INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 12/15 axa 27-30
  • Mègana Dɔléle Naxɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Le Asiwò O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègana Dɔléle Naxɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Le Asiwò O
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Tenɔnɔ Ðe Dɔlélea Nu
  • Aleke Yehowa Kpena Ðe Wo Ŋu?
  • Dɔmavɔleameŋu—Ƒomea ƒe Agbae
    Nyɔ!—2000
  • Eƒo Nu tso Eƒe Dzixɔsewo ŋu na Eƒe Sukuxɔmehatiwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Alesi Ƒomewo Wɔna Nɔa Te Ðe Dɔmavɔleameŋu Nu
    Nyɔ!—2000
  • Tenɔnɔ Ðe Dɔ Mavɔleameŋu Nu—Ðe Biblia Ate Ŋu Akpe Ðe Mía Ŋua?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 12/15 axa 27-30

Mègana Dɔléle Naxɔ Dzidzɔkpɔkpɔ Le Asiwò O

KPƆE ɖa le susu me be èfɔ ŋdi aɖe, gake mègadi be yeato ŋkekea ƒe hloloetsotsowo me o. Esi ŋu bubu gake ko la, ele na wò be nàdo dzi le ŋutilãme kple seselelãme siaa gome le vevesese ta. Àte ŋu ase le ɖokuiwò me abe Hiob si gblɔ be, “Medi be maku tsɔ wu be manɔ fu kpem” la ene. (Hiob 7:15, The New English Bible) Ke ne nɔnɔmea mele kakam ɖe eme o eye wòle edzi yim ƒe geɖewoe nye esia ya ɖe?

Alea tututue wònɔ le Mefiboset, si nye Yonatan, ame si nye Fia David xɔlɔ̃, viŋutsu la gome. Esi Mefiboset xɔ ƒe atɔ̃ la, “ege [le edzikpɔla si], eye wòtu.” (2 Sam. 4:4) Eƒe nuxaxawo anya dzi ɖe edzi esime wotso enu alakpatɔe be egbe nu le fia la gbɔ eye esia wɔe be wòbu eƒe nunɔamesiwo la. Ke hã le esiawo katã me la, enye ame aɖe si ɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi le tenɔnɔ ɖe lãmegbegblẽ, ameŋugbegblẽ, kple dziɖeleameƒonyawo nu me, eye meɖea mɔ kuxiwo xea mɔ na eƒe dzidzɔkpɔkpɔ o.—2 Sam. 9:6-10; 16:1-4; 19:25-31.

Apostolo Paulo nye esia ƒe kpɔɖeŋu bubu. Ɣeaɖeɣi la, eŋlɔ nu tso “ŋu aɖe” si le eƒe “ŋutilã me,” si wòle be yeado dzi atsɔ la ŋu. (2 Kor. 12:7) Ŋù si ŋu Paulo ƒo nu tso la ate ŋu anye lãmesẽkuxi si le eŋu eteƒe didi, alo ate ŋu anye ame siwo tɔ gbee be medze be wòanye apostolo o la. Nu ka kee wòɖanye o, kuxi la nɔ eŋu ɣeyiɣi didi aɖe eye ele nɛ be wòado dzi atsɔ vevesese kple nuxaxa si esia hena vanɛ la.—2 Kor. 12:9, 10.

Dɔmavɔleameŋu alo seselelãme ƒe nuteɖeamedziwo le fu ɖem na Mawu subɔla aɖewo egbea. Esi Magdalena xɔ ƒe 18 la, wokpɔ dɔléle sesẽ aɖe si nana lãmenu siwo nye ame ƒe dɔlélenutsiŋutete la nɔa nu gblẽm le wo ɖokuiwo ŋu la le eŋu (si woyɔna le Eŋlisigbe me be systemic lupus erythematosus). Egblɔ be: “Ŋɔdzi lém enumake. Esi ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, nye dɔlélea va nyra ɖe edzi, eye nye dɔgbo ƒe dɔmawɔmawɔ nyuie, numebi, kple zegedevi (thyroid) ŋu kuxiwo na wògasẽ ɖe edzi. Ele na Izabela ya be wòado dzi le kuxi siwo medzena le ame ŋu o la me. Egblɔ be: “Tso nye ɖevime kee blanuiléledɔ ɖea fu nam. Esia wɔe be ŋɔdzi léam enuenu, gbɔgbɔtsixe tsia ƒonye, eye dɔme léam sesĩe. Megbɔdzɔna zi geɖe.”

Tenɔnɔ Ðe Dɔlélea Nu

Dɔléle kple eƒe nugbegblẽ le ame ŋu ate ŋu ana ame natɔtɔ le agbe me. Ne edzɔ alea la, nu si kpena ɖe ame ŋue nye be wòanɔ anyi eye wòade ŋugble le nɔnɔmea ŋu akpɔ nu si tututu le dzɔdzɔm la adze sii. Manɔ bɔbɔe be nàlɔ̃ ɖe nu siwo màgate ŋu awɔ o le nɔnɔmea ta dzi o. Magdalena gblɔ be: “Nye dɔlélea le nyanyram ɖe edzi vivivi. Zi geɖe la, ŋusẽ vɔna le ŋunye ale gbegbe be esesẽna nam be mafɔ le aba dzi. Esi wònye be nyemate ŋu asusu ale si dɔlélea atrɔe le ɣeyiɣi si gbɔna me o ta la, esesẽna nam be mawɔ ɖoɖo do ŋgɔ. Nu si ɖea fu nam wue nye be nyemagatea ŋu awɔ subɔsubɔdɔ na Yehowa abe ale si mewɔnɛ tsã ene o.”

Zbigniew gblɔ be: “Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ƒunukpeƒetetedɔ si le ŋunye la nana ŋusẽ vɔna le ŋunye; egblẽ nu le nye ƒunukpeƒewo ŋu ɖekaɖeka ɖe wo nɔewo yome. Ɣeaɖewoɣi la, ne ƒunukpeƒewo ƒe tetea nu sẽ la, nyemegatea ŋu wɔa dɔ tsɛtɔ kekeake gɔ̃ hã o. Esia wɔnɛ be meléa blanui.”

Ƒe aɖewoe nye esi va yi la, wokpɔ nutete aɖe si le lolom ɖe edzi vivivi la le ahɔhɔ̃ me na Barbara. Egblɔ be: “Tɔtrɔ kpatawo va nye ameti bliboa me. Ŋusẽ vɔna le ŋunye, ta ɖuam edziedzi, eye nye susu megatea ŋu nɔa nu ŋu nyuie o. Esi mekpɔe be nyemagate ŋu awɔ nanewo o ta la, megbugbɔ lé ŋku ɖe nu siwo mate ŋu awɔ kple nu siwo nyemate ŋu awɔ o ŋu.”

Ame siawo katã nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo. Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nu vevitɔ na wo. Woɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe eye wòkpena ɖe wo ŋu.—Lod. 3:5, 6.

Aleke Yehowa Kpena Ðe Wo Ŋu?

Mele be míasusui gbeɖe be ne míele fu kpem la, ema fia be Mawu megakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu o. (Kony. 3:33) Bu nu siwo gbegbe me wòva hiã be Hiob, si nye ‘ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe’ la, nato ŋu kpɔ. (Hiob 1:8) Mawu metea ame aɖeke kpɔ kple nu vɔ̃ɖiwo o. (Yak. 1:13) Dɔlélewo katã, siwo dome dɔmavɔleameŋu kple seselelãme ƒe nuteɖeamedziwo hã le la, nye domenyinu wɔnublanui siwo mía dzila gbãtɔ, Adam kple Xawa, gblẽ ɖi na mí.—Rom. 5:12.

Ke hã Yehowa kple Yesu magblẽ ame dzɔdzɔewo ɖi gbeɖe kpekpeɖeŋu manamana wo o. (Ps. 34:16) Vevietɔ ne míeɖo nɔnɔme sesẽwo me le agbe me la, míeva kpɔnɛ dzea sii be Mawu nye ‘míaƒe sitsoƒe kple míaƒe mɔ sesẽ.’ (Ps. 91:2) Eya ta ne èle nɔnɔme sesẽ siwo gbɔ kpɔkpɔ mele bɔbɔe o me tom la, nu kae ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàkpɔtɔ anɔ dzidzɔ kpɔm?

Gbedodoɖa: Ne èdze Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema ƒe afɔɖoƒewo yome la, àte ŋu atsɔ wò agbawo adro ɖe mía Fofo si le dziƒo la dzi le gbedodoɖa me. (Ps. 55:23) Ne èwɔnɛ alea la, “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒoa susu ɖe sia ɖe ta la” ate ŋu asu asiwò. Ŋutifafa sia si ame kpɔna le ememe la ‘adzɔ wò dzi kple wò tamesusu ŋu.’ (Flp. 4:6, 7) Esi Magdalena ɖoa ŋu ɖe Mawu ŋu to gbedodoɖa nɛ me ta la, ete ŋu le dzi dom le eƒe dɔlélea me. Egblɔ be: “Nye dzimenyawo gbɔgblɔ na Yehowa naa dzidzemem eye wònana megakpɔa dzidzɔ. Fifia meva se nu si tututu wòfia be woaɖo ŋu ɖe Mawu ŋu gbe sia gbe la gɔme nyuie.”—2 Kor. 1:3, 4.

Le wò gbedodoɖawo ŋu ɖoɖo me la, Yehowa ate ŋu ato eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea, eƒe Nya la, kpakple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa dzi ado ŋusẽ wò. Màkpɔ mɔ be Mawu nana nàhaya nukutɔe o. Ke hã àte ŋu aɖo ŋu ɖe eŋu be ana nunya kple ŋusẽ si nèhiã la wò be nàdo dzi le nɔnɔme sesẽ si me tom nèle la me. (Lod. 2:7) Ate ŋu ado ŋusẽ wò, ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu la” wò.—2 Kor. 4:7.

Ƒometɔwo: Ne èle ame siwo lɔ̃a ame hesea veve ɖe ame nu dome la, ate ŋu akpe ŋuwò nàdo dzi le dɔléɣiwo. Gake nenɔ susu me na wò be wò ƒometɔwo hã kpea fu. Ɣeaɖewoɣi la, woawo hã woate ŋu ase le wo ɖokuiwo me be wɔna vɔ le yewo ŋu abe wò ke ene. Ke hã woli be woakpe ɖe ŋuwò, le nɔnɔme sesẽtɔ kekeake gɔ̃ hã me. Ne miedoa gbe ɖa ɖekae la, ana wò dzi nadze eme.—Lod. 14:30.

Barbara gblɔ tso vianyɔnu kple nɔvinyɔnu ɖetugbui bubu siwo le hamea me ŋu be: “Wokpena ɖe ŋunye le subɔsubɔdɔa me. Dzo si le wo me la doa dzidzɔ na nye dzi.” Zbigniew dea asixɔxɔ kpekpeɖeŋu si srɔ̃anyɔnua nanɛ la ŋu ŋutɔ. Egblɔ be: “Srɔ̃nye wɔa aƒemedɔ akpa gãtɔ. Ekpena ɖe ŋunye hã medoa awu eye zi geɖe la, eléa nye akplo ɖe asi ne míeyina Kristotɔwo ƒe kpekpewo alo míele gbeadzi.”

Haxɔsetɔwo: Ne míele míaƒe haxɔsetɔwo dome la, wodea dzi ƒo na mí eye woɖoa aɖaŋu na mí. Gake ne màte ŋu ade kpekpeawo o le wò dɔlélea ta ya ɖe? Magdalena gblɔ be: “Hamea kpɔa egbɔ be kpekpeawo naɖe vi na nye hã, eya ta woléa kpekpeawo me nyawo ɖe mɔ dzi nam. Zi geɖe la, hati tadeagulawo ƒoa ka nam be yewoakpɔ be nu bubu kawoe yewoagate ŋu awɔ atsɔ akpe ɖe ŋunye hã. Woɖoa lɛta siwo me dzideƒonamenyawo le la ɖem. Nyanya be woɖoa ŋku dzinye eye wotsɔ ɖe le nye nyonyo me kpena ɖe ŋunye medoa dzi.”

Izabela, si blanuiléledɔ le fu ɖem na la gblɔ be: “‘Fofo’ geɖewo kple ‘dada’ geɖewo le asinye le hamea me, siwo ɖoa tom nyuie eye wodzea agbagba be yewoase nye nɔnɔmea gɔme. Ƒomee hamea nye nam—afi siae mekpɔa ŋutifafa kple dzidzɔ le.”

Ame siwo le dodokpɔ vovovowo me tom la wɔe nyuie be woƒo asa na ‘wo ɖokuiwo ɖeɖe ɖe aga.’ Ke boŋ wokpɔe be hadede kple hamea le vevie ŋutɔ. (Lod. 18:1) Esia wɔe be wova zu dzideƒotsoƒe na ame bubuwo. Ðewohĩ gbã la, màdi be yeana nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnuawo nanya wò nuhiahiãwo o. Ke hã ne ègblɔ ale si tututu wò nɔnɔmea le na wò haxɔsetɔwo la, woakpɔ ŋudzedze ɖe wò afɔɖeɖea ŋu. Esia ana mɔnukpɔkpɔ wo be woaɖe “nɔvilɔlɔ̃ si me alakpa mele o” afia wò. (1 Pet. 1:22) Ðe manyo be nàgblɔ na wo be yehiã ame aɖe be wòava nɔ ye kplɔm anɔ kpekpeawo yim, alo yedi be ye kple ame aɖe yewoayi gbeadzi, alo yedi be yeagblɔ yeƒe dzimenyawo na ame aɖe oa? Ke hã le nyateƒe me la, mele be míadi be amewo nazã ɣeyiɣi fũu akpa ɖe mía ŋu o, ke boŋ míakpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋu si wonaa mí la ŋu.

Nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò: Nu vevi si akpe ɖe ŋuwò be nàdo dzi ne dɔmavɔleameŋu aɖe le ŋuwò eye màbu wò dzidzɔkpɔkpɔ o la le wò ŋutɔ asiwò me. Blanuiléle kple dziɖeleameƒo ate ŋu awɔe be nànɔ susu gbegblẽwo ŋu bum. Biblia gblɔ be: “Ŋutsu ƒe dzidodo tsɔa eƒe fukpekpewo, ke ne wɔna vɔ le dzidodo ŋu la, ame ka atsɔ eya?”—Lod. 18:14.

Magdalena gblɔ be: “Medzea agbagba vevie be nyematsɔ nye susu aɖo nye kuxiawo ŋu o. Gbe si gbe wòka ɖe eme nam vie la, medzea agbagba kpɔa dzidzɔ. Ame siwo yi edzi wɔ nuteƒe togbɔ be dɔmavɔleameŋu ɖe fu na wo hã la ƒe agbemeŋutