Míede Hitler ƒe Aʋawɔwɔ Dzi O
ABE ALESI FRANZ WOHLFAHRT GBLƆE ENE
FOFONYE Gregor Wohlfahrt nɔ Austriatɔwo ƒe asrafoha me le Xexemeʋa I me (ƒe 1914 vaseɖe ƒe 1918) eye wòwɔ aʋa kple Italia. Le ye katã me la, wowu Austriatɔ kple Italiatɔ akpe geɖe. Nuteƒekpɔkpɔ ma ƒe ŋɔdzidodo trɔ Papa ƒe nukpɔsusu le mawusubɔsubɔ kple aʋawɔwɔ ŋu keŋkeŋ.
Papa kpɔ eteƒe esi Austria-nunɔla aɖe yra asrafohawo, eye esee be nu ma kee Italia-nunɔla hã wɔ le akpa keme. Eyata ebia be: “Nukata woƒoe ɖe asrafo Katolikotɔwo nu be woawu Katolikotɔ bubuwo? Ðe wòle be Kristotɔwo naho aʋa ɖe wo nɔewo ŋua?” Nunɔlawo mete ŋu ɖo nya gbagbe aɖeke ŋu nɛ o.
Papa ƒe Biabiawo Ŋuɖoɖowo
Le aʋaa megbe la, Papa ɖe srɔ̃ eye wova nɔ Austria-towo domee si tsɔ ɖe Italia kple Yugoslavia gbɔ. Afimae wodzim le le ƒe 1920 me, menye vi adeawo ƒe ŋgɔgbea. Esi mexɔ ƒe ade la, míeʋu agbadroƒe ʋee aɖewo yi St. Martin, ɖo ta ɣedzeƒe gome le mɔkekeɖudu, Pörtschach, gbɔ.
Esi míenɔ afima la, Yehowa Ðasefowo (siwo woyɔna ɣemaɣi be Biblia Nusrɔ̃viwo) ƒe subɔlawo va dzinyelawo gbɔ. Wogblẽ agbalẽvi si nye Prosperity Sure ɖi le ƒe 1929 me si ɖo Papa ƒe biabia geɖe ŋu nɛ. Eɖee fia tso Biblia me be vivimedziɖula si woyɔna be Abosam kple Satana ye le xexeame dom. (Yohanes 12:31; Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 12:9) Ŋusẽ si wòkpɔ ɖe xexe sia ƒe mawusubɔsubɔ, dunyahehe, kple asitsatsa dzie na ŋɔdzinu siwo teƒe Papa kpɔ le Xexemeʋa I me dzɔ. Papa va ke ɖe ŋuɖoɖo siwo dim wònɔ ŋu azɔ.
Subɔsubɔ Dzonɔamemetɔe
Papa dɔ agbalẽwo tso Gbetakpɔxɔ Biblia kple Trakt Habɔbɔa gbɔ hete wo mamã na eƒe ƒometɔwo eye emegbe tso aƒeme yi aƒeme. Eteƒe medidi o ɖekakpui Hans Stossier si xɔ ƒe 20 ɣemaɣi la kpe ɖe eŋu le aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me. Míaƒe ƒometɔ atɔ̃ hã va zu Ðasefowo emegbe kpuie—Papa nɔviŋutsu Franz kple srɔ̃a Anna, emegbe wo viŋutsuvi Anton, kpakple Papa nɔvinyɔnu Maria kple srɔ̃a Hermann.
Esia ʋuʋu míaƒe St. Martin-dua ŋutɔ. Sukuvi aɖe bia míaƒe Katoliko-nufiala le suku be, “Nunɔla Loigge, amekae nye mawu yeye, Yehowa, si subɔm Wohlfahrt le?”
Nunɔla la ɖo eŋu be: “Ao, ao, vinyewo. Menye mawu yeye wònye o. Yesu Kristo Fofoe nye Yehowa. Ne lɔlɔ̃ na Mawu ma tae wole nya la kakam la, ke enyo ŋutɔ.”
Meɖo ŋku edzi be fofonye lɔa Biblia-srɔ̃gbalẽwo hetsɔa abolo si me wode nui dzea mɔ tso aƒeme le zã ga 1:00 me. Gaƒoƒo ade alo adre megbe la, eɖoa anyigbamamã si me wòaɖe gbeƒã le ƒe didiƒe ke le Italiatɔwo ƒe de dzi. Mekplɔnɛ ɖo le mɔzɔzɔ kpuiwo me.
Togbɔ be Papa wɔa gaglãgbesubɔsubɔdɔa hã la, megblẽ eya ŋutɔ ƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo ɖi o. Esi mexɔ anye ƒe ewo la, ezã agbalẽ si nye The Harp of God tsɔ dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kpli mí ame adeawo katã edziedzi kwasiɖa ɖesiaɖe. Ɣebubuɣiwo la, aƒelikawo kple ƒometɔ ɖetsɔlemetɔwo va kɔna ɖe míaƒe aƒeme bibibi. Eteƒe medidi o, woɖo hame si me Fiaɖuƒe gbeƒãɖela 26 nɔ ɖe míaƒe du sue la me.
Hitler Va Zi Dzi
Hitler va zi dzi le Germania le ƒe 1933 me, eteƒe medidi o Yehowa Ðasefowo yome titi nu sẽ ɖe edzi le afima. Papa de takpekpe aɖe le Prague, Czechoslovakia, le ƒe 1937 me. Wona takpekpea valawo nya be woadze ŋgɔ dodokpɔwo, eyata esi Papa gbɔ la eƒoe ɖe mí katã nu be míadzra ɖo ɖe yometiti ŋu.
Menɔ aŋɔsidɔ srɔ̃m ɣemaɣi esi mexɔ ƒe 16. Menɔ aŋɔsila bibi aɖe gbɔ eye mede asinudɔsrɔ̃suku hã. Nunɔla tsitsi aɖe si si le Nazi-dziɖuɖua nu le Germania lae fiaa mawunya mí le sukua. Esi sukuviawo do gbe nɛ be “Heil Hitler!” la, mevivi enu o eye wòbia be: “Nukae gblẽ le míaƒe xɔse ŋu?”
Mewɔ mɔnukpɔkpɔ sia ŋudɔ bia nusitae Katolikotɔwo zãa dzesideŋkɔwo abe “Bubunatɔ” kple “Fofo Kɔkɔe” ene evɔ Yesu gblɔ be nɔviwoe ye yomedzelawo katã nye hafi. (Mateo 23:8-10) Nunɔlaa lɔ̃ ɖe edzi be menyo be woawɔe nenema o eye be ye ŋutɔ yege ɖe nya me esi yegbe be yemabɔbɔ ta na bisiɔp la ahagbugbɔ eƒe asi o ta. Emegbe mebiae be: “Nukata Sɔlemeha la yra ɖe hati Katolikotɔwo wuwu dzi?”
Nunɔlaa ɖo eŋu be: “Esiae nye ŋukpenanu gãtɔ kekeake! Mele be wòagadzɔ gbeɖe o. Kristotɔwoe míenye eye mele be Sɔlemeha la nade nu aʋawɔwɔ me o.”
Le March 12, 1938 dzi la, Hitler ho va dze Austria dzi enumalémalée eye eteƒe medidi o etsɔe kpe ɖe Germania ŋu. Subɔsubɔhawo va wɔ ɖeka kplii enumake. Le nyateƒe me la, mede kwasiɖa ɖeka hafi Austria-bisiɔp adeawo katã kpakple Papatenɔla Theodore Innitzer de asi “nyameʋuʋu vevi” aɖe te o, si me wogblɔ le be “enye dzizizi kple dukɔa ƒe agbanɔamedzi na mí Bisiɔpwo, abe Germania-viwo ene, be míada akɔ na Germania Dziɖuɖu Etɔ̃lia” le ametiaɣi si agava me. (Kpɔ axa 9.) Woɖo kplɔ̃ ga aɖe le Vienna, afisi Papatenɔla Innitzer nye ame gbãtɔ si do gbe na Hitler ɖe Nazitɔwo ƒe gbedoname nu le. Papatenɔla la de se na Austria-subɔsubɔhawo katã be woasi swastika-flaga, woaƒo woƒe gawo, eye woado gbe ɖa ɖe Nazi-dziɖula amedzizila la ta.
Austria ƒe dunyahenyawo trɔ zi ɖeka. Ŋutasẽsrafo siwo do woƒe awu hɛ̃wo hetsɔ swastika-vɔnuɖeɖi bla alɔnu la do bibibi zi ɖeka. Nunɔla ma si gblɔ va yi be mele be Sɔlemeha la nade nu aʋawɔwɔ me o la le nunɔla ʋee siwo gbe “Heil Hitler!” gbɔgblɔ dome. Nunɔla bubu va xɔ ɖe eteƒe le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Nu gbãtɔ si wòwɔ esi wòge ɖe sukuxɔa mee nye be, etu afɔ anyi, wu abɔ ɖe dzi hedo gbe na mí be: “Heil Hitler!”
Nyaƒoɖeamenu be Mana Ta
Nazitɔwo ƒo nya ɖe amesiame nu. Ne medo gbe na amewo be “Guten Tag” (Ŋdɔ na mi) ɖe “Heil Hitler” teƒe la, wobiaa dzi. Wotso nunye na Adzamekpovitɔwo zi 12 sɔŋ. Ɣeaɖeɣi ŋutasẽsrafowo ƒe hatsotso aɖe va do ŋɔdzi na aŋɔsila bibi si gbɔ menɔ, be ne megbe gbe dodo na amewo hegbe gege ɖe Hitler Sɔhɛha me la, yewoadem fuwɔamegaxɔ me. Aŋɔsila si de Nazitɔwo dzi la gblɔ na wo be woagbɔ dzi ɖi nam ko elabena yenya be mava trɔ. Egblɔ be yemedi be madzo le ye gbɔ o le esi menye dɔwɔla nyui ta.
Esi Nazitɔwo xɔ zia la, amehawo lɔ gbɔ zi geɖe vaseɖe zãtsiƒe ke eye amewo do aʋaɣli tamemabumabutɔe. Hitler, Goebbels, kple ame bubuwo ƒe nuƒowo ɖina le radiowo dzi bobobo gbesiagbe. Katoliko-ha la va bɔbɔ ɖe Hitler te ale gbegbe eye nunɔlawo doa gbe ɖa ɖe Hitler ta heyranɛ ɣesiaɣi.
Papa ɖoa ŋku alesi wòhiã be manɔ te sesĩe, atsɔ nye agbe aɖe adzɔgbe na Yehowa ahaxɔ nyɔnyrɔ̃ la dzi nam. Eƒoa nu tso Maria Stossier si nye míaƒe aƒelika Hans nɔvinyɔnu si xɔ Biblia me nyateƒea hã ŋu nam. Mía kple Maria míeɖoe be míaɖe mía nɔewo, eye Papa xlɔ̃ num be made dzi ƒo nɛ le gbɔgbɔ me. Maria fo Hans nyrɔ̃ mía kplii le August 1939 me.
Papa ƒe Nuteƒewɔwɔ Kpɔɖeŋu La
Esi ŋu ke la, woyɔ Papa be wòava wɔ asrafodɔ. Togbɔ be Xexemeʋa I me fukpekpewo de dɔ lãme na Papa vevie si aɖee le eme hã la, egblɔ na gbebialawo be esi yenye Kristotɔ ta la, yemagade nu aʋawɔwɔ me abe alesi yewɔ esi yenye Katolikotɔ ene gbeɖe o. Wolée le nya sia ta be woagaku nu me ayi ŋgɔe.
Wokplɔe yi Vienna le kwasiɖa ɖeka megbe esime Germania va dze Poland dzi tsɔ dze Xexemeʋa II gɔmee. Esi wolée da ɖe afima la, míaƒe nutoa me dumegã ŋlɔ agbalẽ be Papae na Ðasefo bubuwo hã gbe alɔdodo Hitler eye be ema ta ele be woatso kufia na Papa. Esia ta wokplɔ Papa yi Berlin eye wodee mɔ le emegbe kpuie be woatso ta le enu. Wode kɔsɔkɔsɔe zã kple keli le Moabit-gaxɔ me.
Ɣemaɣi meŋlɔ agbalẽ ɖe ƒomea nu ɖo ɖe Papa gblɔ nɛ be míeɖoe kplikpaa be míadze eƒe nuteƒewɔwɔ ƒe kpɔɖeŋu yome. Nu mewɔa dɔ ɖe Papa dzi tututu o, gake alesi aɖatsi ƒo lɛta mamle si wòŋlɔ na míi la na míekpɔ alesi wòse le eɖokui me. Dzi dzɔe ŋutɔ be míese yeƒe tenɔnɔ gɔme na ye. Egblɔ dzideƒonyawo ɖo ɖe mí, eyɔ mía ŋkɔ ɖekaɖeka heƒoe ɖe mía nu be míawɔ nuteƒe. Eƒe tsitretsitsi mɔkpɔkpɔa nu sẽ.
