INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w10 12/1 axa 15-17
  • “Mɔnukpɔkpɔ Gãe Wònye Su Asinye!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Mɔnukpɔkpɔ Gãe Wònye Su Asinye!”
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale Si Woɖe Xɔse Kple Lɔlɔ̃ Fia Esi Anyigba Ʋuʋu Le Haiti
    Nyɔ!—2011
  • Nyagblɔɖi 1. Anyigbaʋuʋuwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • “Medi be Masubɔ Mawu”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
  • Míesrɔ̃ Nu Tso Nufiala Gãtɔ Gbɔ Le Míaƒe Agbe Me Katã
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
w10 12/1 axa 15-17

Lɛta Si Tso Haiti

“Mɔnukpɔkpɔ Gãe Wònye Su Asinye!”

ESI anyigba ʋuʋu le Haiti le January 12, 2010 dzi la, nu siwo gbegbe anyigbaʋuʋua gblẽ la kpɔkpɔ le television dzi teti gɔ̃ hã menɔ bɔbɔe nam o. Le ɣleti ma ke ƒe ŋkeke 20 lia dzi la, xɔ̃nye vevi Carmen ƒo ka nam hedo susua ɖa be míayi Haiti aɖana kpekpeɖeŋu ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo. Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, mía kple Carmen míedze si mía nɔewo esi míeyi ɖawɔ dɔ abe dɔnɔdzikpɔlawo ene esime wonɔ Fiaɖuƒe Akpata aɖe tum. Tso ɣemaɣi la, míetsɔa mía ɖokuiwo nana faa wɔa dɔ le teƒe bubuwo, si wɔe be míeva zu xɔlɔ̃ veviwo.

Megblɔ na Carmen be ɖewohĩ ŋusẽ manɔ ŋunye be mana kpekpeɖeŋu le Haiti o, eye nyemate ŋu ado dzi anɔ te ɖe nɔnɔmea nu o. Eɖo ŋku edzi nam be mí ame evea míetea ŋu wɔa dɔ nyuie ɖekae, eye be míate ŋu ado ŋusẽ mía nɔewo. Eƒe nyawo de dzi ƒo nam, eya ta meƒo ka ɖo ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, eye meƒo nu kple ame si nɔ kpekpeɖeŋunadɔa dzi kpɔm tso Amerika la. Mena wòŋlɔ nye ŋkɔ kpe ɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na be yewoana kpekpeɖeŋu la ŋu. Meƒo nu tso Carmen ŋu nɛ hegblɔ kpee be madi be mía kplii míawɔ dɔ ɖekae. Eɖo eŋu nam be yemate ŋu aka ɖe edzi nam be woayɔ mí loo alo be mí ame evea míawɔ dɔ ɖekae o.

Eya ta meyi nye gbesiagbe dɔwo dzi henɔ susum be womayɔm o. Ŋkeke ene megbe, si dze Dzoɖagbe dzi, si nye ɣletia ƒe ŋkeke 25 lia dzi la, woƒo ka nam tso Brooklyn hebiam nenye be anya wɔ nam be mazɔ mɔ ayi Haiti le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi hã! Nya la dzem kpo. Meɖo eŋu nɛ be madze agbagba awɔ tɔnye sinua. Nu gbãtɔ si mewɔe nye be mebia mɔ le dɔ me. Eyome meyɔ Carmen, ke egblɔ nam be womekpe ye o, le esi yemese Fransegbe o ta. Dzi dzɔm be wokpem, ke hã vɔvɔ ɖom. Le January ƒe ŋkeke 28 lia dzi, esi medze agbagba ƒle yameʋuɖotikiti vɔ la, meɖo yameʋu tso New York yi Dominican Republic, si ɖo liƒo kple Haiti la, ƒe dugã Santo Domingo.

Yehowa Ðasefo aɖe, si nye sɔhɛ la, va kpem le yameʋudzeƒea hekɔm yi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Dominican Republic. Dɔnɔdzikpɔla eve bubu siwo hã nye nyɔnuwo la tso Amerika va le ŋkeke ma ke dzi, eye mía kpli wo sia míemlɔ xɔ ɖeka me le zã ma me. Le ŋufɔke la, wokɔ mí yi Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Haiti ƒe dugã si nye Port-au-Prince.

Esi míetso dea ge ɖe Haiti me la, míekpɔ ale si gbegbe anyigbaʋuʋua gblẽ nui. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be le aɖabaƒoƒo 35 pɛ ko me la, anyigbaʋuʋua gblẽ nu le anyigba nyui sia ŋu nenema gbegbe. Nu si dzɔ la kpɔkpɔ le television dzi gɔ̃ hã menɔ bɔbɔe nam kura o, ʋuu keke wòahanye be meva le ekpɔm kple nye ŋutɔ nye ŋkuwo. Nu gblẽ le aƒe geɖe, siwo dome dukplɔla nɔƒe hã le, ŋu vevie, ke aƒe bubuwo ya gba gudugudu. Le aƒe mawo dometɔ geɖe gome la, ɖe amewo wɔ dɔ sesĩe le woƒe agbemeŋkekewo katã me hafi te ŋu tu wo, gake wo katã wogbã le aɖabaƒoƒo ʋɛ aɖewo ko me. Mede ŋugble vevie le nyateƒe si wònye be menye ŋutilãmenuwoe nye nu vevitɔ na mí le agbe me o la ŋu.

Esi míeɖo alɔdzedɔwɔƒea, eye ame si le amedzroxɔƒea kpɔ mí míenɔ gegem ɖe eme la, etso le eƒe kplɔ ŋu hesi du va wɔ atuu na mí le ʋɔtrua nu hedo vivi ɖe mía ŋu. Eda akpe na mí be míegblẽ míaƒe dɔwo ɖi be míava kpe ɖe yewo ŋu. Esi míeɖu ŋdɔnu vɔ̃ la, míeyi ɖe Ðasefowo ƒe Takpexɔ, si te ɖe afi ma ŋu, si wotrɔ wòzu dɔnɔkɔdzi la me. Le afi ma la, medo go Ðasefo bubu siwo hã tsɔ wo ɖokui na be yewoana kpekpeɖeŋu. Atsu kple asi aɖe siwo nye ɖɔktawo kple woƒe kpeɖeŋutɔ, siwo tso Germany, kpakple vixela aɖe si tso Switzerland hã nɔ wo dome.

Medze dɔ gɔme zã ma ke me. Enɔ na mí be míakpɔ ame 18, siwo mlɔ beliwo dzi le Takpexɔa me le anyigba la gbɔ—Ðasefowo kple ame siwo menye Ðasefowo o sia. Ðasefo dɔnɔdzikpɔlawo kpɔ ame sia ame gbɔ femaxee.

Le zã ma me la, dɔnɔwo dometɔ ɖeka, si nye ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 80 la, ku. Srɔ̃a kple ame si mía kplii míemlɔa xɔ ɖeka me, kpakple nye ŋutɔ hã, míenɔ egbɔ hafi wòku. Ema yome la, ɖetugbui aɖe si ŋkɔe nye Ketly la de asi ɣlidodo me le vevesese ta. Ðɔktawo lã eƒe ɖusibɔ, le esi nu gblẽ le eŋu vevie le anyigbaʋuʋua me ta. Ðasefo si nɔ Biblia srɔ̃m kple Ketly la bɔbɔ nɔ anyi ɖe exa. Zã sia zã la, emlɔa Ketly gbɔ le Takpexɔa me.

Mete ɖe Ketly ŋu henɔ agbagba dzem be mana eƒe vevesesewo dzi naɖe akpɔtɔ. Gake menye eƒe ŋutilã me koe wònɔ veve sem le o. Egblɔ nam be yenɔ ye xɔlɔ̃ aɖe ƒe aƒe me hafi anyigba ʋuʋu. Wo ame evea womenya nu si nɔ dzɔdzɔm o. Wolé alɔ na wo nɔewo hede afɔ du me ɖo ta xɔxɔnua, tete gli aɖe mu dze wo dzi hemimi wo ɖi. Edo ɣli yɔ exɔlɔ̃a, gake metɔ o. Egblɔ be enumake ko yekpɔe dze sii be ye xɔlɔ̃a ku. Exɔlɔ̃a ku ɖe edzi, eye wonɔ afi ma va se ɖe esime kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo va le gaƒoƒo ene megbe. Wolã Ketly ƒe abɔ ɖe keke eƒe abɔta ke.

Le zã gbãtɔ si meyi afi ma me la, Ketly mete ŋu nɔ alɔ̃ me yim o, elabena nu si dzɔ ɖe edzi la nɔ susu me vam nɛ. Enɔ avi fam esi wògblɔ nam bena: “Menya nu si Ŋɔŋlɔawo gblɔ le ŋkeke mamleawo kple anyigbaʋuʋuwo ƒe dzɔdzɔ ŋu. Menya be etsɔme nyui aɖe li na mí. Menya be ele be mada akpe be megale agbe. Gake wò ya tsɔe ko be dziwòe nu sia dzɔ ɖo. Egbea nu sia nu le edzi yim na wò nyuie, gake kaka nàkpɔ ko la, wòe nye esia zu alea.” Nyemeganya nu si mawɔ o, eya ta ɖeko melé eƒe alɔnu, eye nye hã mede asi avifafa me. Mí ame evea míenɔ avi dzi va se ɖe esime alɔ̃ fii.

Gbe sia gbe la, woɖoa ɖɔkta ɖeka kple dɔnɔdzikpɔla eve ɖa be woava kpɔ ame siwo nuvevi wɔ la gbɔ. Woɖom ɖe Petit Goave—enye gaƒoƒo eve ƒe mɔzɔzɔ tso Port-au-Prince. Mía kple lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla eve bubue yi—wo dometɔ ɖeka nye dɔnɔdzikpɔla tso Florida, eye evelia nye ɖɔkta tso France. Míeɖo afi ma ŋdi ga 9:30, eye míeɖe agbawo helɔ wo yi ɖe Fiaɖuƒe Akpata si le afi ma la me. Amewo se be míegbɔna, eya ta wobɔbɔ nɔ anyi nɔ mía dzɔm.

Míedze dɔ gɔme enumake. Teƒea nɔ dzo gbɔm, eye ame siwo nɔ fli me be woakpɔ yewo gbɔ la ƒe xexlẽme nɔ dzidzim ɖe edzi. Eƒo abe ɣetrɔ ga etɔ̃ ene hafi míete ŋu dzudzɔ vie. Gbe ma gbe la, mí ame etɔ̃a míesi abɔta na ame 114, eye míekpɔ ame 105 siwo nuvevi wɔ alo dze dɔ la gbɔ. Ðeɖi te ŋunye ŋutɔ, gake dzi nɔ dzɔyem be míewɔ mía tɔ sinua kpe ɖe ame siwo nɔ nɔnɔme sesẽwo me tom la ŋu.

Le wo katã me la, metsɔ kwasiɖa eve kple ŋkeke ʋɛ aɖewo wɔ kpekpeɖeŋunadɔ le Haiti. Esi menɔ afi ma la, zã sia zã kloe la mewɔa dɔ gaƒoƒo 12 le Takpexɔa me. Agbanɔamedzi gã aɖee wònye—nyemewɔ dɔ nenema kpɔ le nye agbe me o. Gake mese le ɖokuinye me be mɔnukpɔkpɔ kple yayra gã aɖee afi ma yiyi nye nam. Dzi le dzɔyem ŋutɔ be mewɔ tɔnye sinua fa akɔ na Haititɔ mawo siwo kpe fu geɖe la hena gbɔdzɔe wo.

Míesrɔ̃ nu geɖe tso wo gbɔ. Le kpɔɖeŋu me, eva hiã be woalã afɔ na ŋutsuvi ƒe 15 vi aɖe si ŋkɔe nye Eliser, si nye ame siwo gbɔ mekpɔ la dometɔ ɖeka. Mede dzesii be edana nuɖuɖu si wonae la ɖi va se ɖe esime Jimmy, si mlɔa egbɔ zã sia zã la, gbɔ, ale be woa kplii woaɖui. Egblɔ nam be nu si tae yewɔnɛ alea ɖoe nye be menye gbe sia gbee Jimmy kpɔa nu ɖuna hafi gbɔna le fiẽ me o. Eliser ƒe kpɔɖeŋua na mekpɔe dze sii kɔtɛ be mehiã kokoko be míanye kesinɔtɔwo alo anɔ lãmesẽ me hafi ate ŋu ana nu siwo le mía si la ƒe ɖe ame bubuwo o.

Ame siwo mía kpli wo míenɔ kpekpeɖeŋunadɔa wɔm la hã ɖe dɔmenyowɔwɔ ƒe nɔnɔme ma ke fia. Lãme menɔ kɔkɔm na wo dometɔ ɖeka o, eye dzimegbe nɔ ame bubu hã vem. Ke hã, dɔnɔwo ƒe lãmesẽ me nɔnɔ nɔ vevie na wo wu woawo ŋutɔwo tɔ. Esia do ŋusẽm be mete ŋu yi dɔa dzi. Enuenu la, ɖeɖi tea míaƒe ŋutilã kple susu ŋu, eye nu tena ɖe mía dzi hã, gake míedo ŋusẽ mía nɔewo heyi dɔa dzi. Nyemaŋlɔ nuteƒekpɔkpɔ sia be akpɔ o! Enye dzidzɔ nam be menye Kristotɔ vavãwo ƒe habɔbɔ, si me tɔwo nyoa dɔ me, lɔ̃a ame hetsɔa wo ɖokui saa vɔe la, me tɔ.

Hafi madzo le Haiti la, ame siwo gbɔ míekpɔ la dometɔ eve siwo wolã ɖusibɔ na la dze agbagba ŋlɔ akpedalɛta nam, eye wote gbe ɖe edzi be magaxlẽ wo o va se ɖe esime mege ɖe yameʋua me hafi. Eya ta mewɔe abe ale si wogblɔe ene. Lɛtawo wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe be mede asi avifafa me.

Tso esime metrɔ va aƒe la, kadodo gakpɔtɔ le mía kple ame siwo medze xɔ̃e le Haiti la dometɔ aɖewo dome. Le ɣeyiɣi sesẽwo kple xaxaɣiwo me la, mɔnukpɔkpɔ ʋuna ɖi na mí be míadze xɔlɔ̃ veviwo ahaɖo kpe edzi be lɔlɔ̃ akuakuae le mía si na wo. Mexɔe se be xɔlɔ̃wɔwɔ si le mía dome la akpɔtɔ anɔ anyi, nɔnɔme sesẽ ka kee ɖado mo ɖa le etsɔme o. Mese le ɖokuinye me be mɔnukpɔkpɔ gãe wònye su asinye!

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe