Mawu Ƒe Ŋudzedzekpɔkpɔ Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me
‘Yehowa, wòe yraa ame dzɔdzɔe, eye nètsɔa amenuveve ƒoa xlãe abe akpoxɔnu ene.’—PS. 5:13.
1, 2. Nu kae Eliya bia ahosi si nɔ Zarpat la, eye kakaɖedzinya kae Eliya gblɔ nɛ?
DƆ NƆ nyɔnua kple viaŋutsua wum, eye dɔ nɔ Mawu ƒe nyagblɔɖilaa hã wum. Esi ahosi si nɔ Zarpat la nɔ dzadzram ɖo be yeado dzo aɖa nu la, nyagblɔɖila Eliya biae be wòana tsi kple abolo ye. Ahosi la lɔ̃ be yeana tsii wòano, gake nu si katã susɔ na eya kple via woaɖu koe nye “wɔ asiʋlo ɖeka . . . le ze me kple ami vi aɖe le goe me.” Ekpɔe be yemate ŋu ana naneke nyagblɔɖilaa wòaɖu o, eye wògblɔe nɛ nenema.—1 Fia. 17:8-12.
2 Gake Eliya gblɔ nɛ be: ‘Tsɔ [eƒe] ɖe tɔ tatali vi aɖe nam gbɔ, eye nàtsɔe vae nam, emegbe hafi nàwɔ mia kple viwò tɔ. Elabena ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la gblɔ esi: Wɔze la maɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, mavɔ o.’—1 Fia. 17:13, 14.
3. Nya vevi kae dze ŋgɔ mí?
3 Nya si dze ŋgɔ ahosia la lɔ nu geɖe ɖe eme wu be wòatso nya me le ale si wòawɔ nuɖuɖu sue si susɔ nɛ la ŋu ko. Ðe wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be axɔ ye ŋutɔ kple ye via ɖe agbe loo, alo ɖe wòabu eƒe ŋutilãmenuhiahiãwo nu vevii wu Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ kpakple xɔlɔ̃dzedze eyama? Nyabiase sia tɔgbi dze ŋgɔ mí katã. Ðe míabu Yehowa ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe mía ŋu nu vevii wu didi be míanɔ dedie le ŋutilã mea? Susu geɖewo li siwo tae wòle be míaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu ahasubɔe ɖo. Eye afɔ aɖewo li siwo wòle be míaɖe be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu.
‘Wòe Wòdze Be Woade Ta Agu Na’
4. Nu ka tae Yehowa dze na míaƒe tadedeagu?
4 Gome le Yehowa si be wòakpɔ mɔ be amegbetɔwo nasubɔ ye le mɔ si dzea ye ŋu la nu. Esubɔla siwo le dziƒo ƒe ha aɖe ɖo kpe nyateƒenya sia dzi esime wo katã wogblɔ kple gbe ɖeka be: “Yehowa, mía Mawu, wòe dze be nàxɔ ŋutikɔkɔe kple bubu kple ŋusẽ, elabena wòe wɔ nuwo katã, eye wò lɔlɔ̃nu ta woli, eye wowɔ wo ɖo.” (Nyaɖ. 4:11) Esi wònye be Yehowa ye nye Wɔlaa ta la, edze na míaƒe tadedeagu.
5. Nu ka tae wòle be Mawu ƒe lɔlɔ̃ naʋã mí míasubɔe?
5 Susu bubu aɖe si hã tae wòle be míasubɔ Yehowa ɖoe nye lɔlɔ̃ gã si le esi na mí. Biblia la gblɔ be: ‘Mawu wɔ ame ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme, Mawu ƒe nɔnɔme nue wòwɔe ɖo; ŋutsu kple nyɔnu wòwɔ.’ (1 Mose 1:27) Mawu na tiatiawɔblɔɖe amegbetɔ eye wòna ŋutetee be wòabu tame ahawɔ nyametsotsowo. Esi Yehowa na agbe mí ta la, ezu ameƒomea Fofo. (Luka 3:38) Abe vifofo nyui ɖe sia ɖe ene la, edze agbagba na nu sia nu si viaŋutsuwo kple vianyɔnuwo hiã be woakpɔ dzidzɔ le agbe me la wo. “Enana eƒe ɣe dzena” eye “wònana tsi dzana” be Anyigba la nanya kpɔ eye wòawɔ nu geɖe ale be míakpɔ nu aɖu.—Mat. 5:45.
6, 7. (a) Nu kae Adam gblẽ le eƒe dzidzimeviwo katã ŋu? (b) Aleke Kristo ƒe vɔsa la aɖe vi na ame siwo dina be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu lae?
6 Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa ɖe mí tso nu vɔ̃ me tsonu gblẽnuawo me. Esi Adam wɔ nu vɔ̃ la, ɖeko wònɔ abe tsatsadala aɖe si fia ƒomea ƒe ga tsɔ daa tsatsa ene. Esi Adam dze aglã ɖe Yehowa ŋu la, eda adzo dzidzɔ mavɔ si ava su eƒe dzidzimeviwo si la. Eƒe ɖokuitɔdidia kplɔ ameƒomea de blibomademade ƒe kluvinyenye vɔ̃ɖia me. Esia wɔe be amegbetɔwo katã dzea dɔ, léa blanui, eye wokuna mlɔeba. Zi geɖe la, ebiana be ame aɖe naxe fe ɖe kluvi ta hafi woana ablɔɖee, eye Yehowa xe fe si ate ŋu aɖe mí tso nu vɔ̃ me tsonu dziŋɔawo si me la. (Mixlẽ Romatɔwo 5:21.) Yesu Kristo wɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu esime ‘wòtsɔ eƒe luʋɔ na wònye tafe ɖe ame geɖewo ta.’ (Mat. 20:28) Eteƒe madidi o, tafe sia aɖe vi na ame siwo katã ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la bliboe.
7 Ame aɖeke mewɔ nu wòde nu siwo gbegbe mía Wɔla, Yehowa, wɔ na mí be míakpɔ dzidzɔ ahanɔ agbe si ŋu taɖodzinu le la nu o. Ne míewɔ nu siwo ana wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, mɔnukpɔkpɔ asu mía si be míakpɔ ale si wòaɖe nu siwo katã wogblẽ le amegbetɔƒomea ŋu ɖa la teƒe. Yehowa ayi edzi aɖee afia mía dometɔ ɖe sia ɖe be yezua “teƒeɖola na ame siwo [dia ye] vevie.”—Heb. 11:6.
“Wò Dukɔ Atsɔ Eɖokui Ake Wò”
8. Nu kae Yesaya ƒe kpɔɖeŋua fia mí tso Mawu subɔsubɔ ŋu?
8 Be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míazã míaƒe tiatiawɔblɔɖe la nyuie. Nu si tae nye be, Yehowa mezia ame aɖeke dzi be wòasubɔ ye o. Le Yesaya ƒe ŋkekea me la, Mawu bia be: ‘Ame ka madɔ, eye ame ka ayi na mí?’ Yehowa de bubu nyagblɔɖilaa ŋu esi wòɖe mɔ nɛ be eya ŋutɔ nawɔ tiatia. Kpɔ ale si Yesaya anya kpɔ dzidzɔe la ɖa le susu me esime wòɖo eŋu be: “Nyee nye esi, dɔm!”—Yes. 6:8.
9, 10. (a) Nɔnɔme kae wòle be wòanɔ mía si le Mawu subɔsubɔ me? (b) Nu ka tae wòsɔ be míasubɔ Yehowa kple luʋɔ blibo?
9 Amegbetɔwo ate ŋu atiae be yewoasubɔ Mawu loo alo yewomasubɔe o. Yehowa di be míawo ŋutɔwo míalɔ̃ faa asubɔ ye. (Mixlẽ Yosua 24:15.) Mawu mate ŋu akpɔ ŋudzedze ɖe ame ɖe sia ɖe si hena ɖe megbe le esubɔsubɔ me la ŋu o; nenema kee mekpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo ƒe taɖodzinu koŋ ye nye be yewoadze amegbetɔ bubuwo ŋu la ƒe ɖokuitsɔtsɔna ŋu o. (Kol. 3:22) Ne míeɖea mɔ xexemenuwo doa kplamatsɛ míaƒe tadedeagua eye wònana ‘míehena ɖe megbe’ le subɔsubɔdɔ kɔkɔea me la, Mawu makpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. (2 Mose 22:29) Yehowa nyae be, ne míesubɔ ye kple luʋɔ blibo la, aɖe vi na mí. Mose de dzi ƒo na Israel viwo be woatia agbe to ‘Yehowa woƒe Mawu la lɔlɔ̃, toɖoɖo eyama kple kuku ɖe eŋu’ me.—5 Mose 30:19, 20.
10 Blema Israel Fia David dzi ha na Yehowa be: “Wò dukɔ atsɔ eɖokui ake wò le wò aʋakpegbe, eye wò ɖekakpuiwo anɔ atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me ado na wò abe zãmu tso agudzedze ƒe dɔ me ene.” (Ps. 110:3) Egbea la, ame geɖe tsɔa woƒe dedienɔnɔ le ganyawo gome kple dzidzɔkpɔkpɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Gake le ame siwo lɔ̃ Yehowa ya gome la, woƒe subɔsubɔ kɔkɔea nɔa vevie na wo wu nu sia nu. Dzonɔameme si wotsɔ ɖea gbeƒã nya nyuia ɖoa kpe nu si wotsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me la dzi. Woka ɖe Yehowa dzi bliboe be ate ŋu akpɔ yewoƒe gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ na yewo.—Mat. 6:33, 34.
Vɔsa Siwo Dzea Mawu Ŋu
11. Teƒeɖoɖo kae Israel viwo kpɔa mɔ na ne wosa vɔwo na Yehowa?
11 Le Se ƒe nubablaa te la, Mawu ƒe amewo saa vɔwo le mɔ si wòdi nu be wòakpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. Mose ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia 19:5 gblɔ be: ‘Ne miesa akpedavɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, miadze eŋu.’ Le Biblia ƒe agbalẽ ma ke me la, míexlẽ be: ‘Ne miesa kafukafuvɔ na Yehowa la, miwɔe ale be, wòadze eŋu.’ (3 Mose 22:29) Ne Israel viwo tsɔ lãwo sa vɔ le Yehowa ƒe vɔsamlekpui dzi le mɔ si wòdi nu la, dzudzɔ si dea dzi la “ʋẽna lilili” na Mawu vavã la. (3 Mose 1:9, 13) Esubɔlawo ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia nuwɔna mawo dzea eŋu eye wodoa dzidzɔ nɛ. (1 Mose 8:21) Gɔmeɖose aɖe le Sea ƒe nudidi siawo me si gale dɔ wɔm egbea. Eyae nye be Yehowa kpɔa ŋudzedze ɖe ame siwo saa vɔ nɛ le mɔ si dzea eŋu nu la ŋu. Vɔsa kawo ŋue wòkpɔa ŋudzedze ɖo? Míalé ŋku ɖe agbenɔnɔ ƒe akpa eve aɖewo ŋu: míaƒe agbenɔnɔ kple míaƒe nuƒoƒo.
12. Nuwɔna kawoe awɔe be ‘míaƒe ŋutilãwo tsɔtsɔ na Mawu abe vɔsa ene’ ado dziku nɛ?
12 Apostolo Paulo gblɔ le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo la me be: “Miatsɔ miaƒe ŋutilãwo ana wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu, si anye subɔsubɔdɔ kɔkɔe si me miazã miaƒe tamebubu ŋutete le.” (Rom. 12:1) Be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe ame aɖe ŋu la, ehiã be wòawɔ nu si ana eƒe ŋutilã nadze Mawu ŋu. Ne wòanye be atsɔ atamanono, gbekuiyɔyɔ, kokaine, atike muamewo, alo aha tsu nono aƒo ɖi eɖokui la, asixɔxɔ aɖeke manɔ eƒe vɔsa ma ŋu o. (2 Kor. 7:1) Gakpe ɖe eŋu la, esi wònye be ame si ‘nɔa gbɔdɔdɔ ƒe agbe gbegblẽ la le nu vɔ̃ wɔm ɖe ye ŋutɔ ƒe ŋutilã ŋu’ ta la, agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒomevi ɖe sia ɖe nana eƒe vɔsaa doa dziku na Yehowa. (1 Kor. 6:18) Hafi ame aɖe nadze Mawu ŋu la, ele be ‘wòanɔ kɔkɔe le eƒe agbenɔnɔ katã me.’—1 Pet. 1:14-16.
13. Nu ka tae wòsɔ be míakafu Yehowa?
13 Vɔsa bubu aɖe si doa dzidzɔ na Yehowa la ku ɖe ale si míezãa míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetee ŋu. Ame siwo lɔ̃a Yehowa la ƒoa nu nyui tso eŋu ɣesiaɣi le dutoƒo kple aƒe me siaa. (Mixlẽ Psalmo 34:2-4.) Xlẽ Psalmowo 148-150, eye nàkpɔ ale si psalmo siawo de dzi ƒo na mí be míakafu Yehowa ɖa. Nyateƒee, ‘kafukafuha dze nuteƒewɔlawo!’ (Ps. 33:1) Eye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola, Yesu Kristo, te gbe ɖe ale si wòle vevie be míakafu Mawu to gbeƒãɖeɖe nya nyuia dzi la dzi.—Luka 4:18, 43, 44.
14, 15. Vɔ kae Hosea de dzi ƒo na Israel viwo be woasa, eye alekee Yehowa wɔ nu ɖe ame siawo ŋu?
14 Ne míeɖea gbeƒã dzonɔamemetɔe la, eɖoa kpe edzi be míelɔ̃ Yehowa eye míedi be míadze eŋu. Le kpɔɖeŋu me, bu ale si nyagblɔɖila Hosea de dzi ƒo na Israel vi siwo va nɔ gome kpɔm le alakpasubɔsubɔ me, si wɔe be Mawu megakpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu o, la ŋu kpɔ. (Hos. 13:1-3) Hosea gblɔ na wo be woaƒo koko na Mawu be: ‘[Yehowa,] tsɔ vodadawo katã ke, eye wò dɔme neganyo, ekema míana nyitsu, siwo [nye míaƒe nuyiwo ƒe vɔsa, NW] la!’—Hos. 14:2, 3.
15 Ɣemaɣi la, nyitsu nye lã si xɔ asi wu ɖe sia ɖe si Israel vi aɖe ate ŋu atsɔ asa vɔ na Yehowa. Eya ta, ‘nyitsu, siwo nye míaƒe nuyiwo ƒe vɔsa’ la le tsitre ɖi na nya siwo ŋu míebu nyuie, siwo míegblɔ tso dzi me tsɔ kafu Mawu vavã la. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe ame siwo tsɔ vɔsa siawo ƒomevi nae la ŋu? Egblɔ be: ‘Malɔ̃ wo tso dzi me.’ (Hos. 14:5) Yehowa tsɔa nu vɔ̃ kea ame siwo tsɔa kafukafuvɔsa sia nanɛ la, ekpɔa ŋudzedze ɖe wo ŋu, eye wozua exɔlɔ̃wo.
16, 17. Ne Mawu dzi xɔxɔ se ʋã ame aɖe wòɖea gbeƒã nya nyuia la, aleke Yehowa xɔa ame sia ƒe kafukafuvɔsae?
16 Yehowa kafukafu le dutoƒo nye nu vevi aɖe le tadedeagu vavãtɔ me ɣeawokatãɣi. Mawu vavã la kafukafu nɔ vevie na hakpalaa ale gbegbe be wòƒo koko na Mawu be: ‘Yehowa, na nye nu ƒe vɔsa faawo nadze ŋuwò.’ (Ps. 119:108) Aleke wòle le míawo ya gome egbea? Esi Yesaya nɔ nu ƒom tso ameha gã aɖe si anɔ anyi le míaƒe ɣeyiɣi me ŋu la, egblɔ ɖi be: ‘Woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe kafukafu. [Woƒe nunanawo ava] nye vɔsamlekpui dzi, ne woadze ŋunye.’ (Yes. 60:6, 7) Le nya sia me vava me la, ame miliɔn geɖe le “kafukafuvɔsa, si nye nuyi siwo ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse” tsɔm na Mawu.—Heb. 13:15.
17 Ke wò ya ɖe? Ðe nèle vɔsa siwo dzea Mawu ŋu la tsɔm nae? Ne mèle esia wɔm o la, ɖe àwɔ tɔtrɔ siwo hiã eye nàdze egɔme anɔ Yehowa kafum le dutoƒoa? Ne xɔse ʋã wò nèdze gbeƒãɖeɖe nya nyuia gɔme la, wò nunanawo ‘adze Yehowa ŋu wu nyitsu.’ (Mixlẽ Psalmo 69:31, 32.) Kakaɖedzi nenɔ asiwò be, wò kafukafuvɔsaa ƒe ‘ʋeʋẽ lilili’ la aɖo Yehowa gbɔ eye be, akpɔ ŋudzedze ɖe ŋuwò. (Eze. 20:41) Ekema dzidzɔ si ɖeke mesɔ kpli o la asu asiwò.
‘Yehowa Yraa Ame Dzɔdzɔe’
18, 19. (a) Alekee ame geɖe bua Mawu subɔsubɔ egbeae? (b) Nu kae Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe ame ŋu hena vanɛ?
18 Egbea la, ame geɖe ƒoa nya ta abe ale si ame aɖewo wɔe le Maleaxi be ɣeyiɣia me ene be: ‘Viɖe aɖeke mele Mawu subɔsubɔ me o. Eye viɖe kae wònye be míeléa eƒe dɔwo me ɖe asi?’ (Mal. 3:14) Esi ŋutilãmenuwo yome nɔnɔ kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ta la, wobua Mawu ƒe tameɖoɖowo be womate ŋu ava eme o, eye be eƒe sewo megasɔ na míaƒe ɣeyiɣia o. Le woawo gome la, gbeƒãɖeɖe nya nyuia nye ɣeyiɣi gbegblẽ kple fuɖename.
19 Eden bɔa me kee nukpɔsusu siawo dzɔ tso. Satana ye ƒo nya ɖe Xawa nu be wòabui be asixɔxɔ vavã aɖeke mele agbe wɔnuku si Yehowa nae la ŋu o, eye be wòagabu Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eya Xawa ŋu ɖe naneke me o. Egbea hã, Satana ƒonɛ ɖe amewo nu be woaxɔe ase be viɖe aɖeke mele Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me o. Ke hã, Xawa kple srɔ̃a siaa va kpɔe dze sii be Mawu ƒe ŋudzedzemakpɔmakpɔ ɖe yewo ŋu zu ku na yewo. Eteƒe madidi o, ame siwo dze woƒe kpɔɖeŋu gbegblẽa yome egbea la hã ava kpɔ emetsonu wɔnublanui ma ke.—1 Mose 3:1-7, 17-19.
20, 21. (a) Nu kae ahosi si nɔ Zarpat la wɔ, eye nu kae do tso eme nɛ? (b) Alekee míate ŋu asrɔ̃ ahosia ƒe kpɔɖeŋua, eye nu ka tae?
20 Tsɔ nu wɔnublanui si do tso Adam kple Xawa ƒe nuwɔnaa me la sɔ kple Eliya kple ahosi si nɔ Zarpat, si ŋu míeƒo nu tso le nyatia ƒe gɔmedzedze la tɔ nàkpɔ. Esi ahosia se Eliya ƒe dzideƒonyawo vɔ la, etɔ tatalia, eye wòna nyagblɔɖilaa wòɖu gbã. Eyome Yehowa wɔ ŋugbe si wòdo to Eliya dzi la dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be: ‘Woa kplii kpakple viaŋutsu woɖui eteƒe didi. Wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, mevɔ o, le Yehowa ƒe nya, si wògblɔ to Eliya dzi la nu.’—1 Fia. 17:15, 16.
21 Ame ʋɛ aɖewo koe le ame biliɔn geɖe siwo li egbea la dome, siwo lɔ̃ faa be yewoawɔ nu abe ahosi si nɔ Zarpat la ene. Ahosia ɖo ŋu ɖe xɔxɔ ƒe Mawu la ŋu bliboe, eye Mawu hã megblẽe ɖi o. Biblia me nuŋlɔɖi sia kple bubuwo ɖo kpe edzi be edze be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Mixlẽ Yosua 21:43-45; 23:14.) Yehowa ƒe Ðasefo siwo li egbea ƒe agbemenudzɔdzɔwo hã gaɖo kpe edzi be magblẽ ame siwo ŋu wòkpɔ ŋudzedze ɖo la ɖi gbeɖe o.—Ps. 34:7, 8, 18-20.a
22. Nu ka tae wòle vevie be míadi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ heheɖemegbemanɔmee?
22 Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava “ame siwo katã le anyigba bliboa ŋkume” dzi la gogo. (Luka 21:34, 35) Ame aɖeke mate ŋu asi le enu o. Womate ŋu atsɔ kesinɔnuwo alo ŋutilã me nudzedziname aɖeke asɔ kple yayra si wòanye na mí, ne Ʋɔnudrɔ̃la si Mawu ɖo la gblɔ na mí be, “Miva, mi ame siwo Fofonye yra, minyi fiaɖuƒe si wodzra ɖo ɖi na mi . . . dome,” la kura o. (Mat. 25:34) Ɛ̃, ‘Yehowa yraa ame dzɔdzɔe, eye wòtsɔa amenuveve ƒoa xlãe abe akpoxɔnu ene.’ (Ps. 5:13) Ðe mele be míadi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ oa?
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Kpɔ March 15, 2005, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 13, memama 15, kple August 1, 1997, tɔ, axa 20-25.
Èɖo Ŋku Wo Dzia?
• Nu ka tae wòdze be míade ta agu na Yehowa tso dzi blibo me?
• Vɔsa kawoe dzea Yehowa ŋu egbea?
• Nu kae nyagbɔgblɔ si nye ‘nyitsu, siwo nye míaƒe nuyiwo ƒe vɔsa’ la le tsitre ɖi na, eye nu ka tae wòle be míatsɔ wo ana Yehowa?
• Nu ka tae wòle be míadi Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Nya vevi kae Mawu ƒe nyagblɔɖilaa tsɔ ɖo vidada dahe aɖe ŋkume?
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Yayra kawoe kafukafuvɔsa tsɔtsɔ na Yehowa nana míekpɔna?
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Ne èɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me la, màɖu ŋukpe gbeɖe o