Nyabiase Ene Le Nuwuwua Ŋu Ƒe Ŋuɖoɖowo
YESU KRISTO gblɔe ɖi be ‘nuwuwua ava’ le etsɔ me. Egblɔ tso ɣemaɣi ŋu be: “Ɣemaɣi la, xaxa gã ava, si tɔgbi meva kpɔ o, ao, meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o, eye magava ake o.”—Mateo 24:14, 21.
Nya siwo Yesu gblɔ tso nuwuwua ŋu kple nya siwo Biblia ƒe akpa bubuwo gblɔ tso eŋu la fɔ biabia vevi aɖewo ɖe te. Ðe manyo be nàtsɔ Biblia ne wò ŋutɔ nàxlẽ ale si wòɖo nyabiase mawo ŋui oa?
1 Nu Ka Ƒe Nuwuwu Wòanye?
Biblia mefia nu be woava tsrɔ̃ míaƒe anyigba sia o. Hakpala la ŋlɔ be: “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi, ne magaʋã gbeɖe akpɔ o.” (Psalmo 104:5) Eye Biblia mefia nu hã be dzo gbɔna bibi ge atsrɔ̃ nu gbagbewo katã ɖa le anyigba dzi o. (Yesaya 45:18) Yesu ŋutɔ gblɔ be ame aɖewo atsi agbe le nuwuwua. (Mateo 24:21, 22) Ekema nu ka ƒe nuwuwue Biblia gblɔ ɖi?
Amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo awu enu, elabena wodo kpo nu. Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Daniel wòŋlɔ be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o; agbã fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
Aʋawɔwɔ kple ɖiƒoƒo anyigba atɔ. Psalmo 46:10 gblɔ tso nu si Mawu awɔ ŋu be: “[Atsi] aʋawɔwɔwo nu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu ke, eflia dati, eŋea akplɔ, eye wòtɔa dzo tasiaɖamwo!” Biblia fia nu hã be Mawu “[ahe] gbegblẽ ava ame siwo le anyigba la gblẽm la dzi.”—Nyaɖeɖefia 11:18.
Nu vlo wɔwɔ kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ nu ayi. Mawu ƒe Nya la do ŋugbe be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.”a—Lododowo 2:21, 22.
2 Ɣekaɣie Nuwuwua Ava?
Yehowa Mawu ɖo “ɣeyiɣi” si wòana nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo katã nu nayi, eye wòana eƒe Fiaɖuƒea naɖu xexea dzi la ɖi. (Marko 13:33) Gake Biblia na eme kɔ ƒãa be míate ŋu abu akɔnta aɖeke anya gbe si gbe tututu nuwuwua ava o. Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma kple gaƒoƒo ma ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko.” (Mateo 24:36) Gake Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo gblɔ ale si nɔnɔmeawo anɔ le anyigba dzi ne esusɔ vie Mawu nahe nuwuwua avae la ɖi. Ne nudzɔdzɔ siwo gbɔna la katã le eme vam le ɣeyiɣi ɖeka me le xexea me godoo la, ekema efia be nuwuwua tu aƒe.
Dunyahenyawo, nutoa me ƒe nɔnɔme kple hadomenyawo le gbegblẽm ɖe edzi ŋutɔ wu tsã. Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo bia nyae tso nuwuwua ŋu la, eɖo eŋu be: “Dukɔ atsi tsitre ɖe dukɔ ŋu, eye fiaɖuƒe ɖe fiaɖuƒe ŋu, anyigba aʋuʋu le teƒeteƒewo, nuɖuɖu ave. Nu siawo nye fuɖuame ƒe gɔmedzedze.” (Marko 13:8) Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Le ŋkeke mamlɛawo me la, ɣeyiɣi sesẽ siwo me nɔnɔ sesẽ la ava. Elabena amewo anye ɖokuilɔ̃lawo, galɔ̃lawo, adegbeƒolawo, ɖokuidoɖedzilawo, busunyagblɔlawo, ame maɖoto dzilawo, ame madakpewo, ame mawɔnuteƒewo, ame siwo melɔ̃a ame ƒe nya o, ame siwo melɔ̃na ɖe nya aɖeke dzi o, ameŋugblẽlawo, ame siwo meɖua wo ɖokuiwo dzi o, ame wɔadãwo, ame siwo melɔ̃a nu nyui o, yomemɔfialawo, ame magbɔdziɖiwo, ame siwo doa wo ɖokuiwo ɖe dzi glodzoo, ame siwo lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ le esi teƒe be woalɔ̃ Mawu.”—2 Timoteo 3:1-5.
Wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea le xexea me godoo le gbegbɔgblɔ geɖe me. Yesu gblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒe ŋuti nya nyui sia le anyigba blibo la katã dzi, be wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu la ava.”—Mateo 24:14.
3 Nu Kae Adzɔ Le Nuwuwua Megbe?
Biblia mefia nu be woakplɔ ame nyuiwo katã adzoe le anyigba dzi be woayi aɖase vivi le dziƒo o. Ke boŋ ɖe Yesu gblɔ be ta me si Mawu ɖo ɖe amegbetɔwo ŋu le gɔmedzedzea la ava eme. Yesu gblɔ be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame fafawo, elabena woanyi anyigba la dome.” (Mateo 5:5; 6:9, 10) Biblia do ŋugbe be woava fɔ ame siwo ku hafi nuwuwua va la ɖe tsitre. (Hiob 14:14, 15; Yohanes 5:28, 29) Nu kae adzɔ le nuwuwua megbe?
Yesu anɔ dziƒo ahanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia. Nyagblɔɖila Daniel gblɔ be: “Meɖo ŋku anyi le ŋutega me le zã, kpɔ ɖa, nane zɔ kple alilikpowo le abe amegbetɔ [Yesu si wofɔ ɖe tsitre] ene heva ke ɖe amegã ɖeɖi la [Yehowa Mawu] gbɔ, eye wokplɔe yi egbɔe. Wotsɔ ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu [na Yesu], eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo subɔe; eƒe dziɖuɖu li tegbee, eye enu mayi o, eye eƒe fiaɖuƒe magbã o.”—Daniel 7:13, 14; Luka 1:31, 32; Yohanes 3:13-16.
Ame siwo dzi Mawu Fiaɖuƒea aɖu la anɔ lãmesẽ blibo me, woanɔ dedie, eye woanɔ agbe tegbee. Nyagblɔɖila Yesaya ŋlɔ be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o.” (Yesaya 65:21-23) Apostolo Yohanes ŋlɔ tso ɣemaɣi ŋu be: “Kpɔ ɖa! Mawu ƒe agbadɔ la le amegbetɔwo gbɔ, eye wòanɔ anyi kpli wo, eye woanye eƒe dukɔwo. Eye Mawu ŋutɔ anɔ anyi kpli wo. Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
4 Nu Kae Wòle Be Nàwɔ Atsi Agbe Le Nuwuwua?
Apostolo Petro lɔ̃ ɖe edzi be ame siwo le agbe le nuwuɣia la dometɔ aɖewo aɖu fewu agblɔ be Mawu mele nu de ge amegbetɔwo ƒe nyawo me ahana nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo nu nayi o. (2 Petro 3:3, 4) Gake Petro xlɔ̃ nu ame siwo anɔ agbe le mía ŋɔli la be woawɔ nu si gbɔna.
Srɔ̃ nu tso nu siwo dzɔ va yi la me. Petro gblɔ be: “[Mawu] mehe ɖe megbe le tohehe na blemaxexe aɖe me o, gake wòkpɔ Noa, dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela, kpakple ame adre bubuwo ta dedie esime wòhe tsiɖɔɖɔ va ame mavɔ̃mawuwo ƒe xexe aɖe dzi.” (2 Petro 2:5) Petro gblɔ tso ame siwo ɖua fewu la ŋu be: “Womete ŋu de dzesi nyateƒenya sia o, le esi wodii nenema ta: be to Mawu ƒe nya la dzi la, dziƒowo nɔ anyi tso blema, eye anyigba hã do tso tsi me, eye tsi ƒo xlãe; eye nu siawoe wotsɔ tsrɔ̃ xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee. Gake to nya ma ke dzi la, wodzra fifi dziƒo kple anyigbab ɖo ɖi na dzo, eye wole wo ɖom ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ƒe ŋkeke la.”—2 Petro 3:5-7.
Nɔ agbe nyui abe ale si Mawu dii ene. Petro gblɔ be ele be ame siwo di be yewoatsi agbe le nuwuwua la nawɔ nu siwo me “agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo kple dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le.” (2 Petro 3:11) De dzesii be Petro ƒo nu tso “agbenɔnɔ kɔkɔe me nuwɔnawo” kple “dɔwɔna siwo me ɖokuitsɔtsɔ na Mawu dzena le” ŋu. Eya ta eme kɔ be, menye gbɔgblɔ be yexɔ Mawu dzi se alo alala be ne nuwuwua ɖo hã yeadzra ye kple Mawu dome ɖo ƒe nya koe wònye o.
Nuwɔna kple dɔwɔna kawo tututue dzea Mawu ŋu? Ðe manyo be nàtsɔ nu siwo nèsrɔ̃ la asɔ kple nu si tututu Biblia fia oa? Yehowa Ðasefowo alɔ̃ faa akpe ɖe ŋuwò. Bia wo ne woatsɔ mawunyakpukpui siwo ɖo kpe woƒe nyawo dzi la afia wò le Biblia me. Ne èwɔe alea la, ekema dzi ate ŋu anɔ ƒowò nànɔ mɔ kpɔm na etsɔ me kple kakaɖedzi, togbɔ be nu siwo le dzɔdzɔm la na amewo le vɔvɔ̃m hã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye: “Ðe Ame Sia Ame Ate Ŋu Adze Si Mawu Ahalɔ̃ea?” le axa 22.
b Kpɔɖeŋunyigba ƒe nya gblɔm Petro le le afi sia. Biblia ƒo nu tso anyigba ŋu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu le teƒe bubuwo hã. Hakpala la ŋlɔ be: “Anyigba netso aseye.” (Psalmo 97:1) Ale si ko anyigba ŋutɔ mate ŋu ‘atso aseye’ le eɖokui si o la, nenema kee menye anyigba ŋutɔe woatsrɔ̃ o. Ke boŋ, abe ale si Petro gblɔ ene la, ame mavɔ̃mawuwoe woatsrɔ̃.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 7]
Anyigba la nu mayi o, gake ame siwo le egblẽm ya nu ayi