INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 10/15 axa 32
  • “Ekpena Ðe Ŋunye Be Maɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Ekpena Ðe Ŋunye Be Maɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Míeɖe Asi Le Ŋuwò”
    Nyɔ!—2010
  • Nya Siwo Amewo Gblɔna Tso Gbedodoɖa Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2021
  • Nyanyui Na Dukɔ Ðesiaɖe Me Tɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 10/15 axa 32

“Ekpena Ðe Ŋunye Be Maɖo Amewo Ƒe Dzi Gbɔ”

ƔEAÐEƔI va yi la, wowɔ dukɔwo dome takpekpe aɖe ku ɖe hadomegbenɔnɔ ŋu le Porto Alegre, si nye ƒuta dugã si le anyiehe Brazil. Ame akpe geɖewo siwo tso dukɔ 135 sɔŋ mee de takpekpe sia. Le woƒe gbɔɖemeɣiwo la, Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si tso hame si le Porto Alegre me la te ɖe ame blananewo ŋu kple susu be yewoagblɔ Fiaɖuƒe gbedeasi si le Biblia me la na wo. Alekee wowɔ te ŋu gblɔ gbedeasia na wo?

Elizabete, si nye mɔɖela aɖe, gblɔ be: “Míezãa Good News for People of All Nations (Nya Nyui Na Dukɔ Ðe Sia Ðe Me Tɔwo) ƒe agbalẽvi la.” Egblɔ kpe be: “Vavalawo dometɔ geɖe mese Fiaɖuƒe nya nyuia kpɔ o, gake woɖo to míaƒe gbedeasia nyui. Míeƒo nu kple ame siwo tso Bolivia, China, France, India, Israel, kple Nigeria siaa. Le esi Biblia srɔ̃gbalẽ aɖewo le mía si le gbe si vavala aɖewo dona me ta la, míetsɔ wo na wo eye woxɔ wo kple dzidzɔ.”

Le Mexico la, mɔɖela aɖe si ŋkɔe nye Raúl hã zã agbalẽvi sia eye nu nyuiwo do tso eme. Ɣeaɖeɣi va yi la, ete ɖe Arab ŋutsu tsitsi aɖe si xɔ ƒe 80 sɔŋ, si srɔ̃ ku eteƒe medidi o, la ŋu. Ŋutsu sia fa dzidzɔvi, esi wòxlẽ axa si ƒo nu tso Fiaɖuƒe gbedeasia ŋu le Arabgbe me le agbalẽa me. Nu ka tae? Elabena ŋugbe si Mawu do be ku maganɔ anyi o abe ale si Nyaɖeɖefia 21:3, 4 gblɔe ene la, wɔ dɔ ɖe edzi vevie, esi woxlẽe le eya ŋutɔ degbe me. Ɣebubuɣi la, esi Raúl nɔ vomeɖase ɖim la, edo go ŋutsu aɖe si doa Portugalgbe. Ŋutsu sia hã viŋutsu, si wòlɔ̃na vevie la, ku. Raúl na eya hã xlẽ axa si dzi woŋlɔ Portugalgbea ɖo le agbalẽvia me. Esi ŋutsua xlẽe vɔ la, egblɔ be yedi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Biblia ŋu eye wòlɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

Raúl zã Nya Nyui Na Dukɔ Ðe Sia Ðe Me Tɔwo ƒe agbalẽvia tsɔ ɖi ɖase na ame siwo doa gbe siwo nye Armenian, Chinese, English, French, German, Hindi, Korean, Mixe, Persian, Russian, kple Zapotec. Egblɔ be: “Mekpɔ ale si gbegbe wòle vevie be mazã dɔwɔnu sia le nye subɔsubɔdɔa me la dze sii. Ekpena ɖe ŋunye be maɖo amewo ƒe dzi gbɔ ne nyemedoa wo degbe o gɔ hã.”

Esi ame geɖe wu le mɔ zɔm fifia, eye woɖanɔa du bubu me ta la, mɔnukpɔkpɔ geɖe wu sua mía si be míado go ame siwo doa gbe bubuwo. Míate ŋu agblɔ Fiaɖuƒe gbedeasia na wo to agbalẽvi si nye Nya Nyui Na Dukɔ Ðe Sia Ðe Me Tɔwo la zazã dzi. Ðe agbalẽvi sia nɔa ŋuwò ɣesiaɣia?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 32]

Raúl enye esia lé agbalẽvi si kpe ɖe eŋu wòte ŋu ɖo amewo ƒe dzi gbɔ la ɖe asi

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe