“Wodze Na Bubu Le Woƒe Tenɔnɔ Sesĩea Ta”
LE Germany dukplɔla Adolf Hitler ƒe ŋutasẽdziɖuɣia me la, exɔ lɛta akpe geɖe. Le ƒe 1945 me, esime Russiatɔwo xɔ nuto siwo ƒo xlã Germany ƒe fiadu Berlin la, wofɔ lɛta siawo dometɔ geɖe yi Russia ƒe fiadu Moscow hedzra wo ɖo ɖe afi ma. Ŋutinyaŋlɔla Henrik Eberle dzro lɛta siawo dometɔ akpe geɖe me le Moscow ƒe nudzraɖoƒewo, bene yeawɔ numekuku tso ame siwo ŋlɔ wo na Hitler, kpakple susu si ta woŋlɔ wo ɖo la ŋu. Eberle ta nu siwo ŋu wòke ɖo la ɖe eƒe agbalẽ si nye Briefe an Hitler (Lɛta Siwo Woŋlɔ Na Hitler) me.
Aƒetɔ Eberle gblɔ be: “Ame sia ame ƒomevi ŋlɔ agbalẽ na Hitler—nufialawo kple sukuviwo, nyɔnu saɖeagaxɔmenɔlawo kple nunɔlawo, ame siwo si dɔ mele o kple asitsala xɔŋkɔwo, kpakple ƒudzisrafomegãwo kple asrafo afɔzɔlawo.” Egblɔ kpee be: “Ame aɖewo doe ɖe dzi be eyae nye Ðela si wogbugbɔ dzi na yewo; ame bubuwo hã bui be enye ame vɔ̃ɖitɔ kekeake.” Ðe Hitler xɔ lɛta siwo ƒo nu tsi tsitre ɖe nu dziŋɔ siwo Sosialist Dunyahehaa, alo Nazitɔwo nɔ wɔwɔm la ŋu tso sɔlemehaŋgɔnɔlawo gbɔa? Exɔ lɛta mawo tɔgbi ya, gake wonɔ ʋɛ ŋutɔ.
Ke hã, le Moscow ƒe nudzraɖoƒewo la, Eberle ke ɖe lɛta aɖewo siwo Yehowa Ðasefo siwo le Germany ƒe teƒe vovovowo ŋlɔ na Hitler tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe Nazitɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu la ŋu. Le nyateƒe me la, Ðasefo siwo tso dukɔ siwo ade 50 me la ɖo lɛta kple telegram siwo ade 20,000 ɖe Hitler tsɔ ƒo nu tsi tre ɖe ale si wonɔ ŋuta sẽm le Yehowa Ðasefowo ŋu la ŋu. Wolé Ðasefo akpe geɖe de mɔ, wowu ame alafa geɖe le wo dome alo woku le Nazitɔwo ƒe funyafunyawɔame ta. Aƒetɔ Eberle ƒo nya ta be: “Esi Nazi dziɖuɖua wu ame miliɔn geɖe ta la, adze abe [Ðasefo siwo ku] la ƒe xexlẽme le ʋɛ ene. Ke hã, woɖee fia kɔtɛ be yewotsɔ nu sɔsɔe tsi tsitre ɖe [Nazi dziɖuɖua ŋu], eye wodze na bubu le woƒe tenɔnɔ sesĩea ta.”