Gbedodoɖa
4 Le Nu Ka Ŋu?
WOGBLƆNA be esiae nye gbe si Kristotɔwo katã dona ɖa edziedzi wu. Eɖale eme alo mele eme o, kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia, si woyɔna ɣeaɖewoɣi be Aƒetɔ Ƒe Gbedodoɖa alo Mía Fofo Si Le Dziƒo la, nye gbe si ame geɖe dona ɖa, gake womesea egɔme o. Ame miliɔn geɖe gblɔa emenyawo tso susu me gbe sia gbe, ɖewohĩ wogblɔnɛ zi geɖe le ŋkekea me. Gake menye nenemae Yesu be woazã gbedodoɖa mae o. Aleke míewɔ nya?
Hafi wòafia gbedodoɖa ma la, egblɔ be: “Ne miele gbe dom ɖa la, miganɔ nya ɖeka mawo ke gbɔgblɔ dzi . . . o.” (Mateo 6:7) Ekema ɖe Yesu ŋutɔ agblɔ nya mawo vɔ hafi agafia nya aɖewo be woalé ɖe ta me anɔ gbɔgblɔm gbe sia gbea? Gbeɖe! Ke boŋ nu si ŋu wòle be míanɔ gbe dom ɖa le la fiamee Yesu le, eye nu vevi siwo ŋu wòle be míaƒe susu nanɔ ne míele gbe dom ɖa la gblɔmee wòle. Azɔ na míalé ŋku ɖe nya si wògblɔ la ŋu nyuie akpɔ. Gbedodoɖa ma dze le Mateo 6:9-13.
Menye nu vevi siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia me, siwo me míedzro kpuie la, ŋu koe wòdze be míado gbe ɖa le o. Ðo ŋku edzi be 1 Yohanes 5:14 gblɔ na mí le Mawu ŋu be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” Eya ta megawɔ na wò be yeƒe kuxiwo mesesẽ akpa o, ale be nàgbe wo gbɔgblɔ na Mawu o.—1 Petro 5:7.
Gake ɣekaɣie míado gbe ɖa, eye le afi ka? Ðe ɣeyiɣi kple teƒe si míedoa gbe ɖa le la hã le veviea?
“Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.”
Yesu to esia me ɖo ŋku edzi na eyomedzelawo be ye Fofo, si nye Yehowa, koe wòle be woado gbe ɖa na. Gake ènya nu si tae Mawu ƒe ŋkɔa le vevie nenema gbegbe, kple nu si tae wòhiã be woakɔ eŋua?
Tso esime wowɔ amegbetɔwo ɖe anyigba dzi la, Satana da alakpa ɖe Mawu si heto eme ƒo ɖi eƒe ŋkɔ kɔkɔe la. Mawu ƒe futɔ sia gblɔ be Yehowa nye aʋatsokala, Dziɖula ɖokuitɔdila, si medze aɖu Eƒe nuwɔwɔwo dzi o. (1 Mose 3:1-6) Ame geɖe de Satana dzi, esi wofiaa nu be Mawu metsɔa ɖeke le eme na mí o, be eƒe tagbɔ sẽ, eye wònye hlɔ̃biala, eye ame aɖewo kura gɔ̃ hã gbe be menye Eyae nye Wɔla o. Ame bubuwo hã tso ɖe eƒe ŋkɔ Yehowa ŋu, eye woɖee ɖa le Bibliawo me hede se be ame aɖeke nagazãe o.
Biblia gblɔ be Mawu aɖɔ nu madzɔmadzɔ siawo katã ɖo. (Xezekiel 39:7) Ato esia me akpɔ wò nu hiahiãwo kple kuxiwo katã gbɔ na wò. Aleke wòawɔe? Nya siwo Yesu gblɔ ɖe eyome le gbedodoɖaa me la ɖo nya sia ŋu.
“Wò fiaɖuƒe nava.”
Subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo na ame geɖe tɔtɔ egbea, eye womenya nu si tututu Mawu Fiaɖuƒea nye o. Gake ame siwo Yesu nɔ nyaa gblɔm na la nyae be, Mawu ƒe nyagblɔɖilawo gblɔe ɖi xoxoxo be Mawu atia Mesia, si nye Xɔla, si anye Fiaɖuƒe aɖe ƒe Fia ahana nuwo natrɔ le xexea me. (Yesaya 9:5, 6; Daniel 2:44) Ana Satana ƒe alakpanyawo nadze go atsɔ akɔ Mawu ƒe ŋkɔa ŋu, eye emegbe aɖe Satana ɖa ahagblẽ eƒe dɔwɔwɔwo katã dome. Mawu Fiaɖuƒea ana aʋawɔwɔ, dɔléle, kple dɔwuame nu natsi, eye aɖe ku kura gɔ̃ hã ɖa. (Psalmo 46:10; 72:12-16; Yesaya 25:8; 33:24) Eya ta ne èle gbe dom ɖa be Mawu Fiaɖuƒea neva la, efia be èle gbe dom ɖa be ŋugbedodo mawo katã nava eme.
“Wò lɔlɔ̃nu nava eme le dziƒo, kple anyigba dzi hã.”
Yesu ƒe nyawo fia be Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ava eme le anyigba dzi godoo abe ale si wòle le dziƒo, afi si Mawu ŋutɔ le la ene. Naneke mete ŋu xe mɔ na Mawu be eƒe lɔlɔ̃nu nagava eme le dziƒo o; Mawu ƒe Vi la wɔ aʋa kple Satana kple eƒe dɔlawo hetsɔ wo ƒu gbe ɖe anyigba. (Nyaɖeɖefia 12:9-12) Nu etɔ̃lia sia si dze le kpɔɖeŋugbedodoɖa la me, kple eve gbãtɔwo, na míekpɔe be ele be míaƒe susu nanɔ nu si le vevie wu la ŋu, si nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, ke menye míawo ŋutɔwo tɔ o. Ne eƒe lɔlɔ̃nu va eme ko hafi nu nyona na eƒe nuwɔwɔwo ŋutɔŋutɔ. Ema tae togbɔ be Yesu de blibo hã la, egblɔ na Fofoa be: “Menye nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ tɔwò nava eme.”—Luka 22:42.
“Na míaƒe abolo si asu mía nu egbe la mí.”
Nya siwo Yesu gblɔ kplɔe ɖo la ɖee fia be míate ŋu ado gbe ɖa abia míaƒe nu hiahiãwo faa. Naneke megblẽ le eŋu be míabia Mawu be wòakpɔ míaƒe gbesiagbe nu hiahiãwo gbɔ na mí o. Ne míebianɛ alea la, efia be míenyae be Yehowae nye Ame si “naa agbe kple agbegbɔgbɔ kpakple nuwo katã ame sia ame.” (Dɔwɔwɔwo 17:25) Biblia ɖee fia be enye Fofo lɔ̃ame, eye be edzɔa dzi nɛ be yeana nu siwo hiã ye viwo la wo. Gake esi wònye Fofo nyui ta la, ne wobia nane si maɖe vi na wo o la, mewɔnɛ na wo o.
“Tsɔ míaƒe fewo ke mí.”
Ðe nènyi fe le Mawu ŋu nyateƒea? Ðe nèhiã na tsɔtsɔkea? Ame geɖe meganya egbea be nu vɔ̃ li ŋutɔŋutɔ, eye be egblẽa nu le mía ŋu vevie o. Gake Biblia fia nu be nu vɔ̃ gbɔe kuxi sesẽ siwo me míetona la tso, elabena eyae na amewo le kukum. Esi wodzi mí katã ɖe nu vɔ̃ me ta la, míewɔa nu vɔ̃ edziedzi, eye ne Mawu tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí ko hafi míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be míava nɔ agbe mavɔ le etsɔ me. (Romatɔwo 3:23; 5:12; 6:23) Dzidzɔtɔe la, Biblia gblɔ na mí be: “Aƒetɔ [Yehowa,] wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.”—Psalmo 86:5.
“Ðe mí tso vɔ̃ɖitɔ la si me.”
Ènya be ehiã vevie ŋutɔ be Mawu nakpɔ tawòa? Ame geɖe gbe be yewomalɔ̃ ɖe edzi be “vɔ̃ɖitɔ la,” si nye Satana li o. Gake Yesu ya fia nu be Satana li, eye wòyɔe gɔ̃ hã be “xexe sia dzi ɖula.” (Yohanes 12:31; 16:11) Satana gblẽ xexe sia si dzi ɖum wòle la, eye edi vevie be yeagblẽ wò hã dowòme, ale be mia kple Fofowò Yehowa dome naganɔ kplikplikpli o. (1 Petro 5:8) Gake Yehowa sẽ ŋu wu Satana sãsãsã, eye wòdina be yeakpɔ ame siwo lɔ̃a ye la ta.
Menye nu vevi siwo le kpɔɖeŋugbedodoɖa si Yesu fia me, siwo me míedzro kpuie la, ŋu koe wòdze be míado gbe ɖa le o. Ðo ŋku edzi be 1 Yohanes 5:14 gblɔ na mí le Mawu ŋu be: “Nu sia nu si míabia wòawɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu la, aɖo to mí.” Eya ta megawɔ na wò be yeƒe kuxiwo mesesẽ akpa o, ale be nàgbe wo gbɔgblɔ na Mawu o.—1 Petro 5:7.
Gake ɣekaɣie míado gbe ɖa, eye le afi ka? Ðe ɣeyiɣi kple teƒe si míedoa gbe ɖa le la hã le veviea?
[Nɔnɔmetata si le axa 7]