ sia si dze le Soleb la “nye ŋɔŋlɔdzesi ene YHWH siwo wotsɔ ŋlɔ mawu si ŋu woƒo nu tso le Biblia me la ƒe ŋkɔ.”
Agbalẽnyala akpa gãtɔ xɔe se be teƒe alo nuto aɖee woyɔ le afi sia be Jahu, Yahu, alo Yahwe. Agbalẽnyala Shmuel Ahituv gblɔ be “teƒe si woyɔ nenema la tsi tsitre ɖi na nuto si me Israel viwo ƒe Mawu, Yāhū, subɔlawo dagba le.”a Ne nyateƒee nya sia nye la, ekema nuŋlɔɖi sia sɔ kple Blema nuŋlɔɖi bubu siwo dea dzesi nuto aɖe kple mawu si wosubɔna le afi ma la tɔ. Eƒe kpɔɖeŋu aɖee nye Asur, si wotsɔna dea dzesi Asiria nyigba kple mawu si wosubɔna le afi ma.
Biblia ŋutinunyala kple tomenukula Roland de Vaux gblɔ tso ŋkɔ sia si ŋu woke ɖo le Nubia mawuxɔa me la ŋu be: “Le nuto siwo me blema Israel viwo de ha kple dukɔ vovovo me tɔwo le me la, teƒewo kple amewo ƒe ŋkɔ geɖewo nɔ anyi tso keke ƒe akpe evelia D.M.Ŋ. ƒe domedome lɔƒo, siwo ɖi Israel Mawu la ƒe ŋkɔ alo sɔ kpli.”
Ŋkɔ Si Ŋu Wogadea Bubui
Menye Soleb ɖeɖe koe wotsɔ Egiptetɔwo ƒe blemaŋɔŋlɔdzesiwo ŋlɔ ŋkɔ Yahwe ɖo le Nubia o. Wokpɔ ŋkɔ bubu aɖewo le Ramses II ƒe mawuxɔwo hã me, le Amarah ƒe Ɣetoɖoƒe kple Aksha, siwo dze abe esiwo nɔ Soleb ƒe kɔpiwo ene. Le ŋkɔ siwo ŋu woke ɖo le Amarah dome la, ale si woŋlɔ “Yahwe le Shosou nyigba dzi” la de sɔsɔ ge kple ale si woŋlɔ Shosou nyigba bubuwo, abe Seir kple Laban ene, ƒe ŋkɔwo. Le Biblia me la, woyɔ teƒe mawo tɔ ɖe Palestina ƒe anyiehe, Edom, kple Sinai ŋu. (1 Mose 36:8; 5 Mose 1:1) Wonye teƒe siwo Yehowa subɔla siwo nɔ agbe do ŋgɔ na Israel viwo ƒe kluvimenɔɣi le Egipte, alo le ema megbe, la dena edziedzi.—1 Mose 36:17, 18; 4 Mose 13:26.
To vovo na mawu bubu siwo ƒe ŋkɔwo dze le blema nuŋlɔɖiwo me la, Mawu si ŋu Biblia ƒo nu tsoe ya ƒe ŋkɔ, si nye Yehowa, gakpɔtɔ nye ŋkɔ si ame geɖewo zãna hedea bubu eŋu le xexea me godoo. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa Ðasefo miliɔn adre kple edzivɔ siwo le dukɔ siwo wu 230 me la tsɔ wo ɖokuiwo na hele kpekpem ɖe amewo ŋu be woanya ŋkɔ tɔxɛ ma, si nye Yehowa, ahate ɖe Mawu si tɔ ŋkɔ ma la ŋu.—Psalmo 83:19; Yakobo 4:8.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Agbalẽnyala aɖewo ke ɖi nenye be nuŋlɔɖi ma si ŋu woke ɖo la fia be “mawu si nye Yahweh la subɔlawoe” Shasutɔwo nye. Woxɔe se be nudogoɖenunu aɖe koe wònye be anyigba sia si ƒe ŋkɔ ŋu kakaɖedzi mele o la sɔ kple Israel viwo ƒe Mawu la ƒe ŋkɔ.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 21]
Aleke wòdzɔe be Yehowa, Mawu si woyɔ le Biblia me, ƒe ŋkɔ va dze le Egiptetɔwo ƒe mawuxɔ me?
[Anyigbatata si le axa 21]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
EGIPTE
Mawuxɔ Si Nɔ Soleb
SUDAN
Nil Tɔsisi La
[Nɔnɔmetata siwo le axa 21]
Mawuxɔ la ƒe sɔti ƒe nɔnɔmetata
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Teƒe si Amun-Ra ƒe mawuxɔ la nɔ, Soleb, Sudan
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Ed Scott/Pixtal/age fotostock
[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 21]
Nɔnɔmetata si dzi woŋlɔ tanyaa ɖo: Asian and Middle Eastern Division/The New York Public Library/Astor, Lenox and Tilden Foundations