INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 8/1 axa 8-9
  • Womegavɔ̃a Nuwuwua O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Womegavɔ̃a Nuwuwua O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Si Ta Mɔkpɔkpɔ Mebu Ðe Mí Le Agbe Me O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Aids—Dɔvɔ̃a Le Ta Kekem
    Nyɔ!—1998
  • Dzeɖoɖo Kple Aƒelika Yesu Ke Koe Ganye Mawua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Ame Kae Menye?
    Nya 10 Siwo Sɔhɛwo Biana Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 8/1 axa 8-9

Womegavɔ̃a Nuwuwua O

LE ƑE 1970-awo ƒe nuwuwu lɔƒo la, Gary kple Karen susui be nuwuwua gogo. Eya ta woʋu le dugã me yi ɖatsi kɔƒenuto aɖe me heɖoe be yewo ŋutɔ yewoakpɔ yewoƒe nu sia nu gbɔ. Wodi be yewoatsi agbe.

Be woate ŋu asu te na esia wɔwɔ la, woƒle agbalẽwo, wode suku hesrɔ̃ nu geɖewo, eye woɖo dze kple ame ale si nu woate ŋui. Wotɔ abɔ hedo atikutsetse vovovo 50. Woƒo nuku kple dɔwɔnu gbogbo aɖe nu ƒu. Wosrɔ̃ ale si woade agble ahadzra nuɖuɖu ɖo. Wo xɔlɔ̃ aɖe fia ale si woawu lã kple ale si woakpɔ eta be wòagagblẽ o la wo. Wokpe ɖe Karen ŋu wònya avemeti kple amagbe siwo woɖuna, ale be ne nuɖuɖu va vɔ le wo si la, ne woaɖu wo. Gary srɔ̃ ale si woatsɔ nuku awɔ mɔmemii, ewɔ gamlekpui si me wotsɔa nake doa dzo ɖo, eye wòtu xɔ si me nu sia nu si hiã wo la le.

Karen gblɔ be: “Ale si xexea me gblẽ keŋ ɣemaɣi ta la, mesusu be amegbetɔwo ƒe ŋgɔyiyiwo katã nu ayi kpuie.” Gary gblɔ be: “Abe sɔhɛ bubuwo ke ene la, nye hã menɔ agbagba dzem be mana dukɔwo dome fuléle, Vietnam Ʋa, kple nu fitifiti wɔwɔ nu nayi. Gake eteƒe medidi hafi dzi ɖe le ƒonye o. Ewɔ nam be ne nuwo ayi edzi alea la, ekema amegbetɔwo gbɔna wo ɖokui tsrɔ̃ ge.”

Gary gblɔ be: “Gbe ɖeka zã me, esi ɣeyiɣi vi aɖe su asinye la, metsɔ Biblia, eye mexlẽe tso Mateo va se ɖe Nyaɖeɖefia. Megaxlẽe ake le zã ene siwo kplɔe ɖo me. Le ŋkeke atɔ̃lia ƒe ŋdi la, megblɔ na Karen be: ‘Míele ŋkeke mamlɛawo me. Mawu le anyigbaa dzi dzra ge ɖo kpuie. Ehiã be míadi ame siwo atsi agbe.’” Gary kple Karen te tsatsa le subɔsubɔhawo dzi hele ame siwo di be yewoadzra ɖo ɖe nuwuwua ŋu la dim.

Eteƒe medidi o Yehowa Ðasefo aɖe va srã wo kpɔ, eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli wo. Karen gblɔ be: “Nusɔsrɔ̃a nɔ nunye vivim ŋutɔ, elabena woɖea Ŋɔŋlɔawo me nam nyuie. Ɣeyiɣi si nuwuwua ava tututu dim menɔ, eye meva nyae mlɔeba. Mɔkpɔkpɔ vavã aɖe li ɖe etsɔ me ŋu. Gake nu si ganyo wu emae nye be, meva dze xɔ̃ Fofonye si le dziƒo, si nye Mawu, ame si wɔ xexea.”

Gary gblɔ be: “Meva nya nu si tututu ta mele agbe ɖo. Esi menya dze Biblia sɔsrɔ̃ ko la, nyemate ŋu adzudzɔ o. Mexlẽ Biblia me nyagblɔɖi geɖe, medzro kpeɖodzi siwo li be wole eme vam la me, eye meva ka ɖe edzi be Mawu le afɔ ɖe ge kpuie. Megblɔ le dzi me be: ‘Menye dzɔdzɔmefɔku ŋue wòle be amewo nanɔ dzadzram ɖo o, ke boŋ agbe si Mawu di be míanɔ la boŋ ŋue.’” Mɔkpɔkpɔ va su Gary kple Karen si be etsɔ me ava nyo. Le esi teƒe be woanɔ vɔvɔ̃m ɖe xexea ƒe nuwuwu ŋu la, woka ɖe edzi boŋ be Mawu aɖe kuxi siwo le fu ɖem na amegbetɔwo la ɖa, eye wòana anyigba la nagazu paradiso.

Ƒe 25 ye nye esi va yi; ke nu ka wɔm Gary kple Karen le fifia? Karen ɖo eŋu be: “Mewɔa nu siwo ana magalɔ̃ Yehowa Mawu ahaxɔ eya amea dzi se geɖe wu, eye medzea agbagba be makpe ɖe ame bubuwo ŋu woawo hã woawɔe nenema. Mía kple Gary míekpena ɖe mía nɔewo ŋu ale be míaƒe ƒomea nasẽ ŋu, eye míawɔ ɖeka asubɔ Mawu. Míedzea agbagba wɔa ɖoɖo ɖe míaƒe nuwo ŋu, eye míenɔa agbe tsɛ, ale be míaƒe susu nanɔ ale si míakpe ɖe ame bubuwo ŋui la ŋuti.”

Gary gblɔ kpee be: “Medoa gbe ɖa ɣesiaɣi be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava ne ame miliɔn geɖe nakpɔ gbɔdzɔe. Ɣesiaɣi si mele Mawu Fiaɖuƒea ŋuti nya nyuia gblɔm la, medoa gbe ɖa be makpe ɖe ame ɖeka ya teti ŋu wòanɔ mɔ kpɔm na Biblia me ŋugbedodowo. Ƒe 25 kple edzivɔe nye esia si Yehowa le gbedodoɖa ma ŋu ɖom nam. Mía kple Karen míexɔe se be Yehowa ana nu geɖewo natrɔ le anyigba dzi kpuie, gake míegavɔ̃a nu siwo ava dzɔ le etsɔ me o.”—Mateo 6:9, 10; 2 Petro 3:11, 12.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Gary kple Karen le kpekpem ɖe amewo ŋu be woanɔ mɔ kpɔm na nu siwo ƒe ŋugbe Biblia do

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe