Ale Si Woɖe Xɔse Kple Lɔlɔ̃ Fia Esi Anyigba Ʋuʋu Le Haiti
Le Braɖa, January 12, 2010 ƒe ɣetrɔ 4:53 la, Evelyn se gbeɖiɖi aɖe abe yameʋu gã aɖee le dodom tso to me ene, eye anyigba te ʋuʋu sesĩe. Kpexɔ siwo tsɔ ɖe egbɔ la ƒe sɔtiwo ŋe wòɖi sesĩe, eye wòkpɔ xɔwo nɔ mumum. Esi anyigbaʋuʋua tɔ la, Evelyn de teƒe kɔkɔ aɖe be yeakpɔ nu si gbegbe anyigbaʋuʋua gblẽ la ɖa. Ese amewo ŋkɔ wonɔ ɣli dzi le vevesese ta le teƒea godoo. Siminti ƒe ʋuʋu xɔ ya me katã le Haiti ƒe fiadu Port-au-Prince.
LE AÐABAƑOƑO ʋɛ aɖewo ko me la, aƒewo, dziɖuɖuxɔwo, gadzraɖoƒewo, kɔdziwo, kple sukuwo mu. Ameƒomevi vovovo siwo ƒe xexlẽme wu 220,000 ku. Ame 300,000 aɖewo hã xɔ abi vevie.
Dzidzi ƒo ame siwo tsi agbe la dometɔ geɖe, eye gbɔgblɔ bu ɖe wo esi wonɔ anyi ɖe woƒe xɔ siwo gbã la gbɔ. Ame bubuwo tsɔ woƒe asiwo nɔ kpewo fɔm alɔtsɔtsɔe, bene yewoaɖe yewoƒe ƒometɔwo kple aƒelikawo. Elektrikkawo tso, eye kasia anyigba tsyɔ, si ƒoe ɖe amewo nu be woazã tɔtsiwo kple bosomikaɖiwo atsɔ adi amewoe.
Le du si nye Jacmel me la, ŋutsuvi ƒe 11 vi aɖe si ŋkɔe nye Ralphendy la mimi ɖe xɔ gbagbã aɖe to me. Ame siwo nana kpekpeɖeŋu le dua me ne afɔku dzɔ la nɔ dɔ dzi vevie gaƒoƒo geɖe be yewoaɖee. Ale si sẽe kple sẽe ko anyigba gaʋuʋuna vie la na wodzudzɔ edidi, elabena wonɔ vɔvɔ̃m be dzisasrã edzitɔ, siwo ɖe abi la, ava mu adze yewo dzi. Gake Philippe, si nye Yehowa Ðasefo dutanyanyuigblɔla la, gbe tanana, elabena egblɔ be, “Nyemate ŋu agblẽ Ralphendy ɖi wòaku o.”
Philippe kple ame etɔ̃ bubuwo mimi to xɔ gbagbãwo to me hewɔ ɖɔɖɔɖɔ ɖake ɖe Ralphendy ŋu le afi si wòmlɔ, gli gbagbãwo mimi eƒe afɔwo ɖe anyigba. Wonɔ dɔ dzi tso zãtiƒe nɔ kpeawo ɖem ɖa ŋuɖɔɖotɔe. Ɣesiaɣi si anyigba gaʋuʋu vie ko la, wosea glikpe siwo le wo ta me la ŋkɔ be wole fefem hele giglim. Esi wòƒo ŋdi ga 5:00, si nye gaƒoƒo 12 tso esime anyigba ʋuʋu la, wohe Ralphendy do goe dedie.
Nublanuitɔe la, menye ame sia amee wote ŋu he do goe agbagbee o. Le dugã Léogâne, si hã me anyigbaʋuʋua gblẽ nu le vevie la, Roger kple via tsitsitɔ, Clid, te ŋu si do go esi woƒe aƒea mu. Ke via ŋutsuvi ɖevitɔ, Clarence, ya ku. Roger srɔ̃, Clana, ya meku haɖe o, eye wòte ŋu nɔ nu ƒom, gake kpe aɖe mu dze eƒe ta dzi hemimii ɖe anyigba. Roger kple exɔlɔ̃ aɖe nɔ agbagba dzem vevie be yewoaɖee. Enɔ xɔ gbagbãwo te do ɣli ɖa gblɔ be: “Miwɔ kaba! Ŋusẽ le vɔvɔm le ŋunye! Gbɔgbɔ mele nye sum o!” Gaƒoƒo etɔ̃ megbe la, xɔnametɔwo va ɖo. Ke esi wohee do goe la, eku xoxo.
Kuɖa, January 13, Si Nye Ŋkeke 2 Lia
Esi agu dze la, nu si gbegbe anyigbaʋuʋua gblẽ la dze ƒãa. Port-au-Prince ƒe akpa gãtɔ zu glikpowo. Esi nudzɔdzɔa ŋuti nyatakaka ɖo xexea me godoo la, kpekpeɖeŋunadɔwɔƒewo kple ame bubuwo tso xexea ƒe teƒe vovovowo tsɔ wo ɖokui na faa be yewoana kpekpeɖeŋu. Ame siwo le dɔ wɔm le Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Dominican Republic, si didi tso afi si afɔkua dzɔ le agbadroƒe 200 (kilometa 300) la hã se anyigbaʋuʋua ŋkɔ. Esi Ðasefo siwo le Dominican Republic se be afi si anyigbaʋuʋua nu sẽ le wu la te ɖe Port-au-Prince ŋu la, wodze ɖoɖowo wɔwɔ gɔme enumake be yewoaɖana kpekpeɖeŋu. Amewo sɔ gbɔ le Port-au-Prince ŋutɔ—ame miliɔn asieke ye le Haiti, eye wo dome ame miliɔn etɔ̃ kloe le Port-au-Prince.
Ƒe 150 ye nye esi anyigba megaʋuʋu sesĩe kpɔ le Haiti o. Eya ta Haititɔ akpa gãtɔ megatua xɔ siwo tea ŋu nɔa te ɖe anyigbaʋuʋu nu o, ke boŋ wotua woƒe xɔwo be woanɔ te ɖe ya sesẽwo kple tsiɖɔɖɔwo nu. Eya ta kpexɔ kple xɔ siwo wotsɔ kɔnkrit gba la mete ŋu nɔ te ɖe anyigbaʋuʋu sesẽ ma si ƒe dzidze de 7.0 la nu o. Ke hã, wotu Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Haiti, si nu wowu le ƒe 1987 me la, ɖe ale si wotua xɔ be wòanɔ te ɖe anyigbaʋuʋu nu la ƒe dzidzenuwo nu. Togbɔ be xɔa le Port-au-Prince ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi hã la, ete ŋu nɔ te ɖe anyigbaʋuʋua nu.
Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo ko la, Haiti ƒe alɔdzedɔwɔƒea va zu teƒe si amewo nɔ dɔ dzi vevie le be yewoakpe ɖe ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo ŋu. Esi wònye womagate ŋu aƒo ka alo aɖo nyatakakawo ɖa to kɔmpiuta dzi o ta la, alɔdzedɔwɔƒea ƒe dɔwɔlawo ku ʋu yi Dominican Republic ƒe de dzi zi eve le ŋkekea me be yewoaɖo nyatakakawo ɖa. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ame alafa geɖe siwo dometɔ geɖe xɔ abi vevie la va ƒo zi ɖe Haiti alɔdzedɔwɔƒea. Wokplɔ ame bubu geɖewo hã yi kɔdzi ʋɛ siwo gakpɔtɔ nɔ dɔ wɔm la me, gake eteƒe medidi hafi agba va wu tsɔtsɔ na wo o.
Le kɔawo dzi la, ame siwo nuvevi wɔ la tsi anyigba le afi sia afi—ʋu nɔ ɖuɖum le wo ŋu, eye wonɔ ŋeŋem kple ɣli. Marla, si tsi xɔ aɖe ƒe gli gbagbãwo te gaƒoƒo enyi sɔŋ la, hã nɔ wo dome. Eƒe afɔwo ku ɖe eŋu, eye mete ŋu nɔ wo ʋãm o. Eƒe aƒelikawo ɖee le gli gbagbãwo te hekɔe yi ɖe kɔ aɖe dzi, ke ame aɖeke menya kɔ si dzi wokplɔe yi o. Ðasefo aɖe si nye ɖɔkta, si ŋkɔe nye Evan, si tso Dominican Republic va ɣeaɖeɣi do ŋgɔ la, yi edi ge, ke eƒe ŋkɔ koe wònya.
Kaka ɣemaɣi la, ŋkeke ɖeka blibo va yi tso esime anyigba ʋuʋu, eye zã gado. Esi Evan nɔ ata dem ame kuku siwo tsi anyigba le kɔdzia ŋkume la, edo gbe ɖa le ta me, eyome wòde asi Marla yɔyɔ me. Mlɔeba la, ese ame aɖe tɔ be, “Nyee nye esi!” Marla nɔ ekpɔm henɔ alɔgbɔnu kom ŋɔnyɔɔ. Esia wɔ mo yaa na Evan wòbiae be, “Nu ka tae nèle nu kom?” Eɖo eŋu nɛ be, “Elabena nɔvinye haxɔsetɔ le gbɔnye azɔ.” Tete Evan te avifafa.
Yawoɖa, January 14, Si Nye Ŋkeke 3 Lia
Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Amerika, kpakple alɔdzedɔwɔƒe siwo le Canada, Dominican Republic, France, Germany, Guadeloupe, Martinique, kple teƒe bubuwo la, wɔ nu aduadu hewɔ nu sia nu si woatsɔ ana kpekpeɖeŋu la ŋu dɔ nyuie, ʋuwo, nyatakakamɔnuwo, ga, kpakple dɔwɔlawo. Le wo katã me la, dɔnɔdzikpɔla 78, siwo nye Yehowa Ðasefowo la va na kpekpeɖeŋu, eye lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla bubu geɖewo hã va kpe ɖe amewo ŋu. Kaka fɔŋli ga 2:30 naƒo la, agbatsɔʋu gbãtɔ ho tso Dominican alɔdzedɔwɔƒea heɖo ta Haiti, etsɔ nuɖuɖu, tsi, atike, kple nu bubu siwo katã ƒe kpekpeme le pounde 15,000 (kilogram 6,804).
Le gaƒoƒo aɖewo megbe la, nuawo va ɖo le ŋdi me, eye Ðasefo siwo le Haiti alɔdzedɔwɔƒea dze asitɔtrɔ le nuawo ŋu be yewoama. Bene fiafiwo naganya be nuɖuɖue le eme ne woayi efi ge adzra o la, kpekpeɖeŋunadɔwɔlawo gbugbɔ bla nuɖuɖuawo le mɔ aɖe nu be woaganya nu si le eme o. Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo nɔ dɔ dzi zã kple keli nɔ nuɖuɖuawo kple nuhiahiã bubuawo blam ɖe kotoku suewo me ɖe ƒomewo kple ame ɖekaɖekawo nu. Le ɣleti siwo kplɔe ɖo me la, Yehowa Ðasefowo ma nuhiahiã siwo amewo dzɔ, siwo katã ƒe kpekpeme le pounde 1,000,000 (si wu kilogram 450,000), eye nuɖuɖu siwo woma la wu 400,000. Woma esiawo katã na amewo femaxee.
Fiɖa, January 15, Si Nye Ŋkeke 4 Lia
Kaka ŋdɔ ga wuieve naƒo la, Ðasefo 19 siwo nye ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, kple kɔdzidɔwɔla bubuwo tso Dominican Republic kple Guadeloupe va ɖo Haiti. Wowɔ kaba ɖo dɔnɔdzikpɔƒe sue aɖe, afi si woakpɔ amewo gbɔ le hafi akɔ wo ayi kɔdzi ne ehiã. Ame siwo nuvevi wɔ, siwo gbɔ wokpɔ le afi ma la dometɔ aɖewoe nye ɖevi gbogbo siwo nɔ tsyɔ̃eviwodzikpɔƒe aɖe esi anyigba ʋuʋu. Gawu la, Ðasefoawo na nuɖuɖu kple tapolin dɔnɔdzikpɔƒea be woatsɔ atu agbadɔ. Étienne, si nye dɔnɔdzikpɔƒea dzi kpɔla gblɔ be: “Mekpɔ ŋudzedze ɖe nu si Yehowa Ðasefowo wɔ la ŋu ŋutɔ. Ne ɖe menye woawoe o la, nyemenya nu si wɔ ge míala o.”
Woke Ðe Nyɔnuvi Si Bu La Ŋu
Esi anyigba ʋuʋu la, nyɔnuvi ƒe adre vi aɖe si ŋkɔe nye Islande nɔ woƒe me kpɔ gota hekpɔ be elektrikkawo nɔ tsotsom henɔ dzo kem mlamlamla. Le aƒea me la, gliawo fe hemu dze eƒe afɔ dzi, si wɔe be eƒe afɔ ŋe, eye wòxɔ abi vevie. Esi woɖe Islande do goe la, fofoa, Johnny, kɔe ɖe ʋu me hetsɔe tso Dominican Republic dea yi ɖe kɔ aɖe dzi. Wokɔe ɖe yameʋu me yi ɖe kɔ aɖe dzi le Santo Domingo, si nye fiadua me. Gake esi Johnny ƒo ka ɖo ɖe kɔa dzi la, Islande menɔ afi ma o.
Johnny di Islande vevie ŋkeke eve, gake mekpɔe o. Wokɔe yi ɖe kɔ bubu aɖe dzi, afi si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla aɖe see wònɔ gbe dom ɖa na Yehowa. (Psalmo 83:19) Lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlaa biae be: “Elɔ̃ Yehowa?” Islande ɖo eŋu nɛ kple avi be, “Ɛ̃.” Dɔwɔlaa fa akɔ nɛ gblɔ be: “Ekema mègavɔ̃ o, Yehowa akpe ɖe ŋuwò.”
Johnny bia tso Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Dominican Republic si be woakpe ɖe ye ŋu yeadi Islande. Melanie, si nye Ðasefo la, lɔ̃ be yeadii. Esi Melanie nɔ Islande ta biam le kɔ aɖe dzi la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla si see Islande nɔ gbe dom ɖa la se be wonɔ eta biam, eye wòfia Melanie afi si nyɔnuvi suea le. Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, Islande gawɔ ɖeka kple eƒe ƒomea.
Dɔwɔwɔ Na Amewo Kple Dɔnɔwo Dzi Kpɔkpɔ
Le ame siwo nuvevi wɔ, siwo va dɔnɔdzikpɔƒe si Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Haiti ɖo, gome la, womewɔ atike aɖeke na wo dometɔ akpa gãtɔ hafi kplɔ wo vae o, eya ta abi siwo woxɔ la va zu abi vɔ̃. Zi geɖe la, ɖeko wòhiãna be woalã afɔ alo abɔ na wo be woatsi agbe. Ŋkeke ʋɛ aɖewo le anyigbaʋuʋua megbe teti la, dɔwɔnu siwo woatsɔ awɔ dɔ na amewo, atikewo, kple vevesesenutsitike ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi. Nu bliboa te ɖe ɖɔktawo ŋutɔ gɔ̃ hã dzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Mekpɔ nanewo teƒe hese ɣli aɖewo, siwo madi be Mawu naɖe ɖa le susu me nam.”
Le kwasiɖa evelia me tso esi anyigba ʋuʋu la, Ðasefo siwo nye ɖɔktawo siwo tso Europa siwo si nuteƒekpɔkpɔ kple dɔwɔnuwo le be woawɔ dɔ na ame siwo dze afɔku vevie, siwo wòhiã be woawɔ dɔ na kpata, la va ɖo. Amekolawo wɔ dɔ vovovo 53 na amewo, eye wowɔ atike na ame akpe bubu geɖewo. Wideline, si nye Ðasefo aɖe si xɔ ƒe 23 la, va ɖo Port-au-Prince ŋkeke si do ŋgɔ na anyigbaʋuʋua. Esi afɔkua dzɔ la, eƒe nuɖusibɔ fanya, si wɔe be wòva hiã be woalã eƒe abɔ le kɔdzi. Emegbe eƒe ƒometɔwo kɔe yi ɖe kɔdzi bubu aɖe si te ɖe woƒe aƒe ŋu le Port-de-Paix, si nye gaƒoƒo adre ƒe mɔzɔzɔ tso kɔ kemɛa dzi. Gake Wideline ƒe lãmea gava gblẽ ɖe dzi kura, si wɔe be kɔdzidɔwɔlawo na ta, le esi wosusui be aku godoo ta.
Esi Ðasefo kɔdzidɔwɔlawo se nu tso nɔnɔme si me Wideline nɔ ŋu la, wozɔ mɔ tso Port-au-Prince yi afi ma be yewoawɔ atike nɛ hafi akplɔe agbɔe ava yi dɔyɔyɔa dzi nɛ. Esi dɔnɔ bubuawo kpɔ be nɔvia haxɔsetɔwo va ekplɔ ge adzoe la, wosi akpe. Fifia, le Wideline ƒe ƒometɔwo kple hamea ƒe kpekpeɖeŋu me la, ete ŋu le tɔtrɔm ɖe nɔnɔme si me wòva le la ŋu nyuie.
Le Dominican Republic la, Yehowa Ðasefowo haya xɔwo hezã wo abe dɔnɔdzikpɔƒewo ene bene woakpɔ dɔnɔ siwo wokplɔ yi afi ma la dzi. Ðasefo lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo ɖɔa li wo nɔewo kpɔa dɔnɔwo dzi le aƒe mawo me—wo dometɔ aɖewo nye ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, kple kpekpeɖeŋunala bubuwo. Wotsɔ dzidzɔ nɔ dɔnɔwo ƒe hiahiãwo gbɔ kpɔm na wo va de asi na esime wohaya.
Woɖe Xɔse, Mɔkpɔkpɔ, Kple Lɔlɔ̃ Fia
Le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata 56 siwo le afi si anyigba ʋuʋu le le Haiti dome la, wo dometɔ 6 ko ŋue nu gblẽ le vevie. Ðasefo siwo ƒe aƒe gbã esi anyigba ʋuʋu la dometɔ akpa gãtɔ va tsi Fiaɖuƒe Akpata siwo megbã o, kple gbadzaƒewo. Ƒuƒoƒo ɖekae, menye nu yeye na Ðasefowo o, eya ta woƒoa ƒu ɖekae wɔa nu le ɖoɖo nu abe ale si ko wowɔnɛ le woƒe takpekpewo me ene.
Jean-Claude, si nye Yehowa Ðasefo hamemetsitsi la gblɔ be: “Míeyi edzi nɔ Biblia srɔ̃m le hame ƒe kpekpewo me abe tsã ene, eye esia wɔe be vavalawo ƒe dzi dzea eme, eye wòna ɖeviwo kple tsitsiawo siaa ƒe susu dze akɔ anyi.” Nu kae do tso eme? Ŋutsu aɖe gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be Yehowa Ðasefowo gale gbeƒã ɖem le yiyim. Ne ɖe míekpɔ mi o la, anye ne míase le mía ɖokui me be nɔnɔmea vloe kura wu esia.”
Ðasefoawo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa fa akɔ na amewo ŋutɔ. Ðasefo aɖe gblɔ be: “Ame siwo míedo goe la katã kloe xɔe se be Mawue le to hem na yewo to anyigbaʋuʋua dzi. Míekana ɖe edzi na wo be menye Mawu gbɔe wòtso o, ke boŋ dzɔdzɔmefɔkue. Míexlẽa 1 Mose 18:25 na wo. Abraham gblɔ le afi ma be, nede megbe xaa tso Mawu gbɔ be wòatsrɔ̃ ame nyui kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka. Míexlẽa Luka 21:11 hã na wo. Le afi ma la, Yesu gblɔ ɖi be anyigbaʋuʋu gãwo ava le míaƒe ɣeyiɣia me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, míeɖea eme na wo be eteƒe madidi o woafɔ míaƒe ame vevi siwo ku la ɖe tsitre, eye fukpekpewo katã nu ayi. Ame geɖe kpɔ ŋudzedze ɖe nufiame sia ŋu ŋutɔ.”a
Gake kuxiwo gakpɔtɔ li. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Jean-Emmanuel si nye ɖɔkta la gblɔ be: “Afɔku gbãtɔ si nye anyigbaʋuʋua ya dzɔ vɔ. Ke fifia ele be míatrɔ ɖe nu siwo wògblẽ le ameawo ŋutɔ ŋu la gbɔ kpɔkpɔ ŋu azɔ. Dɔléle vovovowo ate ŋu agblẽ nu le asaɖa siwo amewo sɔ gbɔ ɖo fũu siwo ƒo ɖi henye bateƒe la me. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nu si dzɔ la gblẽ nu le amewo ƒe seselelãme ŋu vevie, wole wo ɖokui lém be wòagadze o, gake gbeɖegbeɖea koe.”
Kwasiɖa aɖewo le anyigbaʋuʋua megbe la, Ðasefo aɖe va dɔnɔdzikpɔƒea va gblɔ be taɖui aɖe le ye ŋu si gbe dzodzo eye yemete ŋu le alɔ̃ hã dɔm o—nu sia dzɔna ɖe amewo dzi zi geɖe le afɔkuwo ƒe dzɔdzɔ vɔ megbe. Dɔnɔdzikpɔla aɖe si nye Ðasefo la biae be, “Ðe nane ƒo ta na wòa?” Eɖo eŋu abe ɖe naneke mele ewɔm o ene be, “Ao. Srɔ̃nye si mía kplii míeli ƒe 17 enye esia la ku. Gake míele mɔ kpɔm na nu siawo tɔgbi. Yesu gblɔ be nu siawo adzɔ.”
Esi dɔnɔdzikpɔlaa de dzesi nu si gbɔ eƒe kuxia anya tso ta la, egblɔ nɛ be: “Gake wò kpeɖeŋutɔe nye ema ku. Dzigbãnyae mae! Naneke megblẽ le eŋu be nàxa nu ahafa avi o. Yesu hã fa avi esi exɔlɔ̃ Lazaro ku.” Tete ŋutsu sia si srɔ̃ ku la gba avi doo.
Le Ðasefo 10,000 kple edzivɔ siwo le nuto ma me dome la, wo dome ame 154 ku le anyigbaʋuʋua me. Wobu akɔnta be ame siwo le Port-au-Prince la dome ame 92 kple edzivɔ le alafa me ƒe ame vevi ɖeka alo esi wu nenema ku le afɔkua me. Be Yehowa Ðasefowo nate ŋu afa akɔ na ame siwo le nu xam la, woyina ɖasrãa ame siwo nuvevi wɔ kple ame siwo ƒe dzi gbã la edziedzi, eye esia naa mɔnukpɔkpɔ ame siwo dzi nu dzɔ ɖo la be woagblɔ woƒe dzimenyawo na ame siawo siwo dzi woate ŋu aka ɖo la. Ðasefo siwo le nu xam la nyae xoxo be Biblia do ŋugbe be woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre, eye be anyigba azu Paradiso, gake ehiã be woagblɔ ale si wole sesem le wo ɖokui me la na wo hati Kristotɔwo ahase akɔfanamenyawo kple dzideƒonamenyawo tso wo gbɔ.
Wole Te Nɔm Ðe Egbe Ƒe Kuxiwo Nu Hele Mɔ Kpɔm Na Etsɔme Nyui
Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Nu etɔ̃ siawo kpɔtɔ li: xɔse, mɔkpɔkpɔ, lɔlɔ̃; ke nu siawo dometɔ si de ŋgɔ wu ye nye lɔlɔ̃.” (1 Korintotɔwo 13:13) Nɔnɔme mawo le kpekpem ɖe Ðasefo siwo le Haiti la ŋu be woanɔ te ɖe kuxi siwo me tom wole fifia la nu, wonana be wodea dzi ƒo na amewo, eye wòkpena ɖe wo ŋu be woatsɔ dzinɔameƒo akpɔ mɔ na etsɔ si gbɔna. Edze ƒãa be xɔse, ɖekawɔwɔ, kple lɔlɔ̃ akuakua ye le amewo ʋãm be woatso dukɔ vovovowo me ava na kpekpeɖeŋu. Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Petra, si nye ɖɔkta tso Germany va na kpekpeɖeŋu la, gblɔ be: “Nyemekpɔ amewo woɖee fia be yewolɔ̃ yewo nɔewo alea gbegbe kpɔ o. Mefaa avi enuenu, gake zi geɖe la, dzidzɔvie wònyena, ke menye le vevesese ta o.”
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Wall Street Journal gblɔ tso anyigbaʋuʋu si dzɔ le Haiti le ƒe 2010 me la ŋu be “le mɔ aɖewo nu la, míate ŋu agblɔ be enye dzɔdzɔmefɔku si gblẽ nu wu le dukɔ ɖeka aɖe ŋu.” Ke hã, le afɔku ma megbe la, afɔku dziŋɔ bubu siwo tso amegbetɔwo ƒe nuwɔna gbɔ kple esiwo nye dzɔdzɔmetɔwo siaa dzɔ le xexea me godoo. Ðe wo nu ava yi gbe aɖe gbea? Yehowa Ðasefo siwo le Haiti kple esiwo le xexea me godoo la ka ɖe edzi be eteƒe madidi o, Mawu ana Biblia me ŋugbedodo sia nava eme: “Eye wòatutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋkume, eye ku maganɔ anyi o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevesese hã maganɔ anyi o. Nu siwo nɔ anyi tsã la nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.—g10-E 12.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11, si ƒe tanyae nye “Nukata Mawu Ðe Mɔ Fukpekpe Li?” Yehowa Ðasefowoe tae.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 15]
“Nyemate ŋu agblẽ Ralphendy ɖi wòaku o”
[Nya si ɖe dzesi si le axa 19]
“Edzɔ dzi nam ŋutɔ be Yehowa Ðasefowo gale gbeƒã ɖem le yiyim”
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 17]
ALE SI WOKPƆ NƆƑE NA AME SIWO ƑE AƑE GBÃ
Mede ɣleti ɖeka hafi Ðasefo siwo si xɔtuɖaŋu le la dze dɔ gɔme nɔ ŋku lém ɖe xɔwo ŋu be yewoakpɔ ɖa be kawoe le dedie be ƒomewo nagatrɔ ayi wo me hã o. Ame siwo ƒe aƒe gbã la dometɔ geɖe hiã na teƒe aɖe si woanɔ gbɔ va de asi na ɣeyiɣi si me woakpɔ xɔ ŋutɔŋutɔ si me woanɔ mlɔeba.
John, si wɔa dɔ le alɔdzedɔwɔƒe si le Haiti la, gblɔ be: “Abe ale si dukɔwo dome kpekpeɖeŋunahabɔbɔwo wɔnɛ ene la, míawo hã míetu xɔ siwo mabia ga geɖe fũu o, siwo tutu le bɔbɔe, eye woƒe lolome le ko abe xɔ siwo gbã la dometɔ geɖe ene. Xɔ siawo akpɔ wo me nɔlawo ta tso tsidzadza kple ya sesẽwo me, eye ne anyigba gaʋuʋu gɔ̃ hã la, magbã ahafanya emenɔlawo o.” Kwasiɖa etɔ̃ pɛ ko le anyigbaʋuʋua megbe la, lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le Haiti kple esiwo tso dukɔ bubuwo me la dze xɔ siawo ƒomevi tutu gɔme.
Ne agbatsɔʋu siwo tsɔ xɔ siawo ƒe akpa siwo wotu xoxo la va le yiyim la, ame siwo le ablɔwo dzi la nɔa ɣli dzi hoo vividoɖeameŋutɔe. Esi Haititɔwo ƒe dedzidɔwɔla aɖe nɔ dɔ wɔm tso xɔtunuawo ŋu hafi aɖe mɔ be woatsɔ wo atso dea la, egblɔ be: “Yehowa Ðasefowo le ame gbãtɔ siwo tso dea be yewoava na kpekpeɖeŋu la dome. Menye ɖeko woƒoa nu tso kpekpeɖeŋu nana amewo ŋu o, ke wokpena ɖe ame ŋu ŋutɔŋutɔ hã.” Le ɣleti ʋɛ aɖewo ko me, tso esime anyigba ʋuʋu la, Ðasefoawo tu xɔ 1,500 sɔŋ na ame siwo ƒe aƒe gbã la.
[Anyigbatata si le axa 14]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
HAITI
PORT-AU-PRINCE
Léogâne
Eƒe sesẽaƒe
Jacmel
DOMINICAN REPUBLIC
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Marla
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Islande
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Wideline
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe le Haiti le mɔ dzi yina akɔ fa ge na ame siwo dzi afɔkua dzɔ ɖo
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Ðɔkta aɖe le ŋutsuvi aɖe gbɔ kpɔm le dɔnɔdzikpɔƒe si Yehowa Ðasefowo ɖo