Mekpɔ Ŋusẽ Si Le Biblia Me Nyateƒea Ŋu
Abe ale si Vito Fraese gblɔe ene
ÐEWOHĨ mèse Trentinara ŋkɔ kpɔ o. Enye du sue aɖe si le Naples ƒe anyiehe, le Italy. Afi mae wodzi dzinyelawo kple fonye Angelo ɖo. Esi wodzi Angelo megbe la, dzinyelawo ʋu yi United States (Amerika) ɖanɔ Rochester, le New York, afi si wodzim ɖo le ƒe 1926 me. Papa do go Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ale si woyɔa Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi la, zi gbãtɔ le ƒe 1922 me. Eteƒe medidi o, eya kple Dada wova zu Biblia Nusrɔ̃viwo.
Papa nye ame fafa si yia ŋugble me ʋĩi, ke hã, elé fu madzɔmadzɔnyenye. Mete ŋu do dzi tsɔ ale si sɔlemehakplɔlawo gblẽ amewo ɖe gbɔgbɔmeviviti me o, esia ta, menaa Biblia me nyateƒea gbɔgblɔ na amewo ƒe mɔnukpɔkpɔ aɖeke toa eŋu gbeɖe o. Esi wòxɔ dzudzɔ le dɔ me la, eƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me eye wòdo vevie nu le dɔ sia me va se ɖe esime lãmegbegblẽ kple vuvɔŋɔli ƒe vuvɔ sesẽ la ƒoe ɖe enu wòdzudzɔ le eƒe ƒe 74 xɔxɔ me. Ɣemaɣi kura gɔ̃ hã la, egaɖea gbeƒã gaƒoƒo 40 alo 60 ɣleti sia ɣleti keke va ɖo eƒe ƒe 90-awo me. Papa ƒe kpɔɖeŋua kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe dzinye. Togbɔ be efena ɣeaɖewoɣi hã la, eɖoa movevi ɣesiaɣi. Elɔ̃a gbɔgblɔ be, “Ele be míatsɔ nyateƒea nu vevii.”
Papa kple Dada ku kutri fia Mawu ƒe Nya la mí ɖevi atɔ̃awo katã. Mexɔ nyɔnyrɔ le August 23, 1943 dzi, eye mezu mɔɖela le June 1944 me. Nɔvinyenyɔnu Carmela kple eƒe zɔhɛ dzidzɔme aɖe si ŋkɔe nye Fern wonɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Geneva, New York. Eteƒe medidi hafi mede dzesii be Fern ye nye ɖetugbui si madi be mazã nye agbemeŋkeke mamlɛawo kpli o. Eya ta míeɖe mía nɔewo le August 1946 me.
Dutanyanyuigbɔgblɔdɔ
Dɔ eve gbãtɔ siwo wode mía kple srɔ̃nye si ye nye be woɖo mí ɖe Geneva kple emegbe Norwich, New York, abe mɔɖela veviwo ene. Le August 1948 me la, mɔnukpɔkpɔ su mía si míede Gilead Sukua ƒe klass 12 lia. Emegbe woɖo mía kple dutanyanyuigblɔla atsu kple asi bubu siwo ŋkɔwoe nye Carl kple Joanne Ridgeway ɖe Naples, Italy. Ɣemaɣi la, Naplestɔwo nɔ agbagba dzem be yewoagbugbɔ aɖɔ nu siwo aʋa gblẽ le dua ŋu la ɖo. Esesẽ ŋutɔ be míakpɔ aƒe ahaya, eya ta míenɔ xɔ nugoe sue eve aɖe me hena ɣleti ʋɛ aɖewo.
Esime menɔ tsitsim la, dzinyelawo doa Naplestɔwo degbe si woyɔna be Neapolitan, eya ta amewo tea ŋu sea Italygbe si medona la gɔme, togbɔ be Amerikagbe ʋẽna le eme hã. Gbea dodo menɔ bɔbɔe na Fern o. Gake ele be malɔ̃ ɖe edzi be eva se gbea abe nye ke ene eye wòva doa gbea nyuie wum gɔ̃ hã.
Le gɔmedzedzea me la, ɖetsɔlemetɔ siwo ko ŋu míeke ɖo le Naples lae nye ƒome aɖe si me ame ene nɔ. Wodzraa sigaret siwo nu wode se ɖo. Dɔwɔŋkeke ɖe sia ɖe la, ƒomea me tɔ ɖeka, si ŋkɔe nye Teresa, ƒe dzedzeme trɔna nukutɔe. Ŋdi me la, elɔa sigaret gbogbo aɖe tena ɖe eƒe awu ƒe kotokuwo me ale gbegbe be wòdzena ame loloe. Ɣetrɔ me la, eva nɔa tsralɛ abe xakui ene. Nyateƒea trɔ ƒome sia ƒe agbenɔnɔ keŋkeŋ. Mlɔeba la, woa kple woƒe ƒometɔ bubuwo va zu Ðasefowo; wo katã le ame 16. Fifia la, Ðasefo 3,700 kloe ye le Naples.
Tsitretsitsi Ðe Míaƒe Dɔa Ŋu
Esi míeyi Naples ɣleti asieke pɛ ko megbe la, dziɖuɖumegãwo zii ɖe mí ame enea katã dzi be míadzo le dua me. Míedzo yi ɖanɔ Switzerland abe ɣleti ɖeka ene, eye míetrɔ gbɔ va Italy abe tsaɖimɔzɔlawo ene. Woɖo mía kple Fern ɖe Turin. Le gɔmedzedzea me la, aƒenɔ aɖe haya xɔ aɖe na mí, eye míezãa eƒe tsileƒe kple eƒe dzodoƒe. Esi Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Ridgeway va ɖo Turin la, mí katã míehaya aƒe ɖeka. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, mí dutanyanyuigblɔla atsu kple asi atɔ̃ ye va nɔ aƒe ɖeka ma me.
Kaka ƒe 1955, ƒe si me dziɖuɖumegãwo na míedzo le Turin, naɖo la, míeɖo hame yeye ene gɔme anyi. Nɔviŋutsu siwo nye dua me tɔwo, siwo dze akpɔ nyawo gbɔ la le hameawo me azɔ. Dziɖuɖumegãwo gblɔ na mí be, “Míeka ɖe edzi be ne mi Amerikatɔ siawo miedzo ko la, nu siwo katã mieƒã la aku.” Gake ale si dɔa dzi ɖe edzi emegbe la ɖee fia be, dɔa ƒe dzidzedzekpɔkpɔa tso Mawu gbɔ. Egbea la, Ðasefo siwo wu 4,600 kple hame 56 ye le Turin.
Florence —Du Dzeani Aɖe
Du si me míewɔ dɔ le kplɔ esia ɖoe nye Florence. Míese nu tso du sia ŋu zi geɖe, elabena afi mae nɔvinyenyɔnu, Carmela, kple srɔ̃a, Merlin Hartzler, nɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le. Teƒe siwo nye Piazza della Signoria, Ponte Vecchio, Piazzale Michelangelo, Palazzo Pitti lae wɔe be Florence nye du dzeani aɖe ŋutɔ! Kpɔe ɖa le susu me be èle du sia me. Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔ wònye be míekpɔ ale si Florencetɔ aɖewo xɔ nya nyui lae.
Míesrɔ̃ nu kple ƒome aɖe, eye dzilawo xɔ nyɔnyrɔ. Ke hã, vifofoa nye sigaretnola. Le ƒe 1973 me la, Gbetakpɔxɔ ƒo nu tso sigaretnono ŋu be enye nuwɔna makɔmakɔ, eye wòde dzi ƒo na exlẽlawo be woadzudzɔ. Via tsitsiawo ɖe kuku nɛ be wòadzudzɔ. Edo ŋugbe na wo be yeadzudzɔ, gake medzudzɔ o. Le fiẽ aɖe me la, srɔ̃nyɔnua ɖeɖe kplɔ wo vi venɔvi siwo xɔ ƒe asieke la yi anyimlɔƒe, si wɔe be womete ŋu do gbe ɖa ɖekae kple ƒomea me tɔ mamlɛawo hafi mlɔ anyi o. Emegbe ete ɖe edzi eye wògatrɔ yi woƒe xɔa me. Ðeviawo ŋutɔ do gbe ɖa le wo ɖokui si xoxo. Ebia wo be, “Nu ka ŋue miedo gbe ɖa le?” Woɖo eŋu be yewodo gbe ɖa be, “Yehowa, míeɖe kuku kpe ɖe Papa ŋu wòadzudzɔ sigaretnono.” Srɔ̃nyɔnua yɔ srɔ̃a ɖa be, “Va se gbe si viwòwo do ɖa la ɖa.” Esi wòva see la, ewó avi eye wògblɔ be, “Nyemagano sigaret ake gbeɖe o!” Ewɔ eƒe ŋugbedodoa dzi, eye fifia ƒome ma me tɔ 15 nye Ðasefowo.
Subɔsubɔ Le Afrika
Le ƒe 1959 me la, woɖo mía kple dutanyanyuigblɔla eve bubuwo, Arturo Leveris kple fonye Angelo, ɖe Mogadishu, le Somalia. Dunyahenyawo nu sẽ ŋutɔ esi míeva ɖo. Wokpɔ mɔ be le Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe sedede nu la, Italy dziɖuɖua nakpe ɖe Somalia ŋu wòaxɔ ɖokuisinɔnɔ, gake edze abe ɖeko nɔnɔmeawo nɔ gbegblẽm ɖe edzi ene. Italytɔ aɖewo siwo míenɔ nu srɔ̃m kple la dzo le dua me, eye manya wɔ be míaɖo hame ɖe afi ma o.
Le ɣeyiɣi mawo me la, alɔdzewo dzi kpɔla la doe ɖa be masubɔ abe yeƒe kpeɖeŋutɔ ene. Eya ta míete dukɔ siwo te ɖe mía ŋu la sasrãkpɔ. Ame aɖewo siwo míesrɔ̃ nu kple la wɔ ŋgɔyiyi, gake eva nɔ na wo be woadzo le wo deduwo me le tsitretsiɖeŋu ta. Ame aɖewo ya medzo o, gake enɔ na wo be woado dzi le fukpekpe geɖe me.a Ŋugbledede le ale si wolɔ̃ Yehowa kple nu siwo me wodo dzi le yi edzi wɔ nuteƒe nɛ la ŋu ganana aɖatsi lólona ɖe ŋku dzi na mí kokoko.
Dzoxɔxɔ kple fifia si nɔa Somalia kple Eritrea la gbɔa eme zi geɖe. Nuɖuɖu siwo le nutoa me la dometɔ aɖewo nana míegasea dzodzoa geɖe wu. Zi gbãtɔ si míeɖu nuɖuɖu siawo dometɔ ɖeka le míaƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖe ƒe me la, srɔ̃nye gblɔ fefetɔe be yeƒe to ʋu dzo hebiã hẽe le ta ŋu na ye!
Esi wona dɔdeasi yeye Angelo kple Arturo la, esusɔ míawo ɖeɖe ko. Esi ame aɖeke meganɔ anyi ade dzi ƒo na mí o ta la, menɔ bɔbɔe na mí o. Ke hã, esia kpe ɖe mía ŋu be míete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli wu, eye míeɖoa ŋu ɖe eŋu geɖe wu. Dukɔ siwo me woɖo asi dɔa dzi le la sasrãkpɔ de dzi ƒo na mí ŋutɔ.
Míedo go kuxi vovovowo le Somalia. Nufamɔ̃ menɔ mía si o, eya ta míeƒlea nuɖuɖu agbɔsɔsɔme si míaɖu gbe ɖeka ko. Eɖanye agblolui ƒomevi aɖe ƒe lã kakɛkakɛwo loo, alo nutoa me ƒe atikutsetsewo, abe mango, aɖiba, aŋuti ƒomevi aɖe, yevune, alo akɔɖu ene o. Nudzodzoewo ɖea fu na mí zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi la, wodzena ɖe míaƒe kɔ ŋu ne míele aƒe me Biblia nusɔsrɔ̃wo wɔm. Dzokeke ya teti nɔ mía si, eya ta mehiã be míazɔ gaƒoƒo geɖewo le ŋdɔ si le ʋuʋum ganagana la te o.
Míetrɔ Yi Italy
Míeda akpe na xɔlɔ̃ dɔmenyotɔwo, elabena wokpe ɖe mía ŋu míekpɔ tɔdziʋu si wotsɔ lɔa akɔɖu ya teti ɖo trɔ yi Italy ɖade dukɔwo dome takpekpe le Turin, le ƒe 1961 me. Míesee be woana dɔdeasi bubu aɖe mí. Esi míetrɔ yi Italy le September 1962 me la, mete subɔsubɔ abe nutome sue dzi kpɔla ene. Míeƒle ʋu sue aɖe, si míezã tsɔ subɔ nutome sue eve, ƒe atɔ̃ sɔŋ.
Esi míedo le Afrika ƒe dzoxɔxɔa me la, fifia ehiã be míado dzi le fafa me. Le vuvɔŋɔli gbãtɔ, esi míeyi hame aɖe srã ge kpɔ le Alps Toawo ƒe afɔ nu la, míemlɔ xɔ aɖe, si me woƒoa ƒu gbe ƒuƒu siwo lãwo ɖuna nu ƒu ɖo la ƒe xɔtaxɔe aɖe, si me dzomlekpui menɔ o me. Ya me fa ale gbegbe be míaƒe awuwo nɔ mía ŋu míetsɔ mlɔ anyi. Le zã ma me la, koklonɔ ene kple avu eve ku ɖe xɔ si me míemlɔ la xa le vuvɔa ta!
Emegbe la, mesubɔ abe nutome gã dzi kpɔla ene. Míewɔ dɔ le Italy bliboa le ƒe mawo me. Míeyi ɖasrã teƒe aɖewo, abe Calabria kple Sicily ene, kpɔ zi gbɔ zi geɖe. Míede dzi ƒo na sɔhɛwo be woatsi le gbɔgbɔ me eye woaɖoe woƒe taɖodzinu be woazu hamemetsitsiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, alo Betel ƒomea me tɔwo.
Míesrɔ̃ nu geɖe tso xɔlɔ̃ wɔnuteƒe siwo subɔ Yehowa kple dzi blibo la gbɔ. Míekpɔ ŋudzedze ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo, abe nuteƒewɔwɔ na Yehowa megbemakpɔmakpɔe, nɔviwo lɔlɔ̃, tɔtrɔ ɖe nɔnɔme vovovowo nu, kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ ene ŋu. Míede srɔ̃kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpatawo me. Ðasefo siwo woɖe mɔ na le se nu lae kpɔ wo dzi, gake ƒe aɖewoe nye ma va yi la, mava susu me na mí be woawɔ nu sia le dukɔ ma me. Hamewo megawɔa kpekpewo le nɔviwo ƒe dzodoƒewo alo nɔa anyi ɖe atikpowo dzi abe ale si wowɔna le Turin ene o. Ke boŋ hame akpa gãtɔwo wɔa kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata dzeani siwo dea bubu Yehowa ŋu me. Azɔ la, míegawɔa takpekpewo le fefewɔƒe madeamedziwo me o, ke boŋ míewɔnɛ le Takpexɔ gãwo me. Eye dzidzɔ ka gbegbee nye esi wònye be míekpɔ eteƒe gbeƒãɖelawo dzi ɖe edzi gbɔ 243,000 ŋu! Esime míetrɔ yi Italy la, gbeƒãɖela 490 koe nɔ anyi.
Míewɔ Tiatia Nyuitɔwo
Míawo hã míekpe agbefua ƒe ɖe, si lɔ aƒedzroame kple dɔléle ɖe eme. Ɣesiaɣi si Fern kpɔ atsiaƒu ko la, aƒe dzronɛ enumake. Wowɔ dɔ nɛ zi etɔ̃ sɔŋ, eye menɔ bɔbɔe o. Gbe ɖeka esi wòyina Biblia nusɔsrɔ̃ wɔ ge la, tsitretsiɖeŋula aɖe dze edzi anyratɔe kple gaflo lɔbɔɔ aɖe. Nudzɔdzɔ ma hã na wòyi ɖatsi kɔdzi.
Togbɔ be ɣeaɖewoɣi la, míewɔa avu kple dziɖeleameƒo hã la, ‘míekpɔa Yehowa si nu’ le ɖekawɔwɔ me kple Konyifahawo 3:24. Enye akɔfafa ƒe Mawu. Gbe ɖeka esi dzi ɖe le mía ƒo la, Fern xɔ lɛta nyui aɖe tso Nɔviŋutsu Nathan Knorr gbɔ. Eŋlɔ ɖe lɛtaa me be esi wònye be wodzi ye le Bethlehem nutowo me, le Pennsylvania, afi si Fern dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le ta la, yenya nyuie be Pennsylvania Dutch nyɔnuwo, abe eya ene, nye nyɔnu sesẽ siwo doa dzi. Eto nyateƒe. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ame vovovowo de dzi ƒo na mí le mɔ vovovowo nu.
Togbɔ be míeto nɔnɔme sesẽwo me hã la, míedze agbagba be dzo si nɔ mía me ɖe subɔsubɔdɔa ŋu nagatsi o. Esi Fern tsɔ dzonɔameme nɔ sɔsɔm kple ale si Lambrusco, si nye Italy wain vivi aɖe fiẽna wlɔwlɔwlɔ ne wokui ɖe kplu me ene la, egblɔ fefetɔe be, “Mele be míaɖe mɔ dzo si le mía me la nu natsi o, ke boŋ ele be wòayi edzi anɔ bibim.” Le nutome sue kple nutome gãwo subɔsubɔ ƒe dɔa wɔwɔ ƒe 40 kple edzivɔ megbe la, wona subɔsubɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ yeye mí be míayi aɖanɔ ƒuƒoƒo kple hame siwo medoa Italygbe o la srãm kpɔ ahanɔ yeyewo ɖom. Ƒuƒoƒo siawo ɖea gbeƒã na ame siwo tso Bangladesh, China, Eritrea, Ethiopia, Ghana, India, Nigeria, Philippines, Sri Lanka, kple dukɔ bubuwo me. Ne míedi be míaŋlɔ nu wɔnuku siwo katã teƒe míekpɔ le ale si Mawu ƒe Nya la trɔ ame siwo ɖɔ Yehowa ƒe amenuveve kpɔ ƒe agbenɔnɔ ŋu la, agbalẽ blibo ɖeka hã made o.—Mixa 7:18, 19.
Míedoa gbe ɖa gbe sia gbe be Yehowa nayi edzi ana ŋusẽ si míehiã la mí, le seselelãme kple ŋutilã me gome, bena míate ŋu awɔ míaƒe subɔsubɔdɔa ade goe. Dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Aƒetɔ la ŋue nye míaƒe ŋusẽ. Enana míaƒe ŋku dzi kɔna eye wòna míekana ɖe edzi be míewɔ tiatia nyuitɔwo le agbe me esi míele Biblia me nyateƒea kakam.—Ef. 3:7; Kol. 1:29.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ 1992 Yearbook of Jehovah’s Witnesses (Annuaire des Témoins de Jéhovah 1992), axa 95-184.
[Chart/Pictures on page 27-29]
(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)
Dzinyelawo le Rochester, NY
1948
Le South Lansing, na Gilead Sukua ƒe klass 12 lia
1949
Mía kple Fern, hafi míadzo ayi Italy
Capri, Italy
1952
Esime mía kple dutanyanyuigblɔla bubuwo míele Turin kple Naples
1963
Fern kple eƒe Biblia nusrɔ̃vi aɖewo
‘Ele be dzo si le mía me la nayi edzi anɔ bibim’