Sɔhɛwo—Mina Mawu Ƒe Nya La Nafia Mɔ Mi
“Ƒle nunya, ƒle gɔmesese.”—LOD. 4:5.
1, 2. (a) Nu kae kpe ɖe apostolo Paulo ŋu be wòte ŋu ɖu ʋiʋli si nɔ eme la dzi? (b) Alekee nàwɔ be nunya kple nugɔmesese nàsu asiwò?
“NE MEDI be mawɔ nu si sɔ la, nu vɔ̃ɖi boŋ nɔa menye.” Ènya ame si gblɔ nya mawoa? Apostolo Paulo ye. Togbɔ be elɔ̃ Yehowa hã la, ehiãna ɣeaɖewoɣi be wòaʋli sesĩe hafi ate ŋu awɔ nu dzɔdzɔe. Aleke wòse le eɖokui me ku ɖe ʋiʋli sia si nɔ eme la ŋu? Efa konyi be: “O, nye nublanuitɔ!” (Rom. 7:21-24) Ðe nèse Paulo ƒe seselelãmea gɔmea? Ðe wòsesẽna na wò ɣeaɖewoɣi be nàwɔ nu dzɔdzɔea? Ðe esia tena ɖe dziwò abe ale si wòte ɖe Paulo dzi enea? Ne nenemae la, dzi megaɖe le ƒowò o. Paulo ɖu kuxi siwo wòdo goe la dzi. Wò hã àte ŋui.
2 Paulo kpɔ dzidzedze, elabena eɖe mɔ “nya nyuitɔwo” fia mɔe. (2 Tim. 1:13, 14) Esia wɔe be nunya kple nugɔmesese si hiã be wòanɔ te ɖe kuxiwo nu ahawɔ nyametsotso nyuiwo la su esi. Yehowa Mawu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nunya kple nugɔmesese nasu asiwò. (Lod. 4:5) Ena aɖaŋuɖoɖo nyuitɔwo kekeake le eƒe Nya, Biblia la, me. (Mixlẽ 2 Timoteo 3:16, 17.) Bu ale si gɔmeɖose siwo le Ŋɔŋlɔawo me ate ŋu aɖe vi na wò le nuwɔwɔ kple dziwòlawo me, le gazazã me, kple ne wò ɖeɖe nèli la ŋu kpɔ.
Le Ƒomea Me
3, 4. Nu ka tae wòate ŋu asesẽ na wò be nàwɔ ɖe dziwòlawo ƒe sewo dzi, gake nu ka tae dziwòlawo dea sewo na wò ɖo?
3 Ðe wòsesẽna na wò be nàwɔ ɖe dziwòlawo ƒe sewo dzia? Nu ka tae wòate ŋu adzɔ alea? Susu ɖeka ate ŋu anye be èdi be ablɔɖe aɖe si nu nasu ye si. Seselelãme sia sɔ le dzɔdzɔme nu. Ne ame le tsitsim la, esena le eɖokui me nenema. Gake esi nègakpɔtɔ le aƒe me ta la, agba le dziwò be nàɖo to dziwòlawo.—Ef. 6:1-3.
4 Ne èse nu si tae dziwòlawo wɔa se kple ɖoɖo siwo dzi wòle be nàzɔ ɖo na wò gɔme la, anɔ bɔbɔe na wò wu be nàwɔ wo dzi. Nyateƒee, àte ŋu ase le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi abe Brielle,a si xɔ ƒe 18, ene; egblɔ le edzilawo ŋu be: “Woŋlɔ ale si wose le wo ɖokui me esime wonɔ abe nye ene la be keŋkeŋ. Womedina be magblɔ nye susu o; womeɖea mɔ nam be matso nya me le ɖokuinye si o; eye womebuam be metsi o.” Abe Brielle ene la, àte ŋu ase le ɖokuiwò me be dziwòlawo xɔ ablɔɖe geɖe le asiwò wu ale si nèsusu be wòanɔ. Ke hã, susu si koŋ tae dziwòlawo dea sewo na wò ɖoe nye be wotsɔ ɖe le eme na wò vevie. Gakpe ɖe eŋu la, dzila Kristotɔwo nyae be yewoabu akɔnta na Yehowa le ale si yewokpɔ dziwò la ŋu.—1 Tim. 5:8.
5. Aleke toɖoɖo dziwòlawo ate ŋu aɖe vi na wòe?
5 Le nyateƒe me la, wɔwɔ ɖe dziwòlawo ƒe sededewo dzi le ko abe ga si nèdo le gadzraɖoƒe aɖe la xexe ene—zi ale si nèwɔa nuteƒe le fea xexe me la, zi nenemae gadzraɖoƒea alɔ̃ faa ado ga bubu na wò. Nenema kee ènyi bubudede dziwòlawo ŋu kple toɖoɖo wo ƒe fe le wo ŋu. (Mixlẽ Lododowo 1:8.) Zi ale si nèɖoa to dziwòlawo geɖe wu la, zi nenemae woalɔ̃ faa ana ablɔɖe geɖe wu wò. (Luka 16:10) Gake ne èyi edzi le woƒe sewo dzi dam la, megawɔ nuku na wò ne woxɔ ablɔɖe si wona wò tsã la ƒe ɖe le asiwò alo xɔe le asiwò keŋkeŋ gɔ̃ hã o.
6. Aleke dzilawo ate ŋu akpe ɖe sɔhɛwo ŋu be woanye toɖolawo?
6 Mɔ aɖe si dzi dzilawo ate ŋu ato akpe ɖe wo viwo ŋu be woaɖo to woe nye kpɔɖeŋuɖoɖo na wo. Ele be ale si woawo ŋutɔwo lɔ̃na faa wɔna ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi la naɖee afia be Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ menye agba o. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na sɔhɛwo be woabu wo dzilawo ƒe sededewo nenema ke. (1 Yoh. 5:3) Gawu la, Biblia ƒo nu tso ɣeyiɣi aɖewo siwo me Yehowa na mɔnukpɔkpɔ esubɔlawo gɔ̃ hã be woagblɔ nu si wosusu tso nya aɖe ŋu. (1 Mose 18:22-32; 1 Fia. 22:19-22) Ðe manyo be dzilawo nana mɔnukpɔkpɔ wo viwo ɣeaɖewoɣi be woagblɔ nu siwo wosusu le nya aɖe ŋu oa?
7, 8. (a) Kuxi kae sɔhɛ aɖewo kpea akɔ kple? (b) Nu ka nyanyae akpe ɖe ŋuwò ɖɔɖɔɖo naɖe vi na wò?
7 Ate ŋu asesẽ na sɔhɛwo hã be woakpe akɔ kple nu si wosusu be enye dzilawo ƒe nyaheɖeameŋu si mesɔ o. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me ɣeaɖewoɣi abe ale si ɖekakpui aɖe, si ŋkɔe Craig, se le eɖokui me ene. Egblɔ be, “Danye le ko abe kpovitɔ nyagɔmekula ene—enɔa gbagbãƒewo dim le ŋunye ɣesiaɣi.”
8 Zi geɖe la, ne wole nya gbem na mí alo le mía ɖɔm ɖo la, míesena le mía ɖokui me be wole nya hem ɖe mía ŋu. Biblia lɔ̃ ɖe edzi be ɖɔɖɔɖoxɔxɔ sesẽna, nenye be ɖɔɖɔɖoa sɔ ŋutɔ gɔ̃ hã. (Heb. 12:11) Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be ɖɔɖɔɖoxɔxɔ naɖe na vi wò? Nu vevi aɖe si dzi wòle be nàɖo ŋkui ye nye be lɔlɔ̃ si le dziwòlawo si na wò lae ʋãa wo woɖoa aɖaŋu na wò. (Lod. 3:12) Wodi be yewoakpe ɖe ŋuwò be nɔnɔme gbegblẽwo nagava zu numame na wò o eye nàtu nɔnɔme nyuiwo ɖo. Anɔ eme be dziwòlawo nyae be ne yewomeɖɔ wò ɖo o la, ɖeko wòle abe ɖe yewolé fu wò ene! (Mixlẽ Lododowo 13:24.) Gakpe ɖe eŋu la, ele be nànyae be ame wɔa vodada le agbe me godoo. Eya ta ne woɖɔ wò ɖo la, ɖe manyo be nàdze agbagba ade dzesi nunya si le nya si wogblɔ me oa? Biblia gblɔ be: ‘[Nunya] ƒeƒle nyo wu klosalo ƒeƒle, eye eƒe viɖe ƒo sika ta.’—Lod. 3:13, 14.
9. Le esi sɔhɛwo nanɔ nu si wobu be yewo dzilawo mewɔ nyuie o ŋu bum teƒe la, nu kae woate ŋu awɔ?
9 Ke hã, dzilawo hã daa vo. (Yak. 3:2) Ɣeaɖewoɣi la, ne wole ɖɔwòm ɖo la, woate ŋu aƒo nu nuŋumabumabutɔe. (Lod. 12:18) Nu kae ate ŋu ana dziwòlawo nàwɔ nu nenema? Ate ŋu anye be nu te ɖe wo dzi, alo wobui be wò vodadawo ɖee fia be yewodo kpo nu le hehenana wò me. Le esi nàyi edzi anɔ nu si nèsusu be womewɔ nyuie o la ŋu bum teƒe la, ɖe manyo wu be nàɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe didi vevie si le wo me be yewoakpe ɖe ŋuwò la ŋu oa? Ne èlɔ̃na faa xɔa ɖɔɖɔɖo la, nɔnɔme sia ava ɖe vi na wò ne ètsi.
10. Nu kae nàwɔ be wòanɔ bɔbɔe na wò wu be nàwɔ nu wòawɔ ɖeka kple dziwòlawo ƒe sewo kple woƒe nyagbenamewo be woaɖe vi na wò geɖe wu?
10 Àdi be wòanɔ bɔbɔe na ye wu be yeawɔ nu wòawɔ ɖeka kple dziwòlawo ƒe sewo kple woƒe nyagbenamewo be woaɖe vi na wò geɖe wua? Ne nenemae la, ehiã be nàna ale si mia kpli wo mieɖoa dzee la nanyo ɖe edzi wu. Aleke nàte ŋu awɔ esiae? Nu gbãtɔ si nàwɔ ye nye be nàɖo to. Biblia gblɔ be: ‘Ðe abla le nusese me, nànɔ blewu le nuƒoƒo me, nànɔ blewu le dziku me.’ (Yak. 1:19) Le esi nàtsɔ dzitsitsi aɖe ɖokuiwò nu teƒe la, dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi eye nàɖo to nya si dziwòlawo di be yewoagblɔ na wò. Wò susu nenɔ nya si gblɔm wole la dzi, ke menye ale si wole egblɔm la dzi o. Eyome gbugbɔ gblɔ ale si nèse nya siwo dziwòlawo gblɔ na wò la gɔme le wò ŋutɔ wò nyagbewo me bubutɔe na wo woase. Ewɔwɔ alea ana woaka ɖe edzi be èse nya si yewogblɔ na wò la gɔme. Ke ne èdi be yeaɖe nu si yewɔ alo nya si yegblɔ la me ya ɖe? Le go geɖe me la, nunya le eme be ‘nàkpɔ wò nuyiwo dzi’ va se ɖe esime nèwɔ dziwòlawo ƒe didiwo dzi hafi. (Lod. 10:19) Ne dziwòlawo nya de dzesii be èɖo to nya si yewogblɔ na wò ko la, woawo hã woadi vevie be yewoaɖo to wò. Nuwɔwɔ le mɔ si ɖea tsinyenye fiana nu alea ɖenɛ fiana be Mawu ƒe Nya la le mɔ fiam wò.
Le Gazazã Me
11, 12. (a) Nu kae Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí ku ɖe ga ŋu be míawɔ, eye nu ka tae? (b) Aleke dziwòlawo ate ŋu akpe ŋuwò be nàzã wò ga nyuie?
11 Biblia gblɔ be: ‘Ga kpɔa ame ta.’ Gake mawunyakpukpui sia kee ɖee fia be nunya xɔ asi sãsãsã wu ga. (Nyagb. 7:12, NW) Mawu ƒe Nya la de dzi ƒo na mí be nukpɔsusu nyui nanɔ mía si le ga ŋu, ke menye be míanɔ ga lɔ̃m o. Nu ka tae wòle be nàƒo asa na galɔlɔ̃? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ: Ne yi ɖaɖɛ le nuɖala bibi aɖe ƒe asi me la, enyea dɔwɔnu nyui aɖe. Gake ne yi ma ke le ame maɖɔŋuɖo alo ame si ɖea ŋu ɖi si me la, ate ŋu agblẽ nu. Nenema kee ne míezã ga nyuie la, ate ŋu aɖe vi geɖe. Ke hã, zi geɖe la, “ame siwo ɖoe kplikpaa be yewoazu kesinɔtɔwo la” tsɔa woa kple wo xɔlɔ̃wo dome kadodo, ƒomekadodowo, kple woa kple Mawu dome ƒomedodo gɔ̃ hã saa vɔe. Esia wɔe be wotsɔ “vevesese geɖe ŋɔ wo ɖokuiwo flofloflo.”—Mixlẽ 1 Timoteo 6:9, 10.
12 Aleke nàte ŋu asrɔ̃ gazazã nyuie? Ðe manyo be nàbia dziwòlawo ne woafia wò ale si nàwɔ ɖoɖo ɖe wò gazazã ŋu oa? Salomo ŋlɔ bena: “Nunyala nasee, eye wòadzi eƒe nunya ɖe dzi, eye mɔ sɔsɔe nasu nugɔmesela si.” (Lod. 1:5) Ðetugbui aɖe, si ŋkɔe nye Anna, bia mɔfiame nyuiwo tso edzilawo gbɔ. Egblɔ be: “Fofonye kpe ɖe ŋunye be menya ale si mawɔ ɖoɖo ɖe nye gazazãwo ŋu, eye efia ale si gbegbe wòhiã be maɖɔ ŋu ɖo le ale si mezãa nye gae me lam.” Anna dada hã fia afɔ ŋutɔŋutɔ siwo wòate ŋu aɖe lae. Anna gblɔ be: “Efiam vevienyenye si le nuwo ƒe asi tsɔtsɔ sɔ wo nɔewo hafi aƒlee la ŋu.” Alekee esia ɖe vi na Anna? Egblɔ be: “Fifia la, metea ŋu kpɔa nye ŋutɔ nye gazazãwo gbɔ. Meléa ŋku ɖe ale si mezãa nye gae ŋu nyuie, eya ta ablɔɖe kple susume ƒe akɔdzeanyi si dona tso asaƒoƒo na fenyinyi me la su asinye.”
13. Aleke nàte ŋu amla ɖokuiwò le gazazã gome?
13 Nenye be èƒlea nuwo ne ènya kpɔ wo ko alo zãa wò gawo be xɔ̃wo nakpɔ la, ke eteƒe madidi o àkpɔ ɖokuiwò le fe me. Nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàƒo asa na mɔ̃ sia? Le gazazã gome la, ele be nàsrɔ̃ ale si namla ɖokuiwò. Nu siae Ellena, si le eƒe ƒe 20-awo me, wɔna. Egblɔ be: “Hafi mía kple xɔ̃nyewo míado la, mewɔa ɖoɖo doa ŋgɔ hetsoa nya me le ga home si mazã ŋu. . . . Mekpɔe hã be, nunya le eme be mayi nuƒleƒe kple xɔ̃nye siwo léa be na ga, siwo ade dzi ƒo nam be mabia nuwo ƒe asi ta le teƒe vovovowo hafi aƒle wo, ke menye be maƒle gbãtɔ si mekpɔ ko o.”
14. Nu ka tae wòle be nànɔ ŋudzɔ ɖe “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ŋu?
14 Dɔwɔwɔ akpɔ ga kple gazazã nye agbea ƒe akpa vevi aɖewo. Ke hã, Yesu gblɔ be ame siwo nyae be “gbɔgbɔmenuwo hiã yewo” lae akpɔ dzidzɔ vavãtɔ. (Mat. 5:3) Exlɔ̃ nu mí be “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” ate ŋu avu atsyɔ ame ƒe ɖetsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me dzi. (Mar. 4:19) Eya ta aleke gbegbe wòle vevie nye esi be nàɖe mɔ Mawu ƒe Nya la nafia mɔ wò eye nukpɔsusu si sɔ nakpɔtɔ anɔ asiwò le ga ŋu!
Ne Wò Ðeɖe Nèli
15. Ɣekaɣie woate ŋu ado wò nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ wu?
15 Ɣekaɣie nèsusu be woate ŋu ado wò nuteƒewɔwɔ na Mawu kpɔ wu—ne èle amewo dome loo, alo ne wò ɖeɖe nèli? Anɔ eme be ne èle suku alo dɔ me la, ànɔ ŋute le gbɔgbɔ me geɖe wu. Ànɔ ŋudzɔ ɖe nu sia nu si ate ŋu ade wò gbɔgbɔmenyenye afɔku me la ŋu. Gake ne wò ɖeɖe nèli heɖe dzi ɖi la, ɣemaɣie wòle bɔbɔe wu be nàna ta ne èdo go agbe nyui nɔnɔ ƒe tetekpɔwo.
16. Nu ka tae nàdi be yeaɖo to Yehowa ne wò ɖeɖe nèli gɔ̃ hã?
16 Nu ka tae nàdi be yeaɖo to Yehowa ne wò ɖeɖe nèli gɔ̃ hã? Ðo ŋku nya sia dzi: Àte ŋu ado vevesese na Yehowa loo alo ado dzidzɔ na eƒe dzi. (1 Mose 6:5, 6; Lod. 27:11) Wò nuwɔnawo kpɔa ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe seselelãme dzi le esi wòtsɔ ɖe le eme na wò ta. (1 Pet. 5:7) Edi be nàɖo to ye bene eme nanyo na wò. (Yes. 48:17, 18) Esi Yehowa subɔla aɖewo siwo nɔ blena Israel la gbe eƒe aɖaŋuɖoɖo dzi wɔwɔ la, wodo vevesese nɛ. (Ps. 78:40, 41) Ke hã, Yehowa lɔ̃ nyagblɔɖila Daniel ya vevie, elabena mawudɔla aɖe yɔe be “ame malɔ̃nugbɔa.” (Dan. 10:11) Nu ka tae? Menye ɣeyiɣi siwo me Daniel le amewo dome koe wòwɔa nuteƒe na Mawu o, ke ewɔa nuteƒe nɛ ne eya ɖeɖe le eƒe me hã.—Mixlẽ Daniel 6:11.
17. Nya kawoe nàte ŋu abia ɖokuiwò ne èle modzakaɖeɖe tiam?
17 Be nàwɔ nuteƒe na Mawu ne wò ɖeɖe nèli la, ele be nàdze agbagba “nugɔmesese ƒe ŋutetewo” nasu asiwò “[be nàde] vovototo nyui kple vɔ̃ dome,” eyome nàna hehe wò ŋutete mawo “to wo zazã me,” to nu si nènya be ele dzɔdzɔe la wɔwɔ me. (Heb. 5:14) Le kpɔɖeŋu me, ne èle ha siwo nèsena, sinima siwo nèkpɔna, alo Internet nyatakakadzraɖoƒe siwo nèʋuna la tiam la, nyabiase siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò be nàtia nyuitɔwo ahaƒo asa na esiwo menyo o. Bia ɖokuiwò be: ‘Ðe nu sia ade dzi ƒo nam be nye dɔme natrɔ ɖe ame ŋu veviea, alo ɖe wòaʋãm be makpɔ “dzidzɔ [ne vɔ̃ dzɔ ɖe ame aɖe dzia]”?’ (Lod. 17:5) ‘Ðe wòakpe ɖe ŋunye be malɔ̃ ‘nyuia’ alo ɖe wòana wòasesẽ nam be malé “fu vɔ̃”?’ (Amos 5:15) Nu siwo nèwɔna ne wò ɖeɖe nèli la ɖea nu siwo le vevie na wò ŋutɔŋutɔ la fiana.—Luka 6:45.
18. Nu kae wòle be nàwɔ nenye be èkpɔa gome le nuwɔna siwo nènya be womenyo o la me le adzame, eye nu ka tae?
18 Nu kae wòle be nàwɔ ne èkpɔa gome le nuwɔna siwo nènya be womenyo o la me le adzame? Ðo ŋku edzi be, ‘ame si tsɔ nu tsyɔ eƒe vodada dzi la, madze edzi nɛ o; ke ame si ʋu eme, eye wòdzudzɔe la, woave enu.’ (Lod. 28:13) Aleke gbegbe nunya manɔ eme o enye esi be nàyi edzi anɔ gome kpɔm le nuwɔna gbegblẽ aɖe me eye nànɔ “nuxaxa dom na Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe” lae! (Ef. 4:30) Agba le dziwò be nàgblɔ nu gbegblẽ ɖe sia ɖe si nèwɔ la na Mawu kple dziwòlawo, eye ne èwɔ esia la, aɖe vi na wò ŋutɔ. Le go sia me la, “hamemetsitsiwo” ate ŋu akpe ɖe ŋuwò geɖe ŋutɔ. Nusrɔ̃la Yakobo gblɔ be: “Woado gbe ɖa ɖe [nu gbegblẽ wɔlaa ta] ahasi ami nɛ le Yehowa ƒe ŋkɔ me. Eye xɔse ƒe gbedodoɖa ana dɔnɔ la ƒe lãme nasẽ, eye Yehowa afɔe ɖe te. Eye ne ewɔ nu vɔ̃ aɖewo la, woatsɔe akee.” (Yak. 5:14, 15) Ðikeke mele eme o be, afɔɖeɖe sia ate ŋu ana nàto nɔnɔme sesẽ aɖewo me eye ɖewohĩ emetsonu aɖewo mado dzidzɔ na wò o. Gake ne èlé dzi ɖe ƒo hebia kpekpeɖeŋu la, àƒo asa na nugbegblẽ le ɖokuiwò ŋu ɖe edzi, eye dzidzeme si dona tso dzitsinya nyui ƒe amesisusu ake me la asu asiwò.—Ps. 32:1-5.
Do Dzidzɔ Na Yehowa Ƒe Dzi
19, 20. Nu kae Yehowa di na wò, gake nu kae wòle be nàwɔ?
19 Yehowa nye “Mawu dzidzɔtɔ,” eye edi be wò hã nàkpɔ dzidzɔ. (1 Tim. 1:11) Etsɔ ɖe le eme na wò vevie. Ne ame aɖeke mekpɔa agbagba siwo nèdzena be yeawɔ nu nyui la dzea sii o hã la, eya kpɔnɛ. Naneke mele ɣaɣla le Yehowa ŋkume o. Eléa ŋku ɖe ŋuwò, menye be yeakpɔ vodada le ŋuwò o, ke boŋ be yeakpe ɖe ŋuwò be nàwɔ nyui. Mawu ‘ƒe ŋku kpɔa anyigba blibo la dzi, eye wòdoa ŋusẽ ame siwo ku ɖe eŋu kple woƒe dzi blibo.’—2 Kron. 16:9.
20 Eya ta ɖe mɔ be Mawu ƒe Nya la nafia mɔ wò, eye nàwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo siwo le eme la dzi. Esia ana be nunya kple nugɔmesese si akpe ɖe ŋuwò be nàɖu kuxi sesẽ siwo le abe ŋu ene dzi, eye nàwɔ tiatia siwo wɔwɔ sesẽ le agbe me, la nasu asiwò. Menye ɖeko wò nu adze dziwòlawo kple Yehowa ŋu o, ke àkpɔ dzidzɔ vavãtɔ le agbe me hã.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
Aleke Nàɖo Wo Ŋui?
• Nu kae sɔhɛwo awɔ be woawɔ nu wòawɔ ɖeka kple wo dzilawo ƒe sewo kple woƒe nyagbenamewo be woaɖe vi na wo geɖe wu?
• Nu ka tae wòle vevie be nukpɔsusu si da sɔ nasu mía si le ga ŋu?
• Aleke nàte ŋu alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa ne wò ɖeɖe nèli gɔ̃ hã?
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ðe nèwɔa nuteƒe na Mawu ne wò ɖeɖe nèlia?