INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 7/1 axa 10-13
  • Ne Xɔ̃wò Dze Dɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ne Xɔ̃wò Dze Dɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðo to nyuie
  • Se veve ɖe enu, eye nàbu eŋu
  • De dzi ƒo nɛ
  • Kpe ɖe eŋu ale si dze
  • Mia kplii dome nekpɔtɔ nɔ nyuie
  • Ðe Wòle Be Maʋu Go Xɔ̃nye Ƒe Nu Gbegblẽ Wɔwɔa?
    Nyɔ!—2009
  • Ale Si Míakpe Ðe Ame Siwo Le Susumedɔ Lém Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2023
  • Mawu Le Kpewòm Be Nàva Nye Ye Xɔlɔ̃
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
  • Nukae Wòle Be Mawɔ ne Xɔ̃nye Ðo Afɔku Me?
    Nyɔ!—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 7/1 axa 10-13

Ne Xɔ̃wò Dze Dɔ

ÐE WÒDZƆ ɖe dziwò kpɔ be mènya nya si tututu nàgblɔ o, esi nèyi ɖasrã xɔ̃wò aɖe si dze dɔ la kpɔa? Ne edzɔ nenema ɖe, nu kae nàte ŋu awɔ? Nya sia gbɔ kpɔnu ɖeka aɖeke meli o. Elabena nɔnɔmeawo ate ŋu ato vovo tso teƒe yi teƒe. Eye amewo hã ƒe nɔnɔme le vovovo. Ame ƒe nɔnɔme kple seselelãmewo hã tea ŋu trɔna tso ŋkeke yi ŋkeke. Eya ta ɖewohĩ nu si woawɔ na dɔnɔ aɖe eƒe dzi nadze eme la masɔe na dɔnɔ bubu ya o.

Eya ta nu vevitɔe nye be nàtsɔ ɖokuiwò aɖo amea teƒe ahadze agbagba ade dzesi nu si tututu hiãe kple nu si wòadi be nàwɔ na ye. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Biblia me aɖaŋuɖoɖo ʋɛ aɖewoe nye esiwo gbɔna.

Ðo to nyuie

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO:

“Ame sia ame naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me.”—YAKOBO 1:19.

“Ðoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.”—NYAGBLƆLA 3:7.

◼ Ne èyi ɖasrã xɔ̃wò aɖe si le dɔ lém kpɔ, eye wòle nu ƒom na wò la, se veve ɖe enu, eye nàɖo toe nyuie. Mègatsi dzi klokloklo be yeaɖo aɖaŋu nɛ, alo ase le ɖokuiwò me be yeagblɔ ale si wòakpɔ eƒe kuxia gbɔ nɛ godoo o. Nuƒoƒo fũu akpa ate ŋu ana nàɖe ŋu ɖi agblɔ nya si aɖe fu nɛ. Menye ame si aɖo nya siwo wòagblɔ ŋu nɛ la dimee xɔ̃wòa le o, ke boŋ ame si aɖe dzi ɖi ase eƒe nyawo faa ahase veve ɖe enu dim wòle.

Ðe mɔ xɔ̃wòa nagblɔ eƒe dzimenyawo faa. Mègatso nya ɖe enu alo agblɔ nya siwo afia be mèbu eƒe dɔlélea nya vevii o. Emílioa gblɔ be: “Ahɔhɔ̃medɔ aɖe na nye ŋku gbã. Ɣeaɖewoɣi la, dzi ɖena le ƒonye, eye ne xɔ̃nyewo di be yewoafa akɔ nam la, wogblɔna be: ‘Ènyaa, menye wò ɖeka dzi koe wòdzɔ ɖo o. Tɔwò kura nyo wu ame aɖewo tɔ.’ Gake womenyana be nya mawo gbɔgblɔ tena ɖe dzinye ŋutɔ o. Ðeko wogblẽa nyaa ɖe edzi henana dzi ɖena le ƒonye boŋ.”

Na xɔ̃wòa naɖe eƒe dzimenyawo agblɔ na wò faa, esi mavɔ̃ be àva he nya ɖe ye ŋu o. Ne egblɔ na wò be yele vɔvɔ̃m la, na wòakpɔe be èse egɔme na ye, ke menye be nàgblɔ nɛ ko be megavɔ̃ o. Eliana si kansa le fu ɖem na la gblɔ be: “Ne metsi dzi ɖe nye nɔnɔmea ŋu, eye mewó avi la, mefia be nyemegaɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu o.” Dze agbagba nàse xɔ̃wòa ƒe nɔnɔmea gɔme, eye mèganɔ mɔ kpɔm be wòawɔ nu abe ale si nèdi ene o. Ðo ŋku edzi be megale eɖokui me abe tsã ene o, eya ta nu ate ŋu avee kabakaba. Gbɔ dzi ɖi nɛ. Ðo toe ne ele nu ƒom—ne ele nya ɖeka gbɔgblɔ dzi hã. (1 Fiawo 19:9, 10, 13, 14) Ðewohĩ ɖeko wòdi be yeagblɔ nu si me tom yele la na wò.

Se veve ɖe enu, eye nàbu eŋu

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO:

“Mikpɔ dzidzɔ kple ame siwo le dzidzɔ kpɔm; mifa avi kple ame siwo le avi fam.”—ROMATƆWO 12:15.

“Nu sia nu si miedina be amewo nawɔ na mi la, ele be miawo hã miawɔ nenema ke na wo.”—MATEO 7:12.

◼ Tsɔ ɖokuiwò ɖo xɔ̃wòa teƒe. Ne ɖewohĩ eteƒe madidi o woawɔ dɔ nɛ, alo ele atike aɖe zãm, alo wodoe kpɔ le kɔ dzi wòle ŋuɖoɖoa lalam la, ate ŋu atsi dzodzodzoe ahanɔ dziku dom kabakaba. Dze agbagba nàde dzesii, eye nàtrɔ ɖe eƒe seselelãmeawo ŋu nɛ. Menye ɣemaɣie nànɔ nya geɖe biamee o, vevietɔ nya siwo madi be yeagblɔ o.

Susuŋutinunyala Ana Katalifós gblɔ be: “Ɣesiaɣi si dɔnɔa di be yeaƒo nu tso yeƒe dɔlélea ŋu na wò la, ɖe mɔ nɛ wòagblɔe faa le ale si wòdii nu. Ne dzeɖoɖo dzroe la, ɖo dze kplii faa tso nya sia nya si wòado ɖa ŋu. Gake ne nuƒoƒo mele edzrom o la, àte ŋu anɔ anyi ɖe egbɔ kpoo ahazi ɖoɖoe, eye asiléle nɛ ɖeɖe dzaa ate ŋu ana eƒe dzi nadze eme. Alo ɖewohĩ ɖeko wòdi be nàse veve ɖe ye ti ahafa kpli ye.”

Mègakaka xɔ̃wòa ƒe nya ɣaɣlawo o. Agbalẽŋlɔla Rosanne Kalick, si lé kansa zi eve kpɔ la, ŋlɔ be: “Ne èle dze ɖom kple xɔ̃wòa ku ɖe eƒe dɔlélea ŋu la, bu nya sia nya si wòagblɔ na wò la nya ɣaɣlae. Ne womebia tso asiwò be nàƒo nu ɖe ƒomea teƒe o la, mègakɔ nu le nya mawo dzi na ame aɖeke o. Bia dɔnɔa be nya kawoe wòadi be ame bubuwo nase faa hã.” Edson, si hã kansa ɖe fu na kpɔ la, gblɔ be: “Xɔ̃nye aɖe nɔ ekakam na amewo be kansa le ŋunye, eye be nyemegale agbe nɔ ge wòadidi o. Ðeko wowɔ dɔ nam teti koe nye ema ya. Menya be kansa le ŋunye, gake ɖɔktawo meɖo kpe edzi haɖe be ekaka ɖe lã me nam loo alo mekaka o. Dodokpɔwo va ɖee fia be dɔlélea mekaka ɖe lã me nam o. Gake ekaka nyaa ya xoxo. Nya tɔame siwo amewo gblɔna na srɔ̃nye kple nya siwo ŋu womebuna nyuie hafi bianae o la gbãa dzi nɛ ŋutɔ.”

Ne xɔ̃wòa le ale si wòdi be yeada dɔa ŋu bum la, mègatsi dzi agblɔ nu si nàwɔ nenye wòe la nɛ o. Agbalẽŋlɔla Lori Hope, si kansa te ŋu vɔ na la, gblɔ be: “Hafi nàɖo nyatakaka ɖe ame si lé kansa alo ame si kansa ɖe fu na kpɔ la, anyo wu be nàbiae gbã be nyati mawo tɔgbi adzɔ dzi nɛ hã. Ne menye nenema o la, àsusui be yele nyui wɔm na xɔ̃wòa, gake mànya be nuxaxa boŋ dom nèle nɛ o.” Menye ame sia amee adi be woaɖo nyatakaka ɖe yewo tso atikewɔwɔmɔnu vovovowo ŋu le ɣeyiɣi ɖeka me o.

Ne xɔ̃wò vevi ye dɔnɔa nye hã la, mèganɔ egbɔ wòadidi akpa o. Ele vevie be nàsrãe kpɔ ya, gake ɖewohĩ madi be nàtsi ye gbɔ fũu o. Ðewohĩ ɖeɖi te eŋu, eye mate ŋu aƒo nu fũu alo aɖo to ɣeyiɣi didi o. Gake megadze le ŋuwò be èle tsɔtsɔe dim o. Ele be xɔ̃wòa nakpɔe adze sii be ètsɔ ɖe le eme na ye.

Xɔ̃wòa ŋu bubu bia be nànya nu si wòle be nàwɔ kple ale si nàwɔe. Le kpɔɖeŋu me, ne èdi be yeaɖa nu ayi na dɔnɔa, alo atsɔ atikutsetsewo ayi nɛ la, anyo be nàbiae be nu kawoe medzɔa dzi nɛ o hã. Ne dɔ aɖewo, abe kpe ene, le fu ɖem na wò la, anyo be nàlala wòavɔ na wò hafi nàyi aɖasrãe kpɔ.

De dzi ƒo nɛ

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO:

“Nunyalawo ƒe aɖe daa gbe le ame ŋu.”—LODODOWO 12:18.

“Mina miaƒe nya nadze to ɣesiaɣi, eye dze nanɔ eme.”—KOLOSETƆWO 4:6.

◼ Ne susu nyui le asiwò ɖe xɔ̃wò si le dɔ lém ŋu la, adze le wò nuƒoƒo kple nuwɔna me. Kpɔ xɔ̃wòa abe ale si nènyae tsã ene, eye nàɖo ŋku eƒe nɔnɔme nyui siwo na nèdze xɔ̃e la dzi. Wɔ nu ɖe eŋu abe ale si ko nèwɔnɛ tsã ene, ke menye abe dɔnɔ ene o. Ne èƒoa nu na xɔ̃wòa abe ɖe wɔna aɖeke megale eŋu o ene la, ava te eɖokui bubu nenema. Roberta, si ŋu ƒutomedɔléle aɖe le la, gblɔ be: “Mègawɔ nu ɖe ŋunye abe dɔnɔ ene o. Mezu wɔameetɔ ya, gake mebua ta me, eye nanewo dzroa nye hã. Mègabum be mezu nublanuitɔ o. Mègaƒo nu nam abe ɖe nyemegale nu nyam o ene o.”

Ðo ŋku edzi be nya si nàgblɔ kple ale si nàgblɔe la le vevie. Ele be nànya gbe si nàtsɔ aƒo nui hã. Esi Ernesto lé kansa eteƒe medidi o la, exɔlɔ̃ aɖe ƒo ka nɛ tso duta hegblɔ be: “Ewɔ nuku nam ŋutɔ be wò ŋutɔŋutɔe lé kansa!” Ernesto gblɔ be: “Ale si wògblɔ nyaa abe ɖe nye ya nyemate ŋu alé kansa o ene la na nye lã me tu.”

Agbalẽŋlɔla Lori Hope hã gblɔ be: “Ne èbia dɔnɔ be aleke wòfɔe hã la, ate ŋu ase egɔme le mɔ vovovo nu. Gbe si ƒomevi nètsɔ bia nyaa, ale si nèɖo moe, ale si mia kple dɔnɔa dome le, kple nɔnɔme si me dɔnɔa le ɣemaɣi la ate ana nya ma nade dzi ƒo nɛ loo, aɖu dzi nɛ loo, alo ana wòatsi dzodzodzoe.”

Ðikeke mele eme o be xɔ̃wò si le dɔ lém la adi be yeakpɔe be ètsɔ ɖe le eme na ye, se nu gɔme na ye hede bubu ye ŋu. Eya ta na wòaka ɖe edzi be ame vevi aɖee wònye na wò, eye be yele klalo akpe ɖe eŋu ɣesiaɣi. Rosemary, si nu te ahɔhɔ̃ me na la, gblɔ be: “Nu si koŋ dea dzi ƒo nam ye nye ale si xɔ̃nyewo gblɔna nam be yewolɔ̃m ŋutɔ, eye be yewomagblẽm ɖi gbeɖe o.”—Lododowo 15:23; 25:11.

Kpe ɖe eŋu ale si dze

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSE:

“Migana míatsɔ nya kple aɖe alɔ̃ amee o, ke boŋ míatsɔ nuwɔwɔ kple nyateƒe alɔ̃ amee.”—1 YOHANES 3:18.

◼ Nu siwo me wòahiã be nàkpe ɖe xɔ̃wòa ŋu le esime wokpɔ dɔa le eŋu teti la ato vovo na nu siwo ahiã le dɔa daɣi. Gake le wo katã me la, ehiã be nàkpe ɖe eŋu. Le esi teƒe be nàgblɔ nɛ ko be, ne nane hiãe la, ate ŋu agblɔe na ye faa la, gblɔ nu siwo nàdi be yeawɔ nɛ la nɛ boŋ. Gbesiagbe dɔwɔna aɖewo, abe nuɖaɖa, aƒemedzadzraɖo, nunyanya, nudziɖoɖo, dɔtsɔtsɔ, asimeyiyi, alo xɔ̃wòa kɔkɔ yi kɔ dzi agakɔe agbɔe ene, nye nu vevi siwo nàte ŋu awɔ atsɔ aɖee afia be yetsɔ ɖe le eme nɛ la dometɔ aɖewo. Na wòaka ɖe dziwò, eye nànɔ game dzi. Wɔ wò nyawo kple ŋugbedodowo hã dzi ɣesiaɣi.—Mateo 5:37.

Agbalẽŋlɔla Rosanne Kalick gblɔ be: “Nu sia nu si míawɔ atsɔ akpe ɖe dɔnɔa ŋu, ne eganye nu sue aɖe koe hã la, aɖe vi.” Sílvia, si kansa ɖe fu na kpɔ zi eve sɔŋ la hã lɔ̃ ɖe nya sia dzi. Egblɔ be: “Ale si xɔ̃nye vovovowo kɔam yia du vovovo me gbe sia gbe be woawɔ atike nam la dea dzi gbɔ nam hefaa akɔ hã nam ŋutɔ! Míeɖoa dze vovovowo le mɔa dzi, eye ne míetrɔ gbɔna tso kɔa dzi la, míeva dia nane nona le mɔ dzi godoo. Esia nana mevona le ɖokuinye me.”