Wode Ðasefo bubu siwo ade 24 hã Moabit-gaxɔa me kpe ɖe Papa ŋu. Hitler ƒe dziɖuɖumegãwo te kpɔ be yewoable wo nu woana ta le woƒe xɔse me, gake gbeɖegbeɖea koe. Wowu Ðasefo siwo ade 25 le December 1939 me. Esi Danye see be wowu Papa la, eda akpe na Yehowa kakaka be Edo ŋusẽ Papa wòlé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi vaseɖe ku me.
Tetekpɔwo Te Dzinye Vava
Kwasiɖa ʋee aɖewo megbe la, woyɔm be mava wɔ dɔ gake mesee emegbe be asrafodɔ koŋ wònye. Megblɔ be nyemawɔ asrafodɔ o gake mawɔ dɔ bubu ya. Gake esi megbe Nazi-ʋahawo dzidzi la, amegãawo bi dzi vevie.
Esi ŋu ke ŋdi la, medo awu bubu ɖe asrafowu si wona mí teƒe. Amegã si nɔ mía nu gblɔ be tomegaxɔ me koe yeadem. Abolo kple tsi ŋu koe menɔ agbe ɖo le afima. Wona menya emegbe be gbe dodo na aflaga ƒe wɔna aɖe anɔ edzi, eye wogblɔ nam be woada tum ne megbe ewɔwɔ.
Asrafo yeye 300 kple asrafomegãwo nɔ hehexɔƒea. Woɖe gbe nam be mazɔ to amegãawo kple swastika-flaga la ŋu eye mawɔ Hitler ƒe gbedonamea. Esi Biblia me nuŋlɔɖi le Hebri-vi etɔ̃awo ŋu do ŋusẽm le gbɔgbɔ me ta la, ɖeko megblɔ be, “Guten Tag” (Ŋdɔ na mi) eye meto wo ŋu yi. (Daniel 3:1-30) Woɖe gbe be magazɔ to wo ŋu yi ake. Fifia ya nyemegblɔ nya aɖeke o, alɔgbɔnu ko meko.
Esi asrafomegã ene gakplɔm yi tomegaxɔa me la, wogblɔ nam be dzidzi ƒo yewo elabena yewobu be woada tum. Wobia be: “Aleke wɔ wòa nènɔ alɔgbɔnu kom esi vɔvɔ̃ ɖo míawo ya?” Wogblɔ be adzɔ dzi na yewo ŋutɔ ne dzideƒo si le asinye la anɔ yewo hã si.
Ŋkeke ʋee aɖewo megbe Ðk. Almendinger si nye srafomegã aɖe tso Hitler ƒe dɔwɔƒegã le Berlin va ɖo asaɖaa me. Wokplɔm yi egbɔe. Eɖe eme be seawo sesẽ fifia wu tsã. Egblɔ be: “Mènya fu si gbegbe kpe ge nàla o hã.”
Meɖo eŋu be: “Oo, menya. Susu sia ke tae wotso ta le fofonye nu kwasiɖa ʋee aɖewoe nye sia.” Eƒe nu ku eye wòzi ɖoɖoe.
Emegbe amegã bubu aɖe hã tso Berlin va eye wogadze agbagba bubuwo be yewoatrɔ nye susu. Esi wòse nusita nyemada le Mawu ƒe sewo dzi o la, elé nye alɔnu eye wògblɔ kple avi be: “Medi be maɖe wò agbe!” Ewɔ dɔ ɖe asrafo siwo katã nɔ afima dzi vevie. Wogakplɔm yi gaxɔa me eye le ye katã me, menɔ afima ŋkeke 33.
Ʋɔnudɔdrɔ̃ Kple Gaxɔ me Yiyi
Woɖem yi gaxɔ bubu me le Fürstenfeld le April 1940 me. Ŋkeke ʋee aɖewo megbe la, nye ŋugbetɔ Maria kple nɔvinyeŋutsu Gregor wova srãm kpɔ. Ƒe ɖeka kple afã ko metsɔ tsi wu Gregor, eye enɔ Biblia me nyateƒea ƒe akpa dzi sesĩe le suku. Meɖoa ŋku dzideƒonya si wògblɔna na mía yometɔwo be woadzra ɖo ɖe yometiti ŋu la dzi, Yehowa koe wòle be míasubɔ! Ɣeyiɣi xɔasi ma si me míede dzi ƒo na mía nɔewoe le ye nye zi mamletɔ si mekpɔe le agbe me. Emegbe wodem mɔ ƒe atɔ̃ le Graz hena dɔ sesẽ wɔwɔ.
Le ƒe 1940 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wodem keteke yi dɔsesẽwɔsaɖa aɖe me le Czechoslovakia, gake wosikam ɖe Vienna hedem mɔ le afima. Nɔnɔmeawo dzi ŋɔ ŋutɔ. Menye dɔ koe wuam o, ke tredzoe aɖewo hã ɖuam le zã me, eye nye ŋutilã nɔa ʋu tom henɔa dzo ʋumem. Wogakplɔm de mɔ le Graz le susu siwo menɔ nyanya nam ɣemaɣi o ta.
Nye nya nɔ vevie na wo ŋutɔ elabena Adzamekpovitɔwo ƒo nu tso Yehowa Ðasefowo ŋu be wonye xɔsetakukula zãzɛnyahela siwo di be woatso kufia na yewo bene dziƒo ƒe teƒeɖoɖo naka yewo si. Esia na mɔnukpɔkpɔ nyui aɖem be metsɔ ŋkeke eve ƒo nu na nufialagã aɖe kple sukuvi enyi siwo tso Graz Yunivɛsiti, heɖe eme na wo be ame 144,000 koe ayi dziƒo ava ɖu fia kple Kristo. (Nyaɖeɖefia 14:1-3) Megblɔ be mɔkpɔkpɔ si le asinye enye be manɔ agbe le paradiso me le anyigba dzi tegbee.—Psalmo 37:29; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.
Esi nufialagã la bia nyam ŋkeke eve megbe la, egblɔ be: “Mese egɔme azɔ be wò afɔ evea siaa le anyigba dzi. Mèdi be yeaku ayi dziƒo o.” Exa nu ɖe Yehowa Ðasefowo yome titi nu eye wòdi nyui nam.
Le ƒe 1941 ƒe gɔmedzedze me la, megaɖo keteke ɖo ta Rollwald-dɔsesẽwɔsaɖa me le Germania.
Agbenɔnɔ Sesẽ le Asaɖa Me
Frankfurt kple Darmstadt dome ye Rollwald le, eye gameme siwo ade 5,000 ye le afima. Ŋkeke ɖesiaɖe dzea egɔme le ŋdi ga 5:00 me, eye woyɔa mía ŋkɔ si xɔa gaƒoƒo eve elabena amegãwo gbɔa dzi ɖi toa gamemeawo ƒe ŋkɔwo me. Wobiana tso mía si be míatsi tre kpaɖii, eye woƒo gameme geɖe le esi womete ŋu tsi tre kã nyuie o ta.
Abolo si wotsɔ abolowɔ, atiwɔ, kple nagotee si vona zi geɖe wɔ lae nye míaƒe ŋdinuɖuɖu. Emegbe míeɖawɔa dɔ le ba me, míeɖea tsimɔwo be tsi nasi to anyigba dzi ne woade agble ɖe edzi. Ne míewɔ dɔ le baa me ŋkeke bliboa katã afɔkpa nyui madomadoe la, míaƒe afɔwo tena dzibodzibo abe ƒumekutsa ene. Nane do ɖe nye afɔ ŋu ɣeaɖeɣi abe nyɔŋufɛ ene, eye mevɔ̃ be woalã wo ɖa.
Wotsɔa nane si wobe detsie wònye la vɛ na mí le ŋdɔ me le dɔa wɔƒe kpɔ be anyo na ɖuɖu hã. Wodea turnip alo cabbage eme eye wotua lã lédɔ kukuwo dea eme ɣeaɖewoɣi. Míaƒe nume kple vehlo ʋua dzo hɛ̃ eye ƒoƒoe gãwo te mía dometɔ geɖe. Wogakua “detsia” na mí le fiẽ me. Gameme geɖe ƒe aɖu tu, gake wogblɔ alesi nu sesẽ ɖuɖu nyoe la nam. Meɖua ati aɖewo siwo woyɔna be pine alo hazel ƒe alɔ, eyata nye aɖu aɖeke metu o.
Mesẽ Ŋu le Gbɔgbɔ Me
Dzɔlawo ɖem ɖa le Ðasefo bubuwo ŋu be woatsɔ agbɔdzɔ nye xɔse mee. Esi Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke menɔ asinye o ta la, meɖoa ŋku ŋɔŋlɔ siwo melé ɖe susu me dzi, abe Lododowo 3:5, 6 ene si xlɔ̃ nu mí be ‘míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me’ kple Korintotɔwo I, 10:13 si do ŋugbe be Yehowa ‘mana mɔ bena woate mi akpɔ awu alesi míate ŋui la o.’ Ŋɔŋlɔ siawo ŋu bubu kple ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me do ŋusẽm.
Mete ŋu kpɔa Ðasefo si wokplɔ tso asaɖa bubu me vɛ la ɣeaɖewoɣi. Ne míekpɔ mɔnu aɖo dze o la, míelɔ̃a ta alo ŋlɔa kɔ dona ɖe dzi tsɔ dea dzi ƒo na mía nɔewo be míanɔ te sesĩe. Mexɔa lɛta tso Maria kple Danye gbɔ ɣeaɖewoɣi. Wogblɔ nɔvinyeŋutsu lɔlɔ̃tɔ Gregor ƒe ku nam le ɖeka me, eye esi wòsusɔ vie aʋa la nake la, wogblɔ Maria nɔviŋutsu Hans Stossier wuwu hã ŋu nya nam le bubu me.
Emegbe woɖe gameme aɖe si nya Gregor esi woa kplii wonɔ Moabit-gaxɔ me le Berlin la va míaƒe asaɖa me. Eyae gblɔ nusi tututu dzɔ nam. Wotso kufia na Gregor be ametatsomɔ̃ aɖe natso ta le enu, gake be woagblẽ eƒe nuteƒewɔwɔ me la, wotutu lalaɣi si doa ŋgɔ na amewuwu la ɖe ŋgɔ ɣleti ene. Woƒo nya ɖesiaɖe ƒomevi ɖe enu le ɣeyiɣi mawo katã me be wòana ta—wode kɔsɔkɔsɔ gãwo afɔ kple asi nɛ, eye ƒã hafi wonaa nuɖuɖui. Gake meʋuʋu o. Ewɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu—le March 14, 1942 dzi. Togbɔ be nya sia na mexa nu hã la, edo ŋusẽm be nuka kee adzɔ o, ele be malé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi.
Mese emegbe be wokplɔ tsɛnyewo, Kristian kple Willibald, kpakple nɔvinyenyɔnuwo, Ida kple Anni, yi saɖagaxɔ aɖe si wozã abe ɖɔɖɔɖoxɔƒe ene me le Landau, Germania. Woƒo ŋutsuviawo vevie le esi wogbe Hitler kafukafu ta.
Ðaseɖiɖi ƒe Mɔnukpɔkpɔwo
Amesiwo le asaɖa me kplim ƒe akpa gãtɔ nye amesiwo wolé le dunyahehe kple nuvlowɔwɔ ta. Meɖia ɖase na wo zi geɖe le fiẽ me. Ðeka nye Katoliko-nunɔla tso Kapfenberg, eŋkɔe nye Johann List. Wodee mɔ le esi wògblɔ nya siwo wòse le Briatania Nyadzɔdzɔdɔwɔƒe na eƒe hameviwo ta.
Nuwo menɔ bɔbɔe na Johann kura o elabena dɔ sesẽ wɔwɔ memãe o. Eƒe nu nyoa ame ŋu, eye mekpena ɖe eŋu wòwua eƒe dɔ nu bene womagahe to nɛ o. Egblɔ be edze ŋukpe dzi na ye ŋutɔ be menye Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi tae wode ye mɔ ɖo o, ke ɖe dunyahehe ta. Egblɔ be: “Wò Kristotɔnyenye ta wò ya nèle fu kpem ɖo.” Esi woɖe asi le eŋu ƒe ɖeka megbe la, edo ŋugbe be yeava srã danye kple nye ŋugbetɔ kpɔ, eye ewɔe hã.
Nuwo Ka Ðe Eme Nam Vie
Le ƒe 1943 ƒe nuwuwu la, wokplɔ gbeɖela bubu si ŋkɔe nye Karl Stumpf si nye ŋutsu kɔkɔ taɣitɔ aɖe vɛ, amesi na nuwo te nyonyo le asaɖaa me. Woɖoe be woasi aŋɔ na eƒe aƒe, eye esi wòse be aŋɔsilae menye la, ede dɔa asi nam. Emae nye zi gbãtɔ si nyemeva wɔ dɔ le ba me o.
Gbeɖela la srɔ̃ mese nusita wodem mɔ gɔme o togbɔ be srɔ̃a ɖe eme nɛ be Yehowa Ðasefo ƒe dzixɔse si le asinye tae wokplɔm vɛ ɖo hã. Nye kuɖiɖi glaŋglaŋ na eƒe dɔme trɔ ɖe ŋunye eye wòna nuɖuɖum. Ena wode dɔ geɖe asi nam bene ŋusẽ naɖo ŋunye.
Esi wonɔ gamemewo yɔm le ƒe 1943 ƒe nuwuwu lɔƒo be woava wɔ aʋa le afisi aʋa nu sẽ le la, alesi mía kple Gbeɖela Stumpf dome nɔ nyuie la ɖem le eme. Meɖe eme nɛ be malɔ̃ aku tsɔ wu be mawɔ aʋa ahaɖi ʋu fɔ. Togbɔ be nye akpaɖekedzimademade na wòtɔtɔ hã la, ete ŋu ɖe nye ŋkɔ le amesiwo woyɔ dome.
Aʋaŋkeke Mamleawo
Amerikatɔwo ƒe yameʋu siwo meyi dzi boo o kaka agbalẽvi aɖewo le ƒe 1945 ƒe January kple February me, siwo gblɔ be esusɔ vie aʋa la nake tsɔ de dzi ƒo na míi. Gbeɖela Stumpf si ɖe nye agbe la, tsɔ dumevi dzro ƒe awu nam eye wòbe mabe ɖe ye ƒeme. Mekpɔ nublanuinu geɖe esi medo le asaɖaa me. Le kpɔɖeŋu me, ɖevi siwo nɔ aʋawɔwu me tsɔ avi hehehe nɔ sisim le Amerikatɔwo nu. Vɔvɔ̃ be mava ge ɖe SS-srafomegãwo sime eye woabia nusita nyemekpla tu o na metrɔ yi asaɖa la me.
Eteƒe medidi o Amerika-srafowo ɖe to ɖe míaƒe asaɖa la. Asaɖa me tɔwo na ta le March 24, 1945 dzi, eye wosi aflaga ɣiwo. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mese be Ðasefo bubuwo hã nɔ asaɖa siwo wotu kpee me, amesiwo ta Gbeɖela Stumpf kpɔ be womewu wo o! Ðekawɔwɔ dodzidzɔname kae nye si wònye na mí! Esi wolé Gbeɖela Stumpf la, mía dometɔ geɖe míeyi Amerika-megãwo gbɔ, míeƒo nu eye míeŋlɔ lɛtawo hã tsɔ ɖe enui. Esia ta woɖe asi le eŋu le ŋkeke etɔ̃ megbe.
Ewɔ nuku nam be nyee nye gameme siwo ade 5,000 dometɔ gbãtɔ si ŋu woɖe asi le. Ðeko wòwɔ abe drɔ̃e kum menɔ ene le gaxɔmenɔnɔ ƒe atɔ̃ megbe. Metsɔ dzidzɔvi da akpe na Yehowa le gbedodoɖa me be ekpɔ nye agbe ta. Anye kwasiɖa ade megbe, le May 7, 1945 dzi hafi Germania na ta.
Medi Ðasefo bubuwo le afima enumake si woɖe asi le ŋunye. Míeɖo Biblia-srɔ̃ƒuƒoƒo eye le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, metsɔ gaƒoƒo geɖe ɖi ɖase na amesiwo le asaɖa la gbɔ. Mekpɔ aŋɔsidɔ le ɣeyiɣi ma ke me.
Megatrɔ Yi Aƒe
Meƒle dzokeke le July me eye mezɔ mɔ legbe aɖe gatrɔ yi aƒe. Menɔ mɔ dzi ŋkeke geɖe le esi wogbã tɔdzisasrã geɖe le mɔa dzi ta. Mlɔeba esi meva ɖo aƒe le St. Martin la, meto mɔdodoa dzi eye mekpɔ Maria wònɔ lu ŋem. Esi wòkpɔm dze si mlɔeba la, etsɔ du va kpem. Kpɔ alesi gododo ake sia nye dzidzɔ na míi ɖa. Danye tsɔ eƒe hɛ ƒu gbe eye eya hã tsɔ du va kpem. Ƒe 49 va yi, Danye xɔ ƒe 96 fifia eye eƒe ŋku gbã. Eƒe susu gale te kokoko eye ekpɔtɔ nye Yehowa ƒe Ðasefo nuteƒewɔla.
Mía kple Maria míeɖe mía nɔewo le October 1945 me, eye tso ɣemaɣi míele dzidzɔ kpɔm le Yehowa subɔsubɔ me ƒe geɖe enye sia. Míedzi nyɔnuvi etɔ̃, ŋutsuvi ɖeka, kple tɔgbui- kple mamayɔvi ade siwo katã le Yehowa subɔm dzonɔamemetɔe. Nye dzi dze eme le ƒe siawo me be mekpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu woxɔ Biblia ƒe nyateƒea.
Dzideƒo be Míado Dzi
Wobia zi geɖe alesi wɔ mete ŋu dze ŋgɔ ku vɔvɔ̃ manɔmee togbɔ be sɔhɛ ko menye hã. Kakaɖedzi nenɔ asiwò—Yehowa Mawu doa ŋusẽ ame ne èɖoe be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. Àva ɖo ŋu ɖe eŋu bliboe kaba to gbedodoɖa me. Eye nyanya be ame bubuwo, fofonye ŋutɔ kple nɔvinyeŋutsu, hã wɔ nuteƒe vaseɖe ku me la kpe ɖe ŋunye be nye hã mewɔ nuteƒe.
Menye Europa koe Yehowa ƒe amewo mede nu aʋawɔwɔ me le o. Meɖo ŋku edzi be wobia gbe Hitler ƒe amegãwo dometɔ ɖeka le Nuremberg-ʋɔnu le ƒe 1946 me le Yehowa Ðasefowo yometiti le fuwɔamegaxɔwo me ŋuti. Eɖe agbalẽvi kakɛ aɖe le kotoku me si gblɔ be wode Yehowa Ðasefo akpe geɖe mɔ le Amerika-gaxɔwo me le United States le woƒe akpaɖekedzimademade le Xexemeʋa II me ta.
Nyateƒee, Kristotɔ vavãwo srɔ̃a Yesu Kristo ƒe kpɔɖeŋu, amesi lé nuteƒewɔwɔ na Mawu me ɖe asi vaseɖe eƒe ku me la dzideƒotɔe. Mebua míaƒe hame sue si nɔ St. Martin le ƒe 1930 kple ƒe 1940 ƒeawo me la me tɔ 14 siwo gbe alɔdodo Hitler ƒe aʋawɔwɔ le lɔlɔ̃ na Mawu kple wo havi amegbetɔwo ta, si ta wowu wo ɖo la ŋu zi geɖe. Ðekawɔwɔ gã kae nye si wòanye ne wofɔ wo ɖe tsitre be woava nɔ agbe le Mawu ƒe xexe yeyea me tegbetegbe!
[Nɔnɔmetata si le axa 8]
Fofonye
[Nɔnɔmetata siwo le axa 8, 9]
Ete le miame: Papatenɔla Innitzer nɔ akɔ dam na Germania Dziɖuɖu Etɔ̃lia
Ðusime: “Nyameʋuʋu vevi” si me bisiɔp ade gblɔ le be enye ‘dukɔa ƒe agba le yewo dzi be yewoada akɔ na Germania Dziɖuɖu Etɔ̃lia’
[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]
UPI/Bettmann
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Mía kple Maria míedo ŋugbe na mía nɔewo le ƒe 1939 me
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Míaƒe ƒomea. Tso miame yi ɖusime: Gregor (wotso ta le enu), Anni, Franz, Willibald, Ida, Gregor (fofonye, wotso ta le enu), Barbara (danye), kple Kristian
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Mía kple Maria egbea