INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/1 axa 3
  • Ðe Wòanya Wɔ Be Nu Si Le Asiwò Nadze Ŋuwòa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Wòanya Wɔ Be Nu Si Le Asiwò Nadze Ŋuwòa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Nu Siwo Le Asiwò Dzea Ŋuwòa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Biblia ƒe Dzidzenuwo Dzi Wɔwɔ Ate Ŋu Akpe Ðe Ŋuwò Nàɖe Dzi Ði
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dze Xɔlɔ̃ Nyuiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/1 axa 3

Ðe Wòanya Wɔ Be Nu Si Le Asiwò Nadze Ŋuwòa?

“Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nu si le ame si ŋu nana hiãtɔwo zua kesinɔtɔwo; ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe nu si le ame si ŋu nana gatɔwo zua hiãtɔwo.”—Benjamin Franklin.

ABE ale si lododo sia me nyawo ɖee fia ene la, ame geɖe va kpɔe be dzidzemekpɔkpɔ menye nu si woate ŋu atsɔ ga aƒle o. Eya ta mewɔ nuku o be ame geɖe ƒe dzi megadzea eme le xexe sia si me woƒonɛ ɖe amewo nu be woana nunɔamesi geɖe nasu wo si, be woaɖo taɖodzinu kɔkɔwo gbɔ, alo be woanɔ agbe abe ame bubuwo ke ene la me o! Ðe nu siwo gbɔna la dometɔ aɖewo kpɔ ŋusẽ ɖe dziwòa?

• Adzɔhawo tea gbe ɖe edzi le woƒe boblododowo me be ne nu geɖe le asiwò la, wò dzi adze eme.

• Hoʋiʋli si yia edzi le dɔ me alo suku la ƒonɛ ɖe nuwò be nàsusui be ne ètea ŋu wɔa nu si ame bubuwo wɔna la, ekema wò hã amee nenye.

• Amewo mekpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo nèwɔna na wò ŋu o.

• Xɔ̃wòwo nana nèʋãa ŋu ɖe nu siwo le wo si la ta.

• Mèkpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase vevi siwo le asiwò le agbe me la o.

Ðe wòanya wɔ be wò dzi nadze eme, togbɔ be nu siawo le fu ɖem na wò gɔ̃ hã? Apostolo Paulo ƒo nu tso “dzidzemekpɔkpɔ ƒe nu ɣaɣla” ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, nu bɔna ɖe esi, eye ɣebubuɣiwo la, hiã tunɛ. Eƒe nu dzea exɔlɔ̃wo ŋu, gake ame aɖewo ya ɖua fewu le eŋu. Ke hã, egblɔ be: “Mesrɔ̃ ale si manɔ agbee le dzidzɔ me nenye be nu geɖe loo alo nu sue aɖe koe le asinye.”—Míawoe te gbe ɖe edzi; Filipitɔwo 4:11, 12, Agbenya La.

Dzidzemekpɔkpɔ nye nu ɣaɣla na ame siwo meɖe afɔ aɖeke kpɔ be yewoƒe asi nasu edzi o, gake abe ale si Paulo gblɔe ene la, enye nu si woate ŋu asrɔ̃. Azɔ na míakpɔ nu vevi atɔ̃ aɖewo siwo ame geɖe menya o, siwo ŋu woƒo nu tsoe le Mawu ƒe Nya, Biblia me, siwo ate ŋu ana nu si le mía si la, nadze mía ŋu la ɖa.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe