Nu Ka Tae Amewo Wɔa Nu Baɖawo?
AME SIA AME kloe alɔ̃ ɖe nya sia dzi be: Mía dometɔ aɖeke mede blibo o, eya ta míedaa vo, eye míewɔa nu wòva vea mí emegbe. Ekema ɖe míagblɔ be ema gbɔe nu baɖabaɖa wɔwɔ, suewo kple gãwo siaa, siwo mía ŋutɔwo míekpɔna, alo siwo ŋu nya míesena le nyadzɔdzɔwo me gbe sia gbe la, tsonaa?
Togbɔ be amegbetɔwo mede blibo o hã la, amewo katã kloe lɔ̃ ɖe edzi be nanewo li, siwo mele be ame nawɔ o, eye be amegbetɔ ate ŋu aƒo asa na nu baɖa wɔwɔ. Ame akpa gãtɔ alɔ̃ ɖe edzi hã be, vovototo le nya siawo dome: be ame nada alakpa esi meɖoe hafi o alo be wòaɖoe koŋ agblẽ ame ŋu; be ame nawɔ nuvevi ame le manyamanya me alo be wòaɖoe koŋ awu ame. Ke hã, zi geɖe la, ame siwo ŋu màbu vɔ̃ aɖeke ɖo le miaƒe nutoa me o lae awɔ nu gbegblẽ aɖe wòawɔ nuku na wò. Nu ka tae? Nu ka tae amewo wɔa nu baɖa?
Biblia kɔ nya sia me. Egblɔ susu vevi siwo tae ame aɖewo wɔa nu siwo woawo ŋutɔwo nya be menyo hafi o. Na míakpɔ nya si wògblɔ ɖa.
▪ “Teteɖeanyi ɖeɖe ate ŋu ado aɖaʋa nunyala.”—NYAGBLƆLA 7:7, NW.
Biblia lɔ̃ ɖe edzi be nɔnɔme si me amewo le la ƒonɛ ɖe wo nu ɣeaɖewoɣi be woawɔ nu si womadi be yewoawɔ hafi o. Ame aɖewo kura gɔ̃ hã doa hlɔ̃ kple susu be yewoatsɔ akpɔ fukpekpe kple nu madzɔmadzɔ siwo le edzi yim la gbɔ. Agbalẽ aɖe (Urban Terrorism) gblɔ be: “Zi geɖe la, nu si koŋ ʋãa ŋɔdzinuwɔlawo wodzea amewo dzie nye ale si wòwɔna na wo be womele naneke wɔm le dunyahenyawo, hadomenyawo kple ganyawo ŋu be woanyo ɖe edzi o.”
▪ “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.”—1 TIMOTEO 6:10.
Nya si wogblɔna be “Ame aɖeke mekpɔa nu nyui gbena o” la fia be, ame nyuiwo gɔ̃ hã ate ŋu aɖoe be yewoawɔ nu si medze o, ne ewɔwɔ anya na woakpɔ ga ko. Ne woyɔ ga ŋkɔ ko la, ame siwo dzena abe ame nyuiwo kple ame fafawo ene gɔ̃ hã ate ŋu atrɔ enumake ava zu futɔ si ŋu vɔvɔ̃ le. Kpɔ hlɔ̃nu gbogbo siwo me ŋukeklẽ kplɔa amewo denɛ ɖa: adzodada, ametafatafa, amefifi kple susu be woaxe fe hafi woaɖe asi le eŋu, kple amewuwu gɔ̃ hã.
▪ “Esi afia menya tsona le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o ŋuti la, eya ta dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ŋutɔ ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu.”—NYAGBLƆLA 8:11.
Mawunyakpukpui ma fia be, amegbetɔwo susuna zi geɖe be yewoate ŋu asi le nu gbegblẽ wɔwɔ aɖewo nu bɔbɔe ne setɔ aɖeke menya kpɔ eteƒe o ko. Ame siwo susunɛ alea dometɔ aɖewoe nye ame siwo kua ʋu sesĩe akpa le mɔ dzi, ame siwo fiaa dodokpɔ kpɔna, ame siwo ɖua dziɖuɖu ƒe ga, kple ame siwo wɔa nu siwo vloe wu esiawo gɔ̃ hã. Ne seawo mele dɔ wɔm o, alo vɔvɔ̃ aɖeke mele amewo me be woava lé yewo o la, ekema dzi ate ŋu aɖo sedziwɔlawo gɔ̃ hã ƒo be woawɔ nu si womadi be yewoawɔ hafi o. Agbalẽ aɖe (Arguments and Facts) gblɔ be: “Edze abe ale si womehea to na nu vlo wɔlawo o lae ʋãa dumevi nyuiwo gɔ̃ hã wowɔa hlɔ̃nu vɔ̃ɖitɔwo ene.”
▪ “Nu si tea ame sia ame kpɔ lae nye ye ŋutɔ ƒe nudzodzro si henɛ, eye wòblenɛ. Azɔ ne nudzodzro la fɔ fu la, edzia nu vɔ̃.”—YAKOBO 1:14, 15.
Susu vɔ̃ ate ŋu ava ta me na ame sia ame. Nya lae nye be, woblea mía nu hetea mí kpɔ gbe sia gbe be míawɔ nu baɖa. Le keke Biblia ŋlɔɣi ke gɔ̃ hã la, wogblɔ na Kristotɔwo be: “Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko.” (1 Korintotɔwo 10:13) Togbɔ be ele alea hã la, ale si nuwo ava yii la atso mía ŋutɔwo gbɔ—be míaɖe susu ma ɖa le ta me kaba loo alo míanɔ eŋu bum wòava xɔ susu me na mí. Mawunyakpukpui si míeyɔ va yi tso Yakobo ƒe agbalẽa, si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ, me la xlɔ̃ nu mí be, ne ame ɖe mɔ le dzodzro vɔ̃wo ŋu ‘wofɔ fu’ hetsi la, nu baɖa ko wòava wɔ.
▪ “Ne èzɔ kple nunyalawo la, àdze nunya; ke ne ède ha kple bometsilawo la, àzu ame gbegblẽ.”—LODODOWO 13:20.
Ame aɖeke megable eɖokui o—ame siwo míedea ha kplii la ate ŋu ana míazu ame nyuiwo alo ame baɖawo godoo. Aleae wòdzɔnae zi geɖe be, nu si meva ta me na ame aɖewo kpɔ o lae wova wɔna, le esi wo hatiwo ƒoe ɖe wo nu ta, alo esi wode ha kple ame gbegblẽwo ta, abe ale si wo dometɔ aɖewo gblɔe ene, eye nu nyui aɖeke medona tso eme na wo o. Le Biblia me la, menye ame siwo ƒe susu meɖa o ye woyɔ be “bometsilawo” o, ke boŋ ame siwo gbe aɖaŋu nyui siwo Mawu ɖo le eƒe Nya Biblia me lae. Eya ta míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, ne míebua nɔnɔme nyui siwo Biblia gblɔ be ele be woadze le ameawo ŋu hafi dzea xɔ̃ wo alo dea ha kpli wo o la, ‘míazu ame gbegblẽwo.’
Mawunyakpukpui siawo kple bubu geɖewo na míese nu si tae amewo—ame siwo dzena abe ame nyuiwo ene gɔ̃ hã—wɔa nu baɖa, nu siwo nana dzidzi ƒoa ame gɔ̃ hã, la gɔme. Togbɔ be enyo be míese nu si tae amewo wɔa nu baɖa gɔme hã la, ɖe mɔkpɔkpɔ li be nuwo ava trɔ le etsɔ mea? Ɛ̃, mɔkpɔkpɔ li, elabena menye ɖeko Biblia gblɔ nu si tae amewo wɔa nu vɔ̃ɖi la na mí o, ke boŋ edo ŋugbe hã na mí be nuwɔna siawo nu ava yi. Aleke wòdo ŋugbeae? Nyateƒee wònye be nu baɖa wɔwɔ si xɔ aƒe ɖe xexea me alea gbegbe la nu ava yia? Nyati si gbɔna la aɖo nya siawo ŋu.