Emenyawo
April 15, 2011
Tata Si Míasrɔ̃
NUSƆSRƆ̃NYATIWO:
May 30, 2011–June 5, 2011
AXA 9
HADZIDZI: 43, 10
June 6-12, 2011
Wɔ Nyametsotso Siwo Dea Bubu Mawu Ŋu
AXA 13
HADZIDZI: 2, 9
June 13-19, 2011
‘Gbɔgbɔ La Ƒe Kutsetsea’ Doa Mawu Ðe Dzi
AXA 18
HADZIDZI: 25, 11
June 20-26, 2011
Èle Mɔ Ðem Be Mawu Ƒe Gbɔgbɔa Nafia Mɔ Wòa?
AXA 23
HADZIDZI: 6, 48
Taɖodzinu Si Le Nusɔsrɔ̃nyatiawo Ŋu
NUSƆSRƆ̃NYATI 1 AXA 9-13
Le xexe sia si me ame geɖe megatsɔa woƒe agbanɔamedziwo nu vevii o me la, ehiã be Kristotɔwo ya nabu woƒe agbanɔamedziwo ŋkubiãnyae. Esia gale vevie wu le míaƒe tadedeagu na Yehowa me. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu be Ŋɔŋlɔawo me nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe ale si wòle be míatsɔ míaƒe Kristotɔwo ƒe agbanɔamedziwo moveviɖoɖotɔe ŋu la nasu mía si.
NUSƆSRƆ̃NYATI 2 AXA 13-17
Nyametsotsowo wɔwɔ sesẽna na ame geɖe. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si tae wòle vevie be míasrɔ̃ ale si míawɔ nyametsotso nyuiwo. Adzro afɔ vevi aɖewo siwo míate ŋu aɖe be míaka ɖe edzi be nyametsotso siwo míawɔ la ade bubu Mawu ŋu la me.
NUSƆSRƆ̃NYATI 3, 4 AXA 18-27
Nu kae nye “gbɔgbɔ la ƒe kutsetse”? Aleke míate ŋu atui ɖo? Eye nu ka ta wòle be míatui ɖo? Àkpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase siawo esi míele gbɔgbɔa ƒe kutsetsea ƒe akpa vovovo asiekeawo me dzrom. Mɔfiame nyui aɖewo hã le nyati siawo me, siwo ado dzidzɔ na ame geɖe.
NYATI BUBUWO
3 Èkpɔa Mawu Ƒe Mɔfiafia Dzea Siia?
6 Ale Si Nàyi Edzi Anye Anukwaretɔ Le Xexe Maɖianukware Me