INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/1 axa 9
  • 5 Ðe Ɣeyiɣia Kple Teƒea Le Veviea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 5 Ðe Ɣeyiɣia Kple Teƒea Le Veviea?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Yesu Fia Gbedodoɖa Mí
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nukata Wòle Be Míado Gbe Ða Madzudzɔmadzudzɔe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/1 axa 9

Gbedodoɖa

5 Ðe Ɣeyiɣia Kple Teƒea Le Veviea?

ÀNYA de dzesii godoo be subɔsubɔha akpa gãtɔ tua gbedoxɔ gãgãwo, eye woɖoa ɣeyiɣi si koŋ woado gbe ɖa le ŋkekea me la ɖi. Gake ɖe Biblia gblɔ be teƒe aɖewo koŋ koe wòle be woado gbe ɖa lea, eye le ɣeyiɣi aɖewo koŋ ko dzia?

Nyateƒee, Biblia ɖee fia be esɔ be míado gbe ɖa ɣeaɖewoɣi koŋ. Le kpɔɖeŋu me, hafi Yesu kple eyomedzelawo naɖu nu la, wodo gbe ɖa na Mawu heda akpe nɛ. (Luka 22:17) Eye esi eƒe nusrɔ̃lawo ƒo ƒu be yewoasubɔ Mawu la, wodo gbe ɖa. Esia nye nu si wowɔna le Yudatɔwo ƒe ƒuƒoƒewo kple gbedoxɔ me le Yerusalem tso keke gbe aɖe gbe ke la sɔsrɔ̃. Mawu ɖoe be gbedoxɔa nanye “dukɔwo katã ƒe gbedoɖaƒe.”—Marko 11:17.

Ne Mawu subɔlawo ƒo ƒu hedo gbe ɖa ɖekae la, Mawu ɖoa eŋu na wo. Ne susu ɖekae le ƒuƒoƒoa me tɔwo katã si, eye gbe si wodo ɖa ɖe wo ta la wɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo la, edzea Mawu ŋu. Gbedodoɖa alea ate ŋu aʋãe wòawɔ nu si madi be yeawɔ hafi o gɔ̃ hã. (Hebritɔwo 13:18, 19) Yehowa Ðasefowo doa gbe ɖa le woƒe kpekpewo me edziedzi. Míele kpewòm vevie be wò ŋutɔ nàyi woƒe Fiaɖuƒe Akpata si te ɖe ŋuwò me ne nàse gbedodoɖa siawo tɔgbi.

Gake Biblia megblɔ be ɣeyiɣi aɖe alo teƒe aɖe koŋ koe wòle be míado gbe ɖa le o. Nuŋlɔɖi siwo le Biblia me ku ɖe Mawu subɔlawo ŋu la ɖee fia be wodoa gbe ɖa ɣesiaɣi faa, eye le afi sia afi faa. Yesu gblɔ be: “Ne èle gbe dom ɖa la, yi xɔwò me, eye ne ètu ʋɔa vɔ la, do gbe ɖa na Fofowò si le ɣaɣlaƒe la; ekema Fofowò si kpɔa nu le ɣaɣlaƒe la aɖo eteƒe na wò.”—Mateo 6:6.

Ðe esia menye nya nyui aɖe ŋutɔ oa? Ɛ̃, àte ŋu ate ɖe xexea katã dzi Ðula ŋu ɣesiaɣi le afi si wò ŋutɔ nèdi, eye ka ɖe edzi be aɖo to wò. Eya tae mewɔ nuku o be Yesu dina zi geɖe be yeaɖe ɖe aga ado gbe ɖa! Gbe ɖeka edo gbe ɖa na Mawu zã bliboa katã, eye edze ƒãa be ɖe wòbiae be wòafia mɔ ye le nyametsotso vevi aɖe ŋu.—Luka 6:12, 13.

Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu bubuwo ŋu be wodo gbe ɖa esi wòhiã be woatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu alo akpɔ nya sesẽ aɖewo gbɔ. Ɣeaɖewoɣi la, wodo gbe ɖa amewo se, eye ɣeaɖewoɣi hã wodoe ɖa le dzi me; wodonɛ ɖa le ƒuƒoƒo me, eye wodonɛ ɖa le wo ɖokui si hã. Nu vevitɔe nye be wodoa gbe ɖa. Azɔ hã, Mawu kpe esubɔlawo be: “Minɔ gbe dom ɖa madzudzɔmadzudzɔe.” (1 Tesalonikatɔwo 5:17) Elɔ̃na faa be yeaɖo to gbe siwo katã ame siwo wɔa eƒe lɔlɔ̃nu la dona ɖa. Ðe esia mefia be elɔ̃ mí ŋutɔ oa?

Ele eme baa be, ame geɖe kea ɖi egbea be viɖe gobii aɖeke mele gbedodoɖa ŋu o. Eya ta ɖewohĩ àbia be: ‘Ðe gbedodoɖa ate ŋu akpe ɖe ŋunye vavãa?’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

Míate ŋu ado gbe ɖa ɣesiaɣi, le afi sia afi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe