INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 11/1 axa 4
  • Lɔ̃ Amewo, Ke Menye Ga Kple Nunɔamesiwo O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Lɔ̃ Amewo, Ke Menye Ga Kple Nunɔamesiwo O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ga
    Nyɔ!—2014
  • Ðe Ga Nye Nu Vɔ̃ɖiwo Katã Ƒe Kea?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Aleke Nàwɔ Ga Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ Nanɔ Asiwò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Dzidzeme Kple Dɔmenyonyo
    Nyɔ!—2018
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 11/1 axa 4

Nu vevi gbãtɔ

Lɔ̃ Amewo, Ke Menye Ga Kple Nunɔamesiwo O

NYA KAE BIBLIA GBLƆ? “Nu vɔ̃ɖi ƒomeviwo katã ƒe ke ɖekae nye galɔlɔ̃.”—1 Timoteo 6:10.

NU KAE NYE MƆXENUA? Boblodolawo dzea agbagba be yewoana be nu siwo le mía si la nagadze mía ŋu o. Wodi be míawɔ dɔ sesĩe akpɔ ga atsɔ aƒle nu yeyewo, nu siwo nyo wu, kple nu siwo lolo wu. Ga tea ŋu blea ame nu, eye ele bɔbɔe hã be míalɔ̃e. Gake Biblia gblɔ na mí be ame si lɔ̃a kesinɔnuwo la, nu siwo le esi la madze eŋu akpɔ o. Fia Salomo ŋlɔ bena: “Ame si lɔ̃a ga la, ga maɖi ƒo nɛ o, eye ame si lɔ̃a kesinɔnu la, viɖe aɖeke matso eme nɛ o.”—Nyagblɔla 5:9.

NU KAE NÀTE ŊU AWƆ? Wɔ nu abe Yesu ene, srɔ̃ ale si nàlɔ̃ amewo wu ŋutilãmenuwo. Yesu lɔ̃ faa be yeatsɔ nu siwo katã le ye si, kple yeƒe agbe gɔ̃ hã, asa vɔe le esi wòlɔ̃ amewo ta. (Yohanes 15:13) Egblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Ne míenaa nu amewo hekpɔa vovo ɖe wo ŋu la, woawo hã woawɔ nu ɖe míaŋu nenema ke. Yesu gblɔ be: “Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi.” (Luka 6:38) Ame siwo tia ga kple kesinɔnuwo yome la, gena ɖe fukpekpe kple vevesese geɖe me. (1 Timoteo 6:9, 10) Gake ne míelɔ̃a amewo eye woawo hã lɔ̃a mí la, míaƒe dzi adze eme ŋutɔŋutɔ.

Ðe manyo be nàdzro ɖokuiwò me kpɔ be yeate ŋu anɔ agbe si le tsɛ wu hã oa? Ðe nàte ŋu aɖe nu siwo le asiwò, alo nu siwo nèle didim be woasu asiwò la dzi akpɔtɔa? Esia wɔwɔ ana ɣeyiɣi kple ŋusẽ geɖe nanɔ asiwò ɖe nu siwo le vevie wu le agbe me la ŋu, si nye be nàkpe ɖe amewo ŋu eye nàsubɔ Mawu, ame si na nu siwo katã le asiwò la wò.—Mateo 6:24; Dɔwɔwɔwo 17:28.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 4]

“Minɔ nu nam amewo, eye amewo ana nu mi”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe