INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/15 axa 10-14
  • Ðe Nàzɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiame Si Me Lɔlɔ̃ Le Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nàzɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiame Si Me Lɔlɔ̃ Le Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mèganɔ ‘Ameha Yome’ O
  • Migadze “Miaƒe Dziwo Kple Ŋkuwo” Yome O
  • Mègadze “Nu Dzodzrowo” Yome O
  • Ameha Gã Nyadri Aɖe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • “Kpɔ Ða, Ameha Gã Aɖe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Ameha Gã aɖe Le Yehowa ƒe Fiazikpui la Ŋgɔ
    Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Wɔ nyametsotsowo Le Nunya Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/15 axa 10-14

Ðe Nàzɔ Ðe Yehowa Ƒe Mɔfiame Si Me Lɔlɔ̃ Le Dzia?

“Melé fu aʋatsomɔwo katã.”—PS. 119:128.

1, 2. (a) Ne èdi be yeazɔ mɔ ayi teƒe aɖe la, nuxlɔ̃ame ka ŋue nàkpɔ ŋudzedze ɖo, eye nu ka tae? (b) Nu kawo ŋue Yehowa xlɔ̃a nu ame siwo subɔnɛ la le, eye nu ka tae?

TSƆE be ehiã be nàzɔ mɔ ayi teƒe aɖe. Èbia mɔfiafia tso xɔ̃wò aɖe si nya mɔa nyuie, si dzi nèka ɖo la gbɔ. Esi wònɔ mɔ siwo nàto la fiam wò la, ɖewohĩ agblɔ nya sia tɔgbi na wò: “Kpɔ nyuie le afi si mɔa dze le ŋu. Mɔfiadzesi si le afi ma ate ŋu aflu wò. Ame geɖe dzena toa mɔ ma eye wobuna.” Ðe nàkpɔ ŋudzedze ɖe eƒe ɖetsɔlemea ŋu ahawɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃amea dzia? Le mɔ aɖewo nu la, Yehowa le abe xɔlɔ̃ ma ene. Enaa mɔfiame nyuiwo mí ku ɖe ale si míawɔ be míaƒe asi nasu agbe mavɔ, si nye míaƒe taɖodzinu la dzi. Gake menye mɔfiame siawo ko wònaa mí o, exlɔ̃a nu mí hã tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo ate ŋu ana míatra mɔ la ŋu.—5 Mose 5:29; Yes. 30:21.

2 Le nyati sia kple esi kplɔe ɖo me la, míadzro ŋusẽkpɔɖeamedzi siwo ŋu mía Xɔlɔ̃, Yehowa Mawu, xlɔ̃a nu mí le la dometɔ aɖewo me. Mina wòanɔ susu me na mí be esi Yehowa lɔ̃ mí hetsɔ ɖe le eme na mí tae wòxlɔ̃a nu mí tso nu siawo ŋu ɖo. Edi be míaɖo teƒe si yim míele. Evenɛ ŋutɔ ne ekpɔe amewo ɖe mɔ nu gbegblẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi eye wotra mɔ. (Eze. 33:11) Le nyati sia me la, míadzro ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ etɔ̃ me. Gbãtɔae nye ame siwo dome míele ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi, eveliae nye míaƒe dzi ƒe nudzodzrowo. Etɔ̃lia ya menye nu ŋutɔŋutɔ gɔ̃ hã o; ke hã afɔku le eme. Ehiã be míanya ale si mía Fofo si le dziƒo la xlɔ̃a nu mí ale be míate ŋu aƒo asa na wo. Hakpala aɖe si gbɔgbɔ ʋã la gblɔ na Yehowa be: “Melé fu aʋatsomɔwo katã.” (Ps. 119:128) Wò hã èsena le ɖokuiwò me nenema? Mina míakpɔ ale si míate ŋu ana seselelãme ma nu nasẽ le mía me eye míawɔ nu ɖe enui ɖa.

Mèganɔ ‘Ameha Yome’ O

3. (a) Nu ka tae afɔku ate ŋu anɔ eme be nàdze mɔzɔla bubuwo yome ne mènya mɔ si tututu nàto o? (b) Gɔmeɖose vevi kae dze le 2 Mose 23:2?

3 Ne èle mɔ didi aɖe zɔm la, nu kae nàwɔ ne mènya mɔ si tututu nàto o? Ðewohĩ àdi be yeakplɔ mɔzɔla bubuwo ɖo—vevietɔ ne èkpɔ ame gbogbo aɖewo le mɔ aɖe tom. Afɔku le afɔɖeɖe ma me. Anɔ eme be mɔzɔla mawo mele afi si yim nèle la yim o, alo ɖewohĩ woawo hã wobu. Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, mina míade ŋugble tso gɔmeɖose aɖe si le se aɖe si wona blema Israel viwo la me ŋu kpɔ. Woxlɔ̃ nu ʋɔnudrɔ̃la siwo nɔ anyi ɣemaɣi alo ame siwo aɖi ɖase le ʋɔnudrɔ̃nya aɖe ŋu la tso afɔku si le ‘ameha yome nɔnɔ’ ŋu. (Mixlẽ 2 Mose 23:2.) Ðikekemanɔmee la, ele bɔbɔe ŋutɔ be amegbetɔ madeblibowo nana ta le wo hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu me eye woablu afɔ na nya dzɔdzɔe. Gake ʋɔnudrɔ̃nyawo me koe wòahiã be woawɔ ɖe gɔmeɖose si nye be woaganɔ ameha yome o la dzi lea? Kura o.

4, 5. Nɔnɔme kawoe ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe Yosua kple Kaleb dzi woadze ameha yome hafi, gake nu kae kpe ɖe wo ŋu wote ŋu nɔ te sesĩe?

4 Le nyateƒe me la, míate ŋu ado go ‘ameha yome nɔnɔ’ ƒe nyaƒoɖeamenua ɣeawokatãɣi kloe. Ate ŋu ava le vo me, eye ate ŋu asesẽ ŋutɔ be míaɖu edzi. Le kpɔɖeŋu me, bu hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu si me Yosua kple Kaleb to la ŋu kpɔ. Wonɔ ame 12 siwo yi ɖatsa ŋku le Ŋugbedodonyigbaa dzi la dome. Esi wotrɔ gbɔ la, wo dometɔ ewo gblɔ nyatakaka manyomanyowo kpakple nya siwo ɖe dzi le ame ƒo ŋutɔ. Wogblɔ kura gɔ̃ hã be anyigbaa dzi nɔlawo dometɔ aɖewo nye ame dzɔtsu siwo nye Nefilimwo—siwo mawudɔla dzeaglãwo kple anyigbadzinyɔnuwo dzi—ƒe dzidzimeviwo. (1 Mose 6:4) Gake susu mele nya ma me o. Dzidehlɔ̃mevi vɔ̃ɖi mawo tsrɔ̃ le Tsiɖɔɖɔa me ƒe alafa geɖe do ŋgɔ na ɣemaɣi, eye woƒe dzidzimevi aɖeke metsi agbe o. Ke hã nya si ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o kura gɔ̃ hã ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ame siwo gbɔdzɔ le xɔse me la dzi. Eya ta eteƒe medidi o, ŋkutsala ewo mawo ƒe nyatakaka manyomanyoawo na dzika tso dukɔa ƒo eye vɔvɔ̃ ɖo wo. Eye wo dometɔ akpa gãtɔ xɔe se be anye vodada be yewoayi Ŋugbedodonyigbaa dzi abe ale si Yehowa bia tso wo si ene. Le nɔnɔme sia, si ate ŋu ado gã ɖe edzi kpataa me la, nu kae Yosua kple Kaleb wɔ?—4 Mose 13:25-33.

5 Womedze ameha yome o. Togbɔ be dukɔa medi gɔ̃ hã be yewoase woƒe nyawo o hã la, Yosua kple Kaleb yi edzi gblɔ nyateƒea eye wolé eme ɖe asi—woyi edzi wɔ esia esime wodo ŋɔdzi na wo be yewoaƒu kpe wo woaku gɔ̃ hã! Nu kae na dzi nɔ wo ƒo nenema? Ðikeke mele eme o be, woƒe xɔse wɔ akpa gã aɖe. Ame siwo si xɔse le la tea ŋu kpɔa vovototo si le nya siwo ŋu kpeɖodzi aɖeke mele o, siwo amewo gblɔna, kpakple Yehowa Mawu ƒe ŋugbedodo kɔkɔeawo dome. Ƒe geɖe megbe la, Yosua kple Kaleb siaa ɖe ale si wose le wo ɖokui me le ale si Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodowo katã dzi ŋui la gblɔ. (Mixlẽ Yosua 14:6, 8; 23:2, 14.) Yosua kple Kaleb ku ɖe woƒe Mawu nuteƒewɔla la ŋu, eye womedze ameha xɔsemanɔsitɔ mawo yome tsɔ do vevesese nɛ o. Eya ta wonɔ tsitre sesĩe, eye woɖo kpɔɖeŋu vavã aɖe si míate ŋu asrɔ̃ egbea.—4 Mose 14:1-10.

6. Nu kawo mee wòate ŋu adzɔ le be míanɔ amehawo yome le?

6 Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be yeadze amehawo yomea? Ame siwo te ɖe aga tso Yehowa gbɔ, siwo tua afɔkpo eƒe agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo la nye ameha gã aɖe ŋutɔ egbea vavã. Le modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonameɖokuinuwo gome la, ameha mawo doa nu siwo me susu aɖeke mele o la ɖe ŋgɔ zi geɖe. Woate ŋu ate tɔ ɖe edzi be agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple gbɔgbɔyɔyɔ nuwɔna siwo bɔ ɖe televisiondziwɔnawo, sinimawo, kple videofefewo me la kpɔkpɔ megblẽa naneke le ame ŋu o. (2 Tim. 3:1-5) Ne èle dzidzɔdonameɖokuinuwo kple modzakaɖeɖewo tiam alo le wo tiam na wò ƒomea la, ɖe nèɖea mɔ ame siwo ƒe dzitsinya mele dɔ wɔm nyuie o la kpɔa ŋusẽ ɖe wò tiatiawo dzi alo fiaa mɔ wò dzitsinya? Ne míagblɔe tututu la, ɖe esia mafia be èdze amehawo yome oa?

7, 8. (a) Aleke míenaa hehe míaƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo,” eye nu ka tae hehe ma ɖea vi sãsãsã wu be woade se sesẽ gbogbo aɖewo na mí? (b) Nu ka tae kpɔɖeŋu nyui si sɔhɛ Kristotɔ geɖewo ɖona la doa dzidzɔ na mí?

7 Yehowa na nunana xɔasi aɖe mí si akpe ɖe mía ŋu míawɔ nyametsotsowo—eyae nye míaƒe “nugɔmesese ƒe ŋutetewo.” Ke hã ehiã be míana hehe ŋutete siawo “to wo zazã me.” (Heb. 5:14) Ameha yome nɔnɔ mana hehe míaƒe nugɔmesese ƒe ŋutetewo o; eye nenema kee se sesẽ gbogbo aɖewo dede na mí hã mate ŋu ana hehe míaƒe dzitsinya o. Susu sia tae womeyɔ film, agbalẽ, kple Internet nyatakakadzraɖoƒe vovovo siwo wòle be Yehowa ƒe amewo naƒo asa na la o. Esi wònye be xexe sia le tɔtrɔm kabakaba ta la, eteƒe madidi hafi nu siwo woayɔ la nu nava yi o. (1 Kor. 7:31) Nu si gavɔ̃ɖi wue nye be, awɔe be míate ŋu anɔ Biblia me gɔmeɖosewo dam kpɔ nyuie, ado gbe ɖa le wo ŋu, ahanɔ te ɖe gɔmeɖose mawo dzi awɔ nyametsotsowo o.—Ef. 5:10.

8 Enye nyateƒe be nyametsotso siwo míanɔ te ɖe Biblia dzi awɔ la ate ŋu ana ame aɖewo malɔ̃ míaƒe nya o. Amehawo ate ŋu aƒoe ɖe sɔhɛ Kristotɔ siwo le suku dem la nu vevie be woakpɔ nu siwo kpɔm ame sia ame le eye woawɔ nu siwo wɔm ame sia ame le. (1 Pet. 4:4) Eya ta enyea dzidzɔ na mí be Kristotɔ siwo nye sɔhɛwo kple tsitsiawo siaa srɔ̃a Yosua kple Kaleb ƒe xɔse, eye wogbena be yewomadze ameha yome o.

Migadze “Miaƒe Dziwo Kple Ŋkuwo” Yome O

9. (a) Ne èle mɔ zɔm la, nu ka tae afɔku le eme be nàto afi sia afi si nya va susu me na wò ko? (b) Nu ka tae se si dze le 4 Mose 15:37-39 la nɔ vevie na Mawu ƒe amewo le blema?

9 Ŋusẽkpɔɖeamedzi evelia si me míadzroe nye míaƒe dzi ƒe nudzodzrowo. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne èle mɔ zɔm yina teƒe aɖe la, ɖe wòava susu me na wò be yeatsɔ agbalẽ si dzi nèŋlɔ mɔfiame si wona wò ɖo la ada ɖe afi aɖe eye nàto afi sia afi si nya va susu me na wò ko—ɖewohĩ nàto mɔ sia mɔ si dzi nya kpɔ na wò koa? Edze ƒãa be esia wɔwɔ makpe ɖe ŋuwò nàɖo afi si yim nèle o. Le ɖekawɔwɔ me kple nya sia la, na míabu se bubu aɖe hã si Yehowa de na blema Israel viwo la ŋu kpɔ. Asesẽ na ame geɖe egbea be woase nu si tae wode se na Israel viwo be woade gbowo woƒe avɔwo to, eye woatsi gboawo ɖe aɖabɛ blɔtɔ lɔ̃ka ŋu ɖo la gɔme. (Mixlẽ 4 Mose 15:37-39.) Èse nu si tae se ma le vevie ɖo gɔmea? Se ma dzi wɔwɔ na Mawu ƒe amewo to vovo eye woɖe wo ɖokuiwo ɖe vovo tso trɔ̃subɔdukɔ siwo ƒo xlã wo la gbɔ. Esia nɔ vevie ne wodi be Yehowa nayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe yewo ŋu. (3 Mose 18:24, 25) Ke hã, se ma ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzi bubu si me afɔku le, si ate ŋu akplɔ mí atra le agbe mavɔ mɔa dzi la fia. Le mɔ ka nu?

10. Alekee Yehowa ɖee fia be yenya amegbetɔwo ƒe wɔwɔme nyuie?

10 Esi Yehowa de se sia na eƒe dukɔa la, eɖe susu si tae wòde sea ɖo la me na wo be: “Bena miagadze miaƒe dziwo kple ŋkuwo yome awɔ nu si wodi la o.” Yehowa nya amegbetɔwo ƒe wɔwɔme nyuie. Enya ale si gbegbe wòle bɔbɔe be nu siwo míekpɔna nadzro míaƒe dzi, si nye ame si míenye le ememe la. Biblia la xlɔ̃ nu mí be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, nu gbegblẽ wònye, ame ka ahadze sii ma?” (Yer. 17:9) Eya tae Yehowa xlɔ̃ nu Israel viwo be woagadze woƒe dziwo kple woƒe ŋkuwo yome o ɖo. Enya nyuie be ne Israel viwo kpɔ dukɔ siwo mesubɔa ye o ƒe nuwɔnawo la, ate ŋu ana woadi be yewoava nɔ abe woawo ke ene. Woava nɔ didim be yewoado awu abe dzimaxɔsetɔ mawo ene, eye woava nɔ nuwo ŋu bum ahanɔ nu wɔm abe woawo ke ene.—Lod. 13:20.

11. Mɔ kawo nue nu siwo míekpɔna ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi le?

11 Egbea la, egale bɔbɔe wu be nu siwo míekpɔna la nadzro míaƒe dzi alakpatɔ la. Míele xexe aɖe si wɔnɛ be wònɔa bɔbɔe be míadze ŋutilã ƒe nudzodzrowo yome la me. Ekema aleke míazã gɔmeɖose si dze 4 Mose 15:39 la? Bu eŋu kpɔ: Ne wò sukuhatiwo, dɔwɔhatiwo, alo ame siwo le miaƒe nutoa me la dometɔ geɖe va le awu siwo nyɔa dzodzro vɔ̃wo ɖe ame me dom geɖe wu la, ɖe wòakpɔ ŋusẽ ɖe dziwòa? Ðe wòate ŋu adzɔ be nàva di be ‘yeadze wò dzi kple ŋkuwo yome’ eye nàɖe mɔ nu siwo nèkpɔna nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwòa? Ke ɖe esia ate ŋu ana wòadzro wò be yeanɔ awu dom abe woawo ke ene, ke menye abe Kristotɔwo ene oa?—Rom. 12:1, 2.

12, 13. (a) Ne edzroa míaƒe ŋkuwo be woanɔ nu siwo menyo o la kpɔm la, nu kae wòle be míawɔ? (b) Nu kae ate ŋu aʋã mí be míakpɔ egbɔ be míagazu tetekpɔ na ame bubuwo o?

12 Ele vevie ŋutɔ be míasrɔ̃ ɖokuidziɖuɖu. Ne edzroa míaƒe ŋkuwo be woanɔ nu siwo menyo o la kpɔm la, mina míaɖo ŋku nuteƒewɔla Hiob, ame si bla nu kple eƒe ŋkuwo, la dzi; eɖoe kplikpaa be yemaɖe ŋku ɖe nyɔnu aɖe si menye ye srɔ̃ o la ʋuu keke wòadzro ye o. (Hiob 31:1) Fia David hã ɖoe kplikpaa nenema ke esi wògblɔ be: “Nyematsɔ nu tovo ɖo ŋkume o.” (Ps. 101:3) Míebua nu sia nu si ate ŋu aƒo ɖi dzitsinya dzadzɛ si le mía si eye wòagblẽ mía kple Yehowa dome ƒomedodoa me la be enye “nu tovo.” Wo dometɔ aɖewoe nye nu sia nu si ate ŋu adzro míaƒe ŋkuwo, si ate ŋu azu tetekpɔ na mí eye wòable míaƒe dzi ade nu gbegblẽ wɔwɔ me.

13 Míate ŋu ava zu “nu tovo” na ame bubuwo ne míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ana woava nɔ nudzodzro siwo akplɔ wo ade nu vɔ̃ me la ŋu bum. Eya ta míebua aɖaŋu si Biblia ɖo be míado awu siwo le nɔnɔme nyui me, siwo metɔa ŋku o la ŋkubiãnyae. (1 Tim. 2:9) Be míado awu si metɔ ŋku o la, menɔ te ɖe nu si dzɔa dzi na míawo ŋutɔwo ɖeɖe ko dzi o, ke ehiã be míabu ame siwo dome míele la ƒe dzitsinya kpakple nu siwo ɖea fu na wo la ŋu, eye míabu nu siwo ana woƒe dzi nadze eme ŋu, tsɔ wu nu siwo ado dzidzɔ na míawo ŋutɔwo. (Rom. 15:1, 2) Sɔhɛ akpe geɖewo le Kristo hamea me siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui aɖe ŋutɔ le awudodo kple dzadzraɖo gome. Edoa dzidzɔ na mí ŋutɔ be ‘womedzea woƒe dziwo kple woƒe ŋkuwo yome o,’ ke boŋ wotiae be yewoadze Yehowa ŋu le nu sia nu si yewowɔna me—le awudodo gɔ̃ hã me!

Mègadze “Nu Dzodzrowo” Yome O

14. Nuxlɔ̃amenya si ku ɖe “nu dzodzrowo” yome titi ŋu kae Samuel gblɔ?

14 Tsɔe be èle mɔ zɔm to gbedadaƒo gã aɖe. Nu kae adzɔ nenye be èdze to mɔ bubu heti bleziblezi yome? Ameflunu ma yome titi ate ŋu ana nàbu wò agbe! Afɔku ma le nyanya na Yehowa nyuie. Bu kpɔɖeŋu ɖeka ŋu kpɔ. Israel viwo di be yewoanɔ abe dukɔ siwo ƒo xlã wo, siwo dzi ɖum fia siwo nye amegbetɔwo nɔ la ene. Le nyateƒe me la, nu ma si wodi la nye nu vɔ̃ gã aɖe, ɖeko wòfia be wogbe Yehowa be wòaganye yewoƒe fia o. Togbɔ be Yehowa ɖe mɔ na wo be woaɖo fia siwo nye amegbetɔwo hã la, ena eƒe nyagblɔɖila Samuel gblɔ nuxlɔ̃amenya sesẽ aɖe na wo tso “nu dzodzrowo” yome titi ŋu.—Mixlẽ 1 Samuel 12:21.

15. Mɔ kawo nue Israel viwo ti nu dzodzrowo yome le?

15 Ðewohĩ Israel viwo susu be yewoate ŋu aka ɖe fia si nye amegbetɔ la dzi wu Yehowa. Ne nenemae la, ke wonɔ nu dzodzrowo yome tim vavã! Eye anɔ bɔbɔe hã be woati Satana ƒe ameflunu bubu geɖewo yome. Fia siwo nye amegbetɔwo ate ŋu akplɔ wo ade trɔ̃subɔsubɔ me bɔbɔe. Trɔ̃subɔlawo wɔa vodada hesusuna be nu siwo yewokpɔna, abe mawu siwo wowɔ kple kpe kpakple ati ene la, dzena nu ŋutɔŋutɔ siwo dzi woate ŋu aka ɖo wu Yehowa, si nye Mawu makpɔmakpɔ, ame si nye nuwo katã wɔla la. Gake abe ale si Paulo de dzesii ene la, trɔ̃wo menye “naneke” o. (1 Kor. 8:4) Womate ŋu akpɔ nu, ase nu, aƒo nu, alo awɔ naneke o. Àte ŋu akpɔ wo alo aka asi wo ŋu ya, gake ne wòanye be nàsubɔ woƒe ɖe la, le nyateƒe me la, afia be èle nu dzodzro aɖe yome tim—ameflunu ƒuƒlu si akplɔ ame ade tsɔtsrɔ̃ me koe wònye.—Ps. 115:4-8.

16. (a) Aleke Satana blea ame geɖe egbea wotia nu dzodzrowo yome? (b) Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ŋutilãmenuwo nye nu dzodzrowo, vevietɔ ne míetsɔ wo sɔ kple Yehowa Mawu?

16 Satana dze aɖaŋu ŋutɔ; ele amewo blem egbea wole nu dzodzrowo yome tim. Le kpɔɖeŋu me, eble ame gbogbo manyaxlẽ aɖewo wosusuna be ŋutilãmenunɔamesiwo ana yewoanɔ dedie. Wosusuna be ga, nunɔamesiwo, kple dɔwɔɖui si me ga geɖe le akpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ yewoƒe kuxiwo katã gbɔ. Gake ɖe ŋutilãmenuwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu vavã ne megale lãmesẽ me o, ne ganyawo tɔtɔ alo dzɔdzɔmefɔkuwo dzɔa? Ðe wotea ŋu kpena ɖe ame ŋu ne mɔkpɔkpɔ bu ɖe amea, ɖe wonaa ame nyaa taɖodzinu si le agbe ŋua, eye ɖe wokpena ɖe ame ŋu wòkpɔa ŋuɖoɖo na agbemenyabiase vevitɔwoa? Kpekpeɖeŋu kae nu siawo ate ŋu ana ne ame ɖo kudonu? Ne míeɖo ŋu ɖe ga kple nunɔamesiwo ŋu la, míaɖu ŋukpe. Ŋutilãmenuwo mekpɔa ame ta o; nu dzodzrowoe wonye. Ga kple nunɔamesiwo mekpɔa ame ta tso afɔku me o, eye nenema ke womate ŋu aɖe mí tso dɔléle kple ku si me o. (Lod. 23:4, 5) Gake Yehowa mele abe nu dzodzrowo ene o. Eyae nye Mawu vavã la. Ƒomedodo nyui me nɔnɔ kplii koe ate ŋu ana míakpɔ dedienɔnɔ vavãtɔ. Yayra ka gbegbee nye esi! Mina míagagblẽ Yehowa ɖi gbeɖe ahadze nu dzodzrowo yome o.

17. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ siwo me míedzro la ŋu?

17 Ðe mèkpɔe be yayrae wònye na mí be Yehowa nye mía Xɔlɔ̃ kple míaƒe Mɔfiala le agbemɔa zɔzɔ me oa? Ne míeyi edzi wɔ ɖe eƒe nuxlɔ̃ame si me lɔlɔ̃ le ku ɖe amehawo, míawo ŋutɔwo ƒe dziwo, kpakple nu dzodzrowo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽawo ŋu dzi la, anɔ bɔbɔe na mí wu be míaƒe asi nasu agbe mavɔ, si nye míaƒe taɖodzinua dzi. Le nyati si kplɔe ɖo me la, míadzro nu etɔ̃ bubu siwo ŋu Yehowa xlɔ̃ nu mí le be wòakpe ɖe mía ŋu míalé fu aʋatsomɔwo eye míaƒo asa na nu siwo kplɔ ame geɖewo tra la me.—Ps. 119:128.

Nu Kae Nye Wò Susu?

Aleke nàte ŋu awɔ gɔmeɖose siwo dze le mawunyakpukpui siwo gbɔna me ŋu dɔ le wò agbenɔnɔ me?

• 2 Mose 23:2

• 4 Mose 15:37-39

• 1 Samuel 12:21

• Psalmo 119:128

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

Ðe wòdzro wò kpɔ be yeadze amehawo yomea?

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nu ka tae afɔku le eme be nàdze nu sia nu si wò ŋku kpɔ la yome?

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Ðe nèle nu dzodzrowo yome tima?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe