Ðe Wòle Be Ðeviwo Naxɔ Nyɔnyrɔa?
VIFOFO Kristotɔ aɖe si ŋkɔe nye Carlos,a si le Philippines la, gblɔ be: “Mele dzidzɔ kpɔm ŋutɔ be vinyenyɔnuvi zu Yehowa subɔla azɔ, eye menya be eya ŋutɔ hã le dzidzɔ kpɔm.” Vifofo aɖe si le Greece la ŋlɔ bena: “Mía kple srɔ̃nye míekpɔ dzidzɔ ŋutɔ be mía vi etɔ̃awo xɔ nyɔnyrɔ hezu Yehowa Ðasefowo le woƒe sɔhɛmenɔɣiwo. Wole gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm eye Yehowa subɔsubɔ doa dzidzɔ na wo.”
Susu nyuiwo li siwo tae wòle be dzila Kristotɔwo nakpɔ dzidzɔ manyagblɔ ne wo viwo xɔ nyɔnyrɔ, gake ɣeaɖewoɣi la, wovɔ̃na ɖe wo nu. Esi vidada aɖe ƒe vi xɔ nyɔnyrɔ la, egblɔ be: “Mekpɔ dzidzɔ ŋutɔ, gake metsi dzimaɖi hã vevie.” Nu ka tae dzi dzɔe, evɔ wògatsi dzimaɖi ɖo? Egblɔ be: “Mekpɔe be, fifia, vinyea ŋutɔ le akɔnta bu ge na Yehowa bliboe.”
Ele be ɖevi ɖe sia ɖe naɖoe eƒe taɖodzinu be yeasubɔ Yehowa abe eƒe Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo dometɔ ɖeka ene. Ke hã dzila mawuvɔ̃lawo ate ŋu anɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Menya be vinyea wɔ afɔɖeɖe nyuiwo, gake ɖe wòate ŋu anɔ te ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo nu eye wòayi edzi anɔ kɔkɔe le Yehowa ŋkumea?’ Ame bubuwo ate ŋu abia wo ɖokuiwo be, ‘Ne vinye dze ŋgɔ ŋutilãmenudidi ƒe tetekpɔwo la, ɖe wòayi edzi asubɔ Mawu dzonɔamemetɔe kple dzidzɔa?’ Ekema Biblia ƒe mɔfiame kae akpe ɖe dzilawo ŋu woanya ne wo viwo dze axɔ nyɔnyrɔ?
Kristo Ƒe Nusrɔ̃lanyenye Nye Nyɔnyrɔxɔxɔ Ƒe Nudidi Vevitɔ
Le esi Mawu ƒe Nya la nagblɔ ƒe si koŋ wòle be ame naxɔ hafi axɔ nyɔnyrɔ teƒe la, nudidi siwo gbɔ wòle be ame naɖo boŋue wògblɔ. Yesu na mɔfiame sia eyomedzelawo: ‘Miwɔ dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo.’ (Mat. 28:19) Eya ta ame siwo zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo xoxo koe dze axɔ nyɔnyrɔ.
Ame kae woayɔ be nusrɔ̃la? Agbalẽ si nye Insight on the Scriptures (Étude perspicace des Écritures) ɖe eme ale: “Ame siwo katã xɔ Kristo ƒe nufiafiawo dzi se eye wowɔna ɖe wo dzi pɛpɛpɛ koŋ ye wozã nya sia na.” Ðe ɖeviwo hã ate ŋu anye Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwoa? Nɔvinyɔnu aɖe si subɔ abe dutanyanyuigblɔla ene le Latin America ƒe 40 kple edzivɔ la ŋlɔ tso eya ŋutɔ kple nɔvianyɔnu eve ŋu be: “Togbɔ be míetsi boo ɣemaɣi o hã la, míenya be míedi be míasubɔ Yehowa eye míanɔ agbe le Paradiso me. Míaƒe adzɔgbeɖeɖea do ŋusẽ mí míekpe akɔ kple sɔhɛmekuxiwo. Meve mí gbeɖe be míeɖe adzɔgbe na Mawu esime míekpɔtɔ nye ɖeviwo ko o.”
Aleke nàwɔ anya ne viwò zu Kristo ƒe nusrɔ̃la? Biblia gblɔ be: “Ŋutsuvi ƒe nɔnɔme wotsɔna dzea sii be, eƒe nuwɔwɔwo adza, eye wòato mɔ ɖeka loo.” (Lod. 20:11) Na míadzro nuwɔna aɖewo siwo ɖenɛ fiana be ɖevi aɖe ‘na eƒe ŋgɔgbedede dze ƒãa’ abe Kristo ƒe nusrɔ̃la ene la me.—1 Tim. 4:15.
Nu Siwo Ðenɛ Fiana Be Viwò Nye Kristo Ƒe Nusrɔ̃la
Ðe mia via ɖoa to mia? (Kol. 3:20) Ðe wòwɔa aƒemedɔ siwo miede asi nɛa? Biblia gblɔ tso Yesu si xɔ ƒe 12 ŋu be: ‘Eyi edzi bɔbɔ eɖokui na edzilawo.’ (Luka 2:51) Ele eme be, ɖevi aɖeke meli egbea si aɖo to edzilawo bliboe o. Gake ele na Kristotɔ vavãwo be ‘woadze Yesu ƒe afɔɖoƒewo yome pɛpɛpɛ.’ Eya ta ele be woanya ɖevi siwo di be yewoaxɔ nyɔnyrɔ la be woɖoa to wo dzilawo.—1 Pet. 2:21.
De ŋugble tso nyabiase siwo gbɔna la ŋu: Ðe viwò ‘yia edzi nɔa Fiaɖuƒea dim gbã’ le gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ mea? (Mat. 6:33) Ðe wòlɔ̃na faa be yeagblɔ nya nyuia na ame bubuwoa, alo ɖe nèƒonɛ ɖe enu vevie hafi wòyia gbeadzi alo ƒoa nu le aƒewo mea? Ðe wòbua agba si le edzi abe gbeƒãɖela maxɔnyɔnyrɔ ene la nu vevia? Ðe wòdina vevie be yeatrɔ ayi ɖetsɔlemetɔ siwo wòdo goe le miaƒe anyigbamama me la gbɔa? Ðe wòɖea eɖokui fiana eƒe sukuxɔmehatiwo kple eƒe nufialawo be Yehowa Ðasefoe yenyea?
Ðe hamea ƒe kpekpewo dede nɔa vevie nɛa? (Ps. 122:1) Ðe wòkpɔa dzidzɔ ɖe nyaŋuɖoɖo le Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ kple Hamea ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ me ŋua? Ðe wòwɔa dɔ siwo wodea esi le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me kple dzidzɔa?—Heb. 10:24, 25.
Ðe viwòa dzea agbagba be yeanɔ agbe dzadzɛ eye yeaƒo asa na hadede siwo agblẽ nu le ye ŋu le suku kple teƒe bubuwoa? (Lod. 13:20) Hadzidzi, video, televisiondziwɔna, kple videofefe kawoe doa dzidzɔ nɛ, eye alekee wòzãa Internet? Ðe eƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo ɖee fia be edina be yeawɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzia?
Ðe viwòa nya Biblia la nyuiea? Ðe wòate ŋu agblɔ nu si wòsrɔ̃ le miaƒe Ƒometadedeagu fiẽsi me la le eya ŋutɔ ƒe nyagbewo mea? Ðe wòate ŋu aɖe Biblia me nyateƒe veviwo mea? (Lod. 2:6-9) Ðe Biblia kple kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe agbalẽwo xexlẽ kple wo sɔsrɔ̃ dzɔa dzi nɛa? (Mat. 24:45) Ðe wòbiaa nya tso Biblia ƒe nufiafiawo kpakple mawunyakpukpui aɖewo ŋua?
Nyabiase siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ afi si viwòa wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi se ɖo. Ne ède ŋugble le wo ŋu vɔ la, àte ŋu anya ne ele be wòawɔ ŋgɔyiyi le go aɖewo me hafi axɔ nyɔnyrɔ. Gake ne eƒe agbenɔnɔ ɖee fia be enye Kristo ƒe nusrɔ̃la eye wòɖe adzɔgbe na Mawu nyateƒe la, àte ŋu atso nya me be yeaɖe mɔ nɛ wòaxɔ nyɔnyrɔ.
Ðeviwo Ate Ŋu Akafu Yehowa
Mawu subɔla geɖe ɖi anukware hewɔ nuteƒe nɛ le woƒe ƒewuiwo me alo le woƒe ɖevime gɔ̃ hã. Bu Yosef, Samuel, Yosiya, kple Yesu ŋu kpɔ. (1 Mose 37:2; 39:1-3; 1 Sam. 1:24-28; 2:18-20; 2 Kron. 34:1-3; Luka 2:42-49) Eye woanya na hehe Filipo vinyɔnu ene siwo nye nyagblɔɖilawo la nyuie tso woƒe ɖevime ke.—Dɔw. 21:8, 9.
Ðasefo aɖe si le Greece la gblɔ be: “Mexɔ nyɔnyrɔ esime mexɔ ƒe 12. Nyametsotso sia mevem kpɔ gbeɖe o. Tso ɣemaɣi la, ƒe 24 ye nye esi va yi, eye mezã 23 le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Nye lɔlɔ̃ na Yehowa kpe ɖe ŋunye ɣesiaɣi meɖu sɔhɛmekuxiwo dzi. Esime mexɔ ƒe 12 la, nyemese Ŋɔŋlɔawo gɔme abe ale si mese wo gɔme fifia ene o. Gake menyae ɣemaɣi be melɔ̃ Yehowa eye medi be masubɔe tegbee. Dzi dzɔam be ekpe ɖe ŋunye meyi edzi le esubɔm.”
Ame si ɖenɛ fiana be yenye nusrɔ̃la vavã ye wòle be wòaxɔ nyɔnyrɔ, eɖanye ɖevi alo ame tsitsi o. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Dzie wotsɔna ɖenɛ fiana be woxɔe se hena dzɔdzɔenyenye, gake nue wotsɔna ʋua eme le dutoƒo hena ɖeɖekpɔkpɔ.” (Rom. 10:10) Ne Kristo ƒe nusrɔ̃la si nye ɖevi xɔ nyɔnyrɔ la, woa kple edzilawo siaa ɖo taɖodzinu vevi aɖe gbɔ. Neva eme be naneke nagaxe mɔ na wò alo viwòwo be dzidzɔ si miakpɔ la nato mia ŋu o.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
[Aɖaka si le axa 5]
Nukpɔsusu Nyuitɔ Nènɔ Asiwò Ðe Nyɔnyrɔxɔxɔ Ŋu
Dzila aɖewo bua wo viwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ be enye afɔɖeɖe nyui aɖe si me afɔku le—abe ʋukuku ene. Gake ɖe nyɔnyrɔxɔxɔ kple tadedeagu na Yehowa dea ame ƒe agbe afɔku me nyateƒea? Biblia ɖo eŋu be ao. Lododowo 10:22 (NW) gblɔ be: “Yehowa ƒe yayra wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpenɛ o.” Eye Paulo ŋlɔ na sɔhɛ Timoteo be: “Nyateƒee, ɖokuitsɔtsɔ na Mawu sia nye viɖenu gã, ne nu si le ame si la dzea ame ŋu.”—1 Tim. 6:6.
Enye nyateƒe be, Yehowa subɔsubɔ mele bɔbɔe o. Yeremiya to nɔnɔme sesẽ geɖewo me esime wònɔ nyagblɔɖidɔ si Mawu de esi la wɔm. Ke hã eŋlɔ tso eƒe tadedeagu na Mawu vavã la ŋu be: “Wò nyawo nye vivisese kple dzidzɔ na nye dzi, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe ŋunye, Yehowa, Mawu Zebaot.” (Yer. 15:16) Yeremiya nyae be Mawu subɔsubɔe nye yeƒe dzidzɔtsoƒe. Satana ƒe xexea ye nye kuxiwo dzɔtsoƒe. Ehiã be dzilawo nakpe ɖe wo viwo ŋu woakpɔ vovototo sia adze sii.—Yer. 1:19.
[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]
Ðe Wòle Be Vinye Nalala Vie Hafi Axɔ Nyɔnyrɔa?
Ɣeaɖewoɣi la, ne ɖeviwo dze axɔ nyɔnyrɔ gɔ̃ hã la, wo dzilawo tsoa nya me be woalala vie. Nu kawo gbɔe wòate ŋu atso?
Mevɔ̃na be, ne vinye xɔ nyɔnyrɔ la, ate ŋu ava wɔ nu vɔ̃ gã aɖe eye woaɖee le hamea me. Ðe wòsɔ be míasusui be ne ɖevi aɖe mexɔ nyɔnyrɔ o la, mabu akɔnta na Mawu le ale si wònɔa agbee ŋu oa? Salomo gblɔ nya siawo na ɖeviwo be: “Ke nyae be, Mawu le kplɔwò ge ava ʋɔnui le [wò nuwɔnawo] katã ta.” (Nyagb. 11:9) Eye esi Paulo gblɔ ŋkuɖodzinya siawo be, “Mía dometɔ ɖe sia ɖe abu akɔnta le ye ŋutɔ ɖokui ŋuti na Mawu” la, meyɔ ƒe aɖeke o.—Rom. 14:12.
Mawu subɔla siwo xɔ nyɔnyrɔ kple esiwo mexɔ nyɔnyrɔ haɖe o la siaa abu akɔnta na Mawu. Mègaŋlɔ be o be Yehowa kpɔa mí esubɔlawo ta to ale si ‘meɖea mɔ wotea mí kpɔna wu ale si míate ŋui o’ dzi. (1 Kor. 10:13) Zi ale si ɖeviwo ‘le mo xexi’ eye wole agbagba dzem be yewoaɖu tetekpɔwo dzi la, woate ŋu akpɔ mɔ be Mawu akpe ɖe yewo ŋu. (1 Pet. 5:6-9) Vidada Kristotɔ aɖe ŋlɔ bena: “Susu nyui geɖewo nɔa ɖevi siwo xɔ nyɔnyrɔ la si siwo wɔnɛ be woƒoa asa na nu gbegblẽ siwo yia edzi le xexea me. Vinyeŋutsu si xɔ nyɔnyrɔ esime wòxɔ ƒe 15 la kpɔe be nyɔnyrɔxɔxɔ nye takpɔkpɔ. Eya ŋutɔ gblɔ be, ‘Ne èxɔ nyɔnyrɔ la, màdi be yeawɔ naneke si tsi tsitre ɖe Yehowa ƒe sewo ŋu o.’ Nyɔnyrɔxɔxɔ nye ameʋãŋusẽ sẽŋu aɖe si kpena ɖe ame ŋu wòwɔa nu si le dzɔdzɔe.”
Ne èto wò nyagbɔgblɔ kple kpɔɖeŋu dzi he viwòwo be woaɖo to Yehowa la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ asiwò be woayi edzi aɖo to Yehowa le woƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe hã. Lododowo 20:7 gblɔ be: “Ame dzɔdzɔe, si ƒe zɔzɔme ŋu fɔɖiɖi mele o la, eme anyo na viawo le emegbe.”
Medi be vinyea nàɖo taɖodzinu aɖewo gbɔ gbã. Ele be ɖeviwo nasrɔ̃ dɔwɔwɔ ale be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woate ŋu akpɔ woawo ŋutɔwo ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Gake afɔku le eme ne wode dzi ƒo na wo be woƒe susu katã naku ɖe sukudede kple gakpɔkpɔ ŋu, le esi teƒe be woƒe susu naku ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. Yesu gblɔ ku ɖe “nuku” aɖe alo Fiaɖuƒea ƒe gbedeasi si metsea ku o ŋu be: “Ke esi wowu ɖe ŋuwo me la, esiae nye ame si le nya la sem, gake nuɖoanyi sia me dzimaɖitsitsi kple kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ vuna tsyɔa nya la dzi, eye metsea ku o.” (Mat. 13:22) Ne dzila aɖe de dzi ƒo na via be wòati ŋutilãmetaɖodzinuwo yome si awɔe be wòabu woa kple Yehowa dome ƒomedodoa nu tsɛ la, esia ate ŋu ana dzo si le ɖevia me be yeasubɔ Mawu la dzi naɖe kpɔtɔ.
Esi hamemetsitsi kpɔnuteƒe aɖe nɔ nu ƒom tso ɖevi siwo dze axɔ nyɔnyrɔ gake wo dzilawo meda asi ɖe edzi o ŋu la, egblɔ be: “Mɔxexe na ɖevi aɖe be wòagaxɔ nyɔnyrɔ o ate ŋu aɖe eƒe dzonɔameme dzi kpɔtɔ, eye dzi aɖe le eƒo.” Eye dzikpɔla mɔzɔla aɖe hã ŋlɔ be: “Ðevi ate ŋu ava nɔ sesem le eɖokui me be yemele gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm ale si dze o, alo yemele ɖeke me o. Ate ŋu atrɔ ɖe xexea ŋu le esi wòdi be yease le ye ɖokui me be ŋutete aɖewo le ye hã ye si ta.”
[Nɔnɔmetata]
Ðe wòle be made yunivɛsiti gbã?
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Ðevi ate ŋu aɖee afia be yenye Kristo ƒe nusrɔ̃la
[Nɔnɔmetata si le axa 3]
Dzadzraɖo ɖe kpekpeawo ŋu kple gomekpɔkpɔ le wo me
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Toɖoɖo dzilawo
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
Gbedodoɖa le eɖokui si