Ènyaa?
Nu kae nye “aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ” si ŋu apostolo Paulo ƒo nu tsoe?
▪ Paulo ŋlɔ be: “Mawu . . . nɔa ŋgɔ na mí ɣesiaɣi le aʋadziɖuɖu ƒe gbɔlɔlɔ gã aɖe me ɖekae kple Kristo la, eye wònana wokpɔa eƒe sidzedze ƒe ʋeʋẽ la dzea sii toa mía dzi le afi sia afi! Elabena mienye Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili na Mawu le ame siwo ɖem wole kple ame siwo le tsɔtsrɔ̃m la dome; míenye ʋeʋẽ si tsoa ku me yia ku me na ame mamlɛtɔ siawo, eye míenye ʋeʋẽ si tsoa agbe me yia agbe me na ame gbãtɔawo.”—2 Korintotɔwo 2:14-16.
Ale si Romatɔwo lɔa gbɔ tsɔna dea bubu aʋafia si ɖu dukɔa ƒe futɔwo dzii ŋu lae apostoloa tsɔ le kpɔɖeŋu wɔm le afi sia. Woɖea aboyonuawo kple ame siwo wolé le aʋa la fiana be amewo nakpɔ, eye wokplɔa nyiwo yia vɔsaƒe esime ameha la nɔa aʋafia si ɖu dzi la kple eƒe aʋakɔa kafum. Ne wolɔ gbɔa vɔ la, ekema wotsɔa nyiawo saa vɔe, eye wowua ame siwo wolé la dometɔ geɖe hã.
Numekugbalẽ aɖe (The International Standard Bible Encyclopedia) gblɔ be “ɖewohĩ ale si Romatɔwo tɔa dzo lifi ne wole gbɔa lɔm” la mee woɖe kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ si nye “Kristo ƒe ʋeʋẽ lilili,” si nye agbe na ame aɖewo, eye wònye ku na ame bubuwo la tso. Egblɔ kpee be: “Ʋeʋẽ lilili si nye aʋadziɖuɖu ƒe kpɔɖeŋu na aʋadziɖulawo la ɖoa ŋku edzi na aboyomeawo ya be ɖewohĩ wole wo wu ge.”a
Nu kae nye “teƒe kɔkɔ” siwo ŋu woƒo nu tsoe edziedzi le Hebri Ŋɔŋlɔawo me?
▪ Esi wòsusɔ vie Israel viwo naɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa gblɔ na wo be woagblẽ teƒe siwo katã Kanaantɔ siwo le afi ma la dea ta agu na woƒe mawuwo le la dome. Mawu de se na wo be: “Miagbã woƒe aklama kpakpɛwo katã kple woƒe legbawo katã kpakple woƒe [teƒe kɔkɔ kɔkɔewo, NW] katã.” (4 Mose 33:52) Biblia aɖewo zã nya “nuxeƒe” ɖe “teƒe kɔkɔ” teƒe. Ðewohĩ alakpasubɔsubɔ ƒe teƒe kɔkɔ mawo nye togbɛwo tame alo kpo siwo woƒu ɖe teƒe bubuwo, abe atiwo te alo duwo me ene. (1 Fiawo 14:23; 2 Fiawo 17:29; Xezekiel 6:3) Ðewohĩ vɔsamlekpuiwo, sɔti kɔkɔewo, nɔnɔmetatawo, dzudzɔdonuwo kple nu bubu siwo wozãna ne wole ta dem agu na woƒe mawuwo la, nɔa afi ma.
Hafi woava tu gbedoxɔ ɖe Yerusalem la, Israel viwo dea ta agu na Yehowa le teƒe siwo dzi wòda asi ɖo, siwo Ŋɔŋlɔawo yɔ be teƒe kɔkɔwo. Mawu ƒe nyagblɔɖila Samuel sa vɔ le “teƒe kɔkɔ” aɖe le du aɖe si ŋkɔ womeyɔ o me le Zuf nyigba dzi. (1 Samuel 9:11-14, NW) Gake esi wonya tu gbedoxɔa vɔ ko la, fia siwo wɔ nuteƒe na Yehowa la dometɔ geɖe dze agbagba be yewoaɖe “teƒe kɔkɔwo” ɖa le anyigba la dzi.—2 Fiawo 21:3; 23:5-8, 15-20; 2 Kronika 17:1, 6.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ne èbe yease Paulo ƒe nya mawo gɔme nyuie wu la, kpɔ Gbetakpɔxɔ, November 15, 1990 tɔ, (Vol. 111, No. 22 EW) ƒe axa 27.
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Nutata si me Romatɔ siwo ɖu aʋa dzi la le gbɔ lɔm le, le ƒe alafa evelia m.ŋ. me
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
Photograph taken by courtesy of the British Museum
[Nɔnɔmetata si le axa 23]
Sɔti kɔkɔe siwo wozã le Gezer