INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 3
  • 1 Nu Ka Tae Wòhiã?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1 Nu Ka Tae Wòhiã?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Te Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 3

Gbedodoɖa

1 Nu Ka Tae Wòhiã?

GBEDODOÐA. Esiae nye Biblia me nyati siwo me amewo tsɔa ɖe le wu la dometɔ ɖeka. Na míabu nya adre siwo amewo lɔ̃a biabia tso gbedodoɖa ŋu la ŋuti, eye emegbe míadzro ale si Biblia ɖo wo ŋui la me. Wotrɔ asi le nyati siawo ŋu be woakpe ɖe ŋuwò nànya ale si nàdo gbe ɖa—be nàte gbedodoɖa alo nàna wò gbedodoɖawo naganyo ɖe edzi.

LE XEXEA me godoo la, amewo doa gbe ɖa. Wodonɛ ɖa le wo ɖokui si; wodonɛ ɖa le ƒuƒoƒo me hã. Wodoa gbe ɖa le sɔleme, le gbedoxɔwo me, le ƒuƒoƒewo, le Moslemtɔwo ƒe gbedoɖaƒewo kple trɔ̃xɔwo me. Ame aɖewo ɖoa nu ɖe anyigba nɔa edzi donɛ ɖa, ɖewo zãa rosario, nɔnɔmetata, gbedodoɖagbalẽwo kple nu bubuwo, eye ame aɖewo hã ŋlɔa gbedodoɖawo ɖe ʋuƒo suewo dzi klãna ɖe nu ŋu.

Gbedodoɖa ɖe amegbetɔwo ɖe vovo tso nu gbagbe bubuwo katã gbɔ. Nyateƒee, míewɔa nu geɖe siwo lãwo hã wɔna. Míegbɔa ya, ɖua nu henoa tsi abe woawo ke ene. Abe lãwo ene la, ɖe wodzia mí, míenɔa agbe, eye míekuna. (Nyagblɔla 3:19) Gake amegbetɔwo koe doa gbe ɖa. Nu ka tae?

Míaɖo eŋu kpuie ko be, esi wòhiã mí tae. Ame geɖe susunɛ be gbedodoɖa ye nye mɔ si dzi woato ado ka kple gbɔgbɔmeme alo gbɔgbɔmenu siwo wobuna be wole kɔkɔe alo le dzadzɛ heli tegbee. Biblia ɖee fia be wotsɔ nu siawo ƒe dzodzro de mí amegbetɔwo me. (Nyagblɔla 3:11) Yesu Kristo gblɔ gbe ɖeka be: “Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo nyae be gbɔgbɔmenuwo hiã yewo.”—Mateo 5:3.

“Gbɔgbɔmenuwo hiã” ame nyateƒe. Ne menye nenema o ɖe, nu ka gbɔe wòatso be woatu sɔlemexɔ gãwo ahatsɔ nɔnɔmewɔwɔwo aɖo atsyɔ̃ na wo, eye amewo anɔ gbe dom ɖa gaƒoƒo gbogbo mawo ɖo? Ele eme be ame aɖewo dina be yewo ŋutɔ alo yewo haviwo nakpɔ gbɔgbɔmenu siwo hiã yewo la gbɔ na yewo ya. Gake ɖe mewɔna na wò be amegbetɔwo ƒe kpekpeɖeŋu mate ŋu aɖo afi aɖeke oa? Míedana ƒuna kabakaba, míaƒe agbe mesẽna yina o, eye míebua nu ŋu yia ŋgɔ o. Ame si nya nu wu mí sãsãsã, si sẽ wu mí, eye wòkpɔ nuteƒe wu mí la koe ate ŋu ana nu si hiã mí la mí. Gake nu ka tututue nye gbɔgbɔmenu hiahiã siwo ʋãa mí míedoa gbe ɖa?

Bu eŋu kpɔ: Ðe nèbia nya aɖewo kpɔ, gake nèkpɔe be amegbetɔwo ƒe nunya kple mɔfiafia mede ŋgɔ ne woaɖo eŋu na wò oa? Ðe nu vevi aɖe dzɔ ɖe dziwò kpɔ wòhiã be woafa akɔ na wò vevie, alo èle nya me tso ge le nya vevi aɖe ŋu gake mènya nu si nàwɔ o, alo èbu fɔ ɖokuiwò le nane ŋu ale gbegbe be nèdi be woatsɔ nu si yewɔ la ake yea?

Biblia lɔ̃ ɖe edzi be esɔ be míado gbe ɖa le nu siawo katã ŋu. Biblia koŋue nye agbalẽ si me nyawo dzi míate ŋu aka ɖo le gbedodoɖa ƒe nya sia me, eye woŋlɔ ŋutsu kple nyɔnu wɔnuteƒe geɖewo ƒe gbedodoɖawo ɖe eme. Wodo gbe ɖa be woafa akɔ na yewo, afia mɔ yewo, atsɔ yewoƒe nu vɔ̃ ake yewo, eye be woaɖo nyabiase siwo ɖea fu na ame wu la ŋu na yewo.—Psalmo 23:3; 71:21; Daniel 9:4, 5, 19; Xabakuk 1:3.

Togbɔ be gbedodoɖa mawo le vovovo hã la, nu ɖeka ɖe dzesi le wo katã ŋu. Ame siwo do gbeawo ɖa la dometɔ ɖe sia ɖe nyae be nu vevi aɖe hiã hafi woaɖo gbedodoɖaawo ŋu, gake ame geɖe menyae egbea o, alo womebunɛ be ele vevie o. Eyae nye nu ka? Wonya ame si wòle be woado gbe ɖa na.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe