INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w15 7/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
w15 7/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Afi kae nu vɔ̃ɖi wɔwɔ dzɔ tso?

Esi Abosam be yeatsɔ xexea me fiaɖuƒewo katã ana Yesu la, Yesu gbe

Ame kae dze agbagba be yeana Yesu nawɔ nu vɔ̃?​—Mateo 4:8-10

Le dzɔdzɔme nu la, amewo dina be yewoanɔ ŋutifafa me, yewoaɖi anukware, eye yewoanyo dɔme na ame bubuwo. Gake nu ka tae míekpɔa ŋutasẽnuwɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple anyrawɔwɔ teƒe zi geɖe? Nyadzɔdzɔ dziŋɔwo va bɔ fiafia wu tsã. Ðe ame aɖe le agbagba dzem be yeana amewo nawɔ nu baɖawoa?—Xlẽ 1 Yohanes 5:19.

Ðe Mawu wɔ amegbetɔwo hede nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didi wo mea? Ao, ke boŋ ɖe Yehowa Mawu wɔ amegbetɔwo ɖe ye ŋutɔ ƒe nɔnɔme nu, si fia be, ede didia wo me be woasrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃. (1 Mose 1:27; Hiob 34:10) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu de bubu hã amegbetɔwo ŋu esi wòna tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe wo. Esime mía dzila gbãtɔwo tiae be yewoawɔ nu baɖa la, efia be wogbe Mawu ƒe kpɔɖeŋu sɔsrɔ̃ eye wozu ame madeblibowo. Eya ta woawo gbɔe míenyi nu vɔ̃ wɔwɔ dome tso.—Xlẽ 5 Mose 32:4, 5.

Ðe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒe didia anɔ mía me ɖaa?

Mawu di be míaɖu nu vɔ̃ wɔwɔ ƒe didi siwo le mía me la dzi. (Lododowo 27:11) Eya ta efiaa ale si míawɔ aƒo asa na nu vɔ̃ wɔwɔ kple ale si míawɔ akpɔ dzidzɔ vavãtɔ la mí. Gake fifia la, míate ŋu asrɔ̃ Mawu ƒe lɔlɔ̃ bliboe o.—Xlẽ Psalmo 32:8.

Togbɔ be vɔ̃ɖiwɔwɔ le agbɔ sɔm ɖe edzi fifia hã la, Mawu ɖe asi le eŋu hena ɣeyiɣi aɖe be ame sia ame nade dzesi nu gbegblẽ siwo dona tso eme. (2 Petro 3:7-9) Gake eteƒe madidi o, anyigba dzi ayɔ kple amegbetɔ siwo wɔa Mawu ƒe se dzi eye woanɔ dzidzɔ kpɔm tegbee.—Xlẽ Psalmo 37:9-11.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 3 lia me.  Yehowa Ðasefowoe tae

Àkpɔe le Internet hã dzi le www.jw.org/ee

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe