Ðaseɖiɖi na Gbe Ðesiaɖe Dolawo Kple Subɔsubɔhawo Katã me Tɔwo
1 Ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo tsɔ veviedodo ɖi ɖase na amesiwo doa gbe bubuwo kple amesiwo nɔ subɔsubɔha vovovowo me. Esia na be “kaka ƒe 100 naɖo la, anɔ eme be Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe nɔ nuto ɖesiaɖe si do liƒo kple Mediterranea-ƒua la me.”—History of the Middle Ages.
2 Le Ghana afisia la, ame geɖe doa dutagbe siwo menye Eŋlisigbe o. Dugãwo kple duviwo li siwo me dukɔ bubu me tɔ geɖe va le le amewo ƒe ʋuʋu ta, eye sitsoƒedilawo hã le eme. Azɔ hã ame gbogbo aɖewo siwo le subɔsubɔha siwo menye Kristotɔwo o me va xɔ dɔ le wɔwɔm le afisia, eye Buddhatɔwo kple Hindutɔwo kpakple Moslemtɔwo hã le wo dome. Ghanatɔ aɖewo hã va ge ɖe tadedeagu ƒe mɔnu siawo me, eye wo dometɔ aɖewo le Afrikatɔwo ƒe blema mawusubɔsubɔ dom ɖe ŋgɔ. Le gbegbɔgblɔwo kple subɔsubɔhawo ƒe vovototo alea ta esesẽna be míanya alesi míaɖo dze ahaɖi ɖase na amesiawo ƒomeviwo katã siwo míedoa goe. Efia be dutanyigbamamã ate ŋu anɔ mía ŋutɔwo míaƒe nutoa me. Aleke míawɔ ɖe Yesu ƒe sededea dzi ‘aɖe gbeƒã na amewo eye míaɖi ɖase tsitotsito’ na gbe ɖesiaɖe dolawo kple subɔsubɔhawo katã me tɔwo?—Dɔw. 10:42.
Ðaseɖiɖi na Gbe Bubu Dolawo
3 Gbeƒãɖela yeye siwo nye dutagbedolawo le dzidzim ɖe edzi le dukɔ bubuwo me. Woɖo dutagbe hame kple ƒuƒoƒo geɖe. Nukae míate ŋu awɔ le míaƒe nutoa me atsɔ ana kpekpeɖeŋu amesiwo doa dutagbe?
4 Gbegbɔgblɔ ƒe Kuxia Dzi Ðuɖu: Ðikeke aɖeke mele eme o be ame geɖe te ŋu srɔ̃a nu kabakaba wu eye gɔmesese si de to wu sua wo si ne wofia nu wo le wo degbe me. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖe srɔ̃ gbe bubu le “nyanyui la ta” eye be ‘yewoakpɔ gome le egbɔgblɔ na ame bubuwo me’ ta. (Kor. I, 9:23) Togbɔ be nyɔnu Chinatɔ aɖe nye nɔvinyɔnu Eŋlisigbedola aɖe ƒe magazine ademɔ ƒe geɖe hã la, nyɔnua melɔ̃na be woasrɔ̃ Biblia kple ye o vaseɖe esime nɔvinyɔnu bubu, si nɔ Chinagbe srɔ̃m, tsɔ agbalẽ aɖe si le gbe ma me nɛ hafi. Exɔe enumake eye elɔ̃ ɖe edzi be woasrɔ̃e kple ye. Nusi na eƒe nɔnɔmea trɔ koe nye agbagba si nɔvinyɔnu evelia dze be yeagblɔ nya ʋee aɖewo le nyɔnua ŋutɔ degbe me.—Tsɔe sɔ kple Dɔwɔwɔwo 22:2.
5 Susu nyui aɖe tae November 1, 1992 ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ nya sia ɖo: “Menye ɖeko dutagbesɔsrɔ̃ ana ɖeviwo ƒe susu me naʋu ko evɔ o ke boŋ ana woanye dɔwɔnu siwo ŋu viɖe geɖe le wu na Yehowa ƒe habɔbɔa hã.” Gbeƒãɖela aɖewo tsɔe ɖo wo ɖokui dzi be yewoasrɔ̃ gbegbɔgblɔ yeye. Esi wowɔe alea ta la, vevietɔ nɔviŋutsuwo te ŋu na kpekpeɖeŋu le hame siwo me wohiã wo be woaxɔ ŋgɔ le. Ne èse gbe bubu aɖe si wodona le mia gbɔ tsɔ kpe ɖe mia degbe ŋu, alo ne èdi be yeasrɔ̃ ɖe la, ɖewohĩ wò hã àte ŋu ana kpekpeɖeŋu hame alo ƒuƒoƒo aɖe.—Mat. 9:37, 38.
6 Nɔviŋutsu aɖe si le Florida, U.S.A., si srɔ̃ Vietnamgbe hafi va xɔ nyateƒea kpɔa dzidzɔ geɖe fifia le nyanyuia gbɔgblɔ na Vietnamgbedolawo me. Eʋu kple eƒe ƒomea yi dukɔa ƒe akpa bubu si Vietnamgbedolawo ƒe hiahiã la lolo wu le be wòate ŋu azã gbe ma si wònya la nyuie wu le ɖaseɖiɖi me. Tso esime wòʋu la, ele dzidzedze geɖe kpɔm le Biblia sɔsrɔ̃ kple ame geɖe siwo tso Vietnam me.
7 Nɔviŋutsu mɔɖela aɖe si le Ghana fiaa tokunɔgbe. Tokunɔ geɖe le eƒe suku. Esi zi geɖe nuwɔametɔwo tsia akogo eye edzɔa dzi na wo ne ame bubuwo de ha kpli wo ta la, ebua eƒe sukua be enye anyigbamamamã tɔxɛ eye eƒoa nu tso nyateƒea ŋu na wo edziedzi. Enya se be amesiawo dometɔ aɖewo kpɔ ŋudzedze ɖe Wɔla la ƒe ŋugbedodo siwo ku ɖe etsɔme ŋu la ŋu, eye wole Biblia srɔ̃m vevie fifia. Woa kple nɔviŋutsu bubu si hã srɔ̃ tokunɔgbe wole kpekpeɖeŋu nam le nufiafia dzianukwaretɔ siawo eye woɖea nya gɔme na wo le hame ƒe kpekpewo kpakple takpekpe sue kple gãwo me be wòaɖe vi na wo. Tokunɔawo dometɔ eve le ŋgɔyiyi nyuie wɔm le nyateƒea me eye woɖe woƒe didi gblɔ be yewoazu gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔwo. Nɔviŋutsu eveawo le ɖase ɖim na tokunɔwo veviedodotɔe eye wowɔa aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo edziedzi.
8 Ne ète ŋu doa gbe aɖe si amewo dona le mia gbɔ nyuie tsɔ kpe ɖe wò ŋutɔ wò degbe ŋu eye nèdi be yeaʋu ayi afisi hiahiã lolo wu le gbe ma dolawo dome eye nàte ŋui la, ke dzro nya la me kple hamemegã siwo le hamea me. Ne wokpɔe be èdze aʋu la, bia miaƒe nutome sue dzikpɔla ne nuto aɖe tsɔ ɖe mia gbɔ si me nàte ŋu asubɔ le. Ne ɖeke meli o la, àte ŋu aŋlɔ lɛta na Habɔbɔa, eye hamemegãwo hã naŋlɔ woƒe lɛta si ƒo nu tso wò dzedze kple alesi nèse gbeae ŋu la akpe ɖe eŋu.—Kpɔ Eŋlisigbe me Gbetakpɔxɔ, August 15, 1988, axa 21-3.
9 Dɔwɔnu Siwo Wona Mí la Zazã: Wota míaƒe agbalẽwo ɖe gbegbɔgblɔ geɖe me. Anyo be nàtsɔ trakt—alo ne gbe bubu aɖe ƒe hame mele dɔ wɔm le anyigbamamã ma ke me o la, nàtsɔ Nusi Mawu Di ƒe agbalẽ gbadza—siwo le gbe siwo wodona le wò anyigbamamã me la ɖe asi. Ne edze ƒã be menye Eŋlisigbe koŋue amea dona o la, biae be gbe kae wòte ŋu xlẽna hã. Esia ana nànya agbalẽ bubu siwo nàgate ŋu atsɔ nɛ. Le kpɔɖeŋu me zi geɖe la, amesi doa Urdugbe ate ŋu axlẽ Arabiagbe hã.
10 Ne mète ŋu doa gbe si amesi nèdo goe le wò ɖaseɖiɖidɔa wɔwɔ me dona o hã la, ɖewohĩ àte ŋu ana nyanyuia naɖo egbɔ kokoko. Aleke nàwɔe? To agbalẽvi si nye Good News for All Nations zazã dzi. Miate ŋu adɔe tso alɔdzedɔwɔƒea. Menye agbalẽvi si woana le gbeadzi wònye o; ɖeka ko wòhiã be wòanɔ gbeƒãɖela ɖesiaɖe si. Wota gbedasi kpui aɖe si le gbegbɔgblɔ 59 me ɖe eme. Mɔfiame si wona le agbalẽvia ƒe axa 2 lia ɖe eme be ne ènya gbe si aƒemenɔla xlẽna la, nàna wòaxlẽ nya si wota ɖe agbalẽvia ƒe axa si sɔ dzi. Ne exlẽe vɔ la, tsɔ agbalẽ si le wo degbea me fiae. Ne ɖeke mele asiwò o la, tsɔ agbalẽa ƒe Eŋlisigbe me tɔ fiae. Na wòanya be yeadze agbagba atsɔ esi le wo degbea me vɛ nɛ. Bia eƒe ŋkɔ, eye nàŋlɔe akpe ɖe eƒe adrɛs ŋu. Ðewohĩ àte ŋu atsɔ nuŋlɔɖi sia ayi na gbe ma ƒe hame alo ƒuƒoƒo si tsɔ ɖe afima. Ne gbea dola aɖeke meli ayi egbɔ o la, ɖewohĩ àte ŋu atsɔe aɖo ɖokuiwò dzi asrɔ̃ nu kple amea eye nànɔ Eŋlisigbe alo mia degbe me tɔ dzi kpɔm.—Kor. I, 9:19-23.
Ðaseɖiɖi na Subɔsubɔha Siwo Menye Kristotɔwo O Me Tɔwo
11 Ne míenya subɔsubɔha si me ame aɖe le la, ekpena ɖe mía ŋu míeɖia ɖase nɛ le Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nyuie. Agbalẽ si nye Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee na míenya nu geɖe tso xexeme subɔsubɔha gãwo ŋu ale be míate ŋu ase amewo ƒe dzixɔsewo gɔme nyuie wu be míakpe ɖe wo ŋu nyateƒea ƒe sidzedze nasu wo si.
12 Aɖaka si le emedegbalẽvi sia ƒe axa mamlɛa dzi fia agbalẽ siwo Yehowa ƒe habɔbɔa ta siwo li fifia míatsɔ aɖi ɖase na amesiwo menye Kristotɔwo o. Ne míexlẽ agbalẽ siawo la, ena míekpɔa alesi míawɔ agblɔ nyanyuia na amewo. Mele be míaŋlɔe be o be dɔwɔnu nyui aɖee Reasoning-gbalẽa nye. Alesi míaƒo nu na Buddhatɔwo, Hindutɔwo, Yudatɔwo, kple Moslemtɔwo ŋuti ɖaŋuɖoɖo nyuiwo le agbalẽ sia ƒe axa 21-4.
13 Ŋuɖɔɖɔɖo le Nya si Nàgblɔ Me: Ele be míaɖɔ ŋu ɖo be míagabu subɔsubɔha aɖe me tɔwo katã sɔsɔe ahaƒo nya ta be woƒe dzixɔsewo sɔ kple ha la me tɔ bubuwo tɔ o. Dze agbagba boŋ be nàse alesi amesi nèle nu ƒom na bua tamee la gɔme. (Dɔw. 10:24-35) Esi Salimoon nye Moslemtɔ ta la, wofiae wòva xɔe se be Koran lae nye Mawu ƒe nya. Gake mete ŋu xɔ Moslemtɔwo ƒe nufiafia si nye be Mawu dɔmenyotɔ awɔ fu amewo le dzomavɔ si le bibim me o. Gbeɖeka Yehowa Ðasefowo kpee yi kpekpe aɖe. Ede dzesi nyateƒea enumake eye fifia enye hamemegã le Kristo-hamea me.
14 Ne míele ɖase ɖim na amesiwo menye Kristotɔwo o la, ele be míaɖɔ ŋu ɖo be alesi míaƒo nui nagaxe mɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ si ʋu ɖi be míaɖo dze kpli wo le nyanyuia ŋu la nu o. (Dɔw. 24:16) Subɔsubɔha aɖewo me tɔwo nɔa ŋudzɔ vevie ɖe agbagba ɖesiaɖe si woadze be woatrɔ yewo tso yewoƒe xɔsea me ŋu. Eyata nɔ ŋudzɔ nàdi nusi dzi woalɔ̃ ɖo agblɔ ale be wòana Mawu ƒe Nya la me nyateƒe bliboa katã nadzro wo. Amesiwo ƒe nɔnɔme ɖi alẽwo tɔ atso ɖe eŋu ne míeƒo nu na wo dɔmenyotɔe eye míegblɔ nyateƒea eme kɔ.
15 Ele vevie hã be míabu nya siwo míazã ŋu, ne menye nenema o la, míanyã amewo ɖa le míaƒe gbedasia gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, ne ègblɔ enumake be Kristotɔe yenye la, wò nyasela ate ŋu atsɔe be Kristodukɔa ƒe sɔlemeha aɖe me tɔe nènye, si ate ŋu azu mɔxenu. Anyo hã be nàyɔ Biblia be ‘Ŋɔŋlɔawo’ alo “ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo.”—Mat. 21:42; Tim. II, 3:15.
16 Ne èdo go subɔsubɔha siwo menye Kristotɔwo o me tɔ aɖe eye nèkpɔe be yemesu te aɖi ɖase nɛ enumake o la, zã mɔnukpɔkpɔa nàtsɔ adze sii ko, na trakt eyama, eye nàbia eŋkɔ ahayɔ tɔwò nɛ. Azɔ nàtrɔ ayi ŋkeke ɖeka alo eve megbe esi nèdzra ɖo nyuie ɖe ɖaseɖiɖi ŋu vɔ.—Tim. I, 4:16; Tim. II, 3:17.
17 Ðaseɖiɖi na Buddhatɔwo: (Kpɔ Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta 6 lia.) Buddhatɔ ɖesiaɖe kple eƒe dzixɔsewo. Buddhatɔwo mexɔ Wɔla ƒe anyinɔnɔ dzi se o, ke boŋ wobua Indiatɔ Buddha Gautama si nɔ anyi le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me be enye ame vevi aɖe le mawusubɔsubɔ me. Esime Gautama kpɔ dɔnɔ, amegãɖeɖi, kple ame kuku zi gbãtɔ la, gɔmesese si le agbe ŋu ɖe fu nɛ vevie. Ebia eɖokui be, ‘Ðe wowɔ ame be wòava kpe fu, atsi aku amegã ahakua?’ Le nyateƒe me la, míate ŋu aɖo biabia mawo ŋu na Buddhatɔ anukwaretɔ si di be yeanya ŋuɖoɖoawo.
18 Ne èle nu ƒom na Buddhatɔwo la, gblɔ gbedasi nyui kple nyateƒe siwo me kɔ si dze le Biblia si nye agbalẽ kɔkɔewo katã ƒe vevitɔ kekeake me. Abe alesi wòle le ame akpa gãtɔ gome ene la, Buddhatɔwo tsɔa ɖe le ŋutifafa, agbenyuinɔnɔ, kple ƒomegbenɔnɔ me vevie, eye zi geɖe la, wolɔ̃na woɖoa dze na wo tso nya siawo ŋu. Esia ate ŋu ana nàva te gbe ɖe edzi be Fiaɖuƒea enye ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔnu ŋutɔŋutɔ.
19 Ame aɖewo siwo xɔ Buddhatɔnyenye kple Ɣedzeƒetɔwo ƒe nufiafia bubuwo dzi se nɔa míaƒe anyigbamamã ƒe akpa aɖewo. Ðewo nye sukuvi siwo le yunivɛsiti dem. Esime nɔvinyɔnu aɖe kpɔ ŋutsu Chinatɔ aɖe le nuɖuɖudzraƒe aɖe la, etsɔ trakt si le ŋutsua degbe me nɛ eye wòdo Biblia sɔsrɔ̃ ɖe egbɔ. Ŋutsua gblɔ be: “Biblia Kɔkɔe lae nèwɔnɛa? Mele nusia dim xoxoxo le nye agbe me katã!” Edze nusɔsrɔ̃ gɔme kwasiɖa ma eye wòte kpekpeawo katã yiyi.
20 Ƒe ewo kple edzivɔe nye sia si nɔvinyɔnu mɔɖela aɖe si le United States le nyateƒea fiam sukuvi Chinatɔwo. Nya si wògblɔna si dea edzie nye be yekpɔ nane si ŋu sukuviwo katã tsia dzi ɖo—wo katã dia ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ. Emegbe ebiana ne woawo hã wodia nu mawo. Zi geɖe la, wolɔ̃na ɖe edzi. Ehea woƒe susu yia agbalẽ gbadza si nye Lasting Peace and Happiness—How to Find Them, si ŋu wotrɔ asi le na Chinatɔwo koŋ la dzi. Esi wòsrɔ̃ nu kple sukuvi aɖe zi atɔ̃ ko la, egblɔ nɛ be ɣeyiɣi didi aɖee nye sia si yele nyateƒea dim eye fifia yeke ɖe eŋu.
21 Ðaseɖiɖi na Afrikatɔwo ƒe Blema Mawusubɔsubɔ me Tɔwo: Amesiwo wɔa tadedeagu mɔnu sia ŋudɔ xɔ Mawu gãtɔ, xexeame Wɔla la dzi se. Míate ŋu azã nya sia si dzi wolɔ̃ ɖo. Míate ŋu afia wo ayi edzi be tameɖoɖo aɖe le xexeame katã ƒe Mawu la si na míaƒe anyigba la. Míate ŋu agblɔ Fiaɖuƒea ƒe yayrawo na wo eye míahe woƒe susu ayi agbalẽ gbadza si nye Nusi Mawu Di ƒe nusɔsrɔ̃ 5 lia dzi.
22 Ðaseɖiɖi na Hindutɔwo: (Kpɔ Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta 5 lia.) Dzixɔse ɖoɖi gobii aɖeke mele Hindutɔwo si o. Woxɔ nu vovovo geɖe dzi se. Hindutɔwo bua woƒe mawugã Brahman be enye mawuɖekaetɔ̃ (Brahma enye Wɔla la, Vishnu enye Nutakpɔla, eye Siva enye Nutsrɔ̃la). Wotea gbe ɖe luʋɔ makumaku dzi vevie le woƒe gbugbɔgadzɔ ƒe nufiafia si na Hindutɔwo bunɛ be dzɔgbesee kpɔ ŋusẽ ɖe ame ƒe agbenɔnɔ dzi la me. (Kpɔ Reasoning-gbalẽa ƒe axa 317-21, kple Gbetakpɔxɔ, May 15, 1997, axa 3-8.) Hindutɔwo ƒe nufiafia ɖea mɔ ɖe nusianu ŋu, eye wogblɔna be nyateƒe ɖeka ma gbɔe subɔsubɔhawo katã ɖo tae.
23 Nusi míawɔ ne míele ɖase ɖim na Hindutɔ enye be míaɖe míaƒe mɔkpɔkpɔ si wotu ɖe Biblia dzi be míanɔ agbe tegbee le amegbetɔ ƒe blibodede me le anyigba dzi me eye míaƒo nu tso biabia vevi siwo dze ŋgɔ ameƒomea katã ƒe ŋuɖoɖo fadziname siwo le Biblia me hã ŋu.
24 Ðaseɖiɖi na Yudatɔwo: (Kpɔ Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta 9 lia.) Blemaŋutinya dzie wotu Yudatɔnyenye ɖo, ke menye ɖe glitotowo dzi o, si na wòto vovo na subɔsubɔha bubu siwo menye Kristotɔwo o. Woto Hebri Ŋɔŋlɔawo siwo tso gbɔgbɔ me dzi na míenya nu vevi siwo dzi ameƒomea anɔ te ɖo le Mawu vavã la didi me. Gake egbegbe Yudatɔnyenye ƒe nufiafia vevi aɖe nye amegbetɔ ƒe luʋɔ makumaku si to vovo na nusi Mawu ƒe Nya la fia. Ate ŋu alɔ̃ ɖe wò nyawo dzi ne èɖo kpe edzi be Abraham ƒe Mawu lae míedea ta agu na eye ne ègblɔ be nɔnɔme sesẽ mawo ke dze ŋgɔ mí katã le egbe ƒe xexeame.
25 Ne èdo go Yudatɔ si mexɔ Mawu dzi se o la, ebiabia nenye be nenemae wòsena le eɖokui me xoxoxo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ nusi ado dzidzɔ nɛ wu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ womeɖe nusita Mawu ɖe mɔ ɖe fukpekpe ŋu me nɛ wòdze eŋu kpɔ o. Míate ŋu ade dzi ƒo na Yudatɔ anukwaretɔwo be woagbugbɔ Yesu si nye Mesia la ŋuti nyawo me adzro, menye le nya totro siwo Kristodukɔa gblɔna le eŋu nu o, ke le alesi Yudatɔ nuŋlɔla siwo ŋlɔ Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso eŋui nu.
26 Ðaseɖiɖi na Moslemtɔwo: (Kpɔ Alesi Ameƒomea Le Mawu Dimee ƒe ta 12 lia.) Moslemtɔwo nye amesiwo lé Islam (alo, Muhammadtɔnyenye) me ɖe asi, eye woxɔe se be Allah koe nye mawu eye be Muhammad (570-632 M.Ŋ.) ye nye eƒe nyagblɔɖila mamlɛtɔ kple vevitɔ. Esi Moslemtɔwo mexɔe se be vi le Mawu si o ta la, wobua Yesu Kristo be Mawu ƒe nyagblɔɖila sue aɖe ko wònye, eye ɖoƒe bubu aɖeke megale esi o. Koran si ƒe anyinɔnɔ gogo ƒe 1,400 la yɔ nya tso Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo me. Nu geɖe sɔ kple wo nɔewo le Islam kple Katolikotɔnyenye me. Subɔsubɔha eveawo siaa fiaa amegbetɔ ƒe luʋɔ ƒe nu makumakunyenye, ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe fuwɔame, kple dzomavɔ ƒe anyinɔnɔ.
27 Nya si edze ƒã be woalɔ̃ ɖe edzie nye míaƒe dzixɔse si nye be Mawu vavã ɖeka koe li eye be eƒe gbɔgbɔe ʋã amewo woŋlɔ Biblia. Amesi xlẽa Koran la nyuie akpɔe be wofia asi Torah, Psalmowo, kple Nyanyuigbalẽawo be wonye Mawu ƒe Nya eye axlẽe be ele be woabu wo nenema ahawɔ ɖe wo dzi. Eyata àte ŋu agblɔ be yeasrɔ̃ agbalẽ siawo kple amea.
28 Ðewohĩ dzeɖonya sia asɔ na amesi gblɔ be Moslemtɔe yenye: “Nyemeɖo dze kple Moslemtɔ geɖe o gake mexlẽ nu ʋee aɖewo le miaƒe subɔsubɔha la ƒe nufiafiawo ŋu le agbalẽ sia me. [Ʋu Reasoning-gbalẽa ƒe axa 24.] Egblɔ be miexɔe se be nyagblɔɖilae Yesu nye gake be Muhammad ye nye nyagblɔɖila mamlɛtɔ kple vevitɔ. Ðe nèxɔe se be Mose hã nye nyagblɔɖila nyateƒetɔa? [Na wòaɖo eŋu.] Àdi be mafia nusi Mose se tso Mawu gbɔ le Eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ ŋu la wòa?” Emegbe nàxlẽ Mose II, 6:2, 3. Ne ètrɔ yi la, àte ŋu adzro agbalẽvi si nye The Time for True Submission to God ƒe tanya sue si nye “Mawu Ðeka, Subɔsubɔha Ðeka,” si le axa 13 la me.
29 Egbea ame geɖe le wɔwɔm ɖe nya siwo le Yesaya 55:6 dzi, si xlẽ be: “Midi Yehowa, ŋkeke alesi wòle gaglãgbe, miyɔe, esime wòtsɔ kpuiƒe.” Esia ku ɖe dzianukwaretɔwo katã ŋu, eɖanye gbe ka ke wodona alo subɔsubɔha ka mee wole o. Míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa ayra míaƒe agbagbadzedzewo esi míele kutri kum be míayi ‘aɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo woanye nusrɔ̃lawo.’—Mat. 28:19.
[Aɖaka si le axa 6]
AGBALẼ SIWO ŊU WOTRƆ ASI LE NA AMESIWO MENYE KRISTOTƆWO O
Buddhatɔwo
In Search of a Father (Agbalẽvi)
“Kpɔ ɖa! Mele Nuwo Katã Wɔm Yeye” (Agbalẽ Gbadza)
Chinatɔwo
Lasting Peace and Happiness—How to Find Them (Agbalẽ Gbadza)
Hindutɔwo
From Kurukshetra to Armageddon—And Your Survival (Agbalẽvi)
Our Problems—Who Will Help Us Solve Them? (Agbalẽ Gbadza)
The Path of Divine Truth Leading to Liberation (Agbalẽvi)
Victory Over Death—Is It Possible for You? (Agbalẽvi)
Why Should We Worship God in Love and Truth? (Agbalẽ Gbadza)
Yudatɔwo
A Peaceful New World—Will It Come? (Trakt 17 Lia)
Jehovah’s Witnesses—What Do They Believe? (Trakt 18 Lia)
Will There Ever Be a World Without War? (Agbalẽ Gbadza)
Moslemtɔwo
How to Find the Road to Paradise (Trakt)
The Time for True Submission to God (Agbalẽvi)