Gake mègasusui be yenya nu si tututu hiã xɔ̃wòa o. Eya ta Kalick ɖo aɖaŋu be: “Ɣesiaɣi la, biam.” Egblɔ kpee be: “Togbɔ be àdi be yeakpe ɖe ŋunye hã la, mègaxɔ nu sia nu ƒu akɔ o. Ema ate ŋu agblẽ nu. Ne mèɖe mɔ nam be mawɔ naneke o la, efia be èle gbɔgblɔm nam be nyemate ŋu awɔ naneke o. Medi be mase le ɖokuinye me be nye hã mate ŋu awɔ nane. Nyemedi be mase le ɖokuinye me be mezu agba na amewo o. Kpe ɖe ŋunye mawɔ nu si mate ŋu awɔ.”

Ɛ̃, ele be xɔ̃wòa nase le eɖokui me be yeagate ŋu awɔ nanewo. Adilson, si ŋu ɖikanaku (AIDS alo SIDA) le la, gblɔ be: “Ne èle dɔ lém la, màdi be woaɖe ye ɖe axa dzi, abe ɖe yemegale bo aɖeke nu o, alo wɔna vɔ le ye ŋu, ene o. Wò hã àdi be yeawɔ nane godoo, ne nu tsɛ aɖe koe hã. Ne wò ŋutɔ hã ète ŋu wɔ nane la, dzi adzɔ wò! Ana agbea mati wò o. Medina be amewo nana nye ŋutɔ matso nya me, eye be woalɔ̃ mawɔ nu si medi. Ne ame zu dɔnɔ la, mefia be magate ŋu anye vifofo, vidada, alo atsɔ agba bubu siwo le edzi o.”

Mia kplii dome nekpɔtɔ nɔ nyuie

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSE:

“Xɔlɔ̃ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.”—LODODOWO 17:17.

◼ Ne màte ŋu ayi aɖasrã xɔ̃wòa kpɔ o, ɖewohĩ le ale si mia kplii dome didi ta, alo le susu bubu aɖe ta la, àte ŋu aƒo ka nɛ miaɖo dze alo aŋlɔ agbalẽ alo e-mail ɖo ɖee. Nu kae nàte ŋu aŋlɔ? Alan D. Wolfelt, si ɖoa aɖaŋu na ame siwo le nu xam la, gblɔ be: “Ƒo nu tso dzidzɔɣi siwo me mia kplii mieto la dometɔ aɖewo ŋu nɛ. Do ŋugbe nɛ be yeagaŋlɔ nu aɖo ɖee kpuie, eye dze agbagba nàwɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi.”

Mègavɔ̃ be nàƒo nu na xɔ̃wò si dze dɔ, le vɔvɔ̃ be yeava gblɔ nya aɖe, alo awɔ nane, si madzɔ dzi nɛ o ta o. Zi geɖe la, wò afi ma yiyi ɖeɖe dzaa koe hiã. Lori Hope ŋlɔ le eƒe agbalẽ aɖe me be: “Edzɔna ɣeaɖewoɣi be mí katã míegblɔa nya alo wɔa nu siwo gɔme amewo sena bubui, alo míedzea agɔ le amewo dzi le manyamanya me. Mehiã be nàtsi dzi ɖe ema ŋu o. Nu si masɔ be nàwɔ o boŋ ye nye be nànɔ vɔvɔ̃m be yeava gblɔ nya aɖe adze agɔ le amea dzi, si awɔe be nàgbe ame si ŋu wòhiã be nàkpe ɖo la gbɔ yiyi kura.”

Ne xɔ̃wò aɖe le dɔ lém vevie la, ke fifiae wòhiã be nànɔ eŋu wu. Nye ‘xɔlɔ̃ vavã’ nɛ. Ðewohĩ kpekpeɖeŋu siwo nàna xɔ̃wò vevia la matsi eƒe veveseseawo nu ya o, gake ate ŋu ana nɔnɔme sesẽ si me tom wòle la nu nanya nɔ nɛ wu.

[Etenuŋɔŋlɔ]

a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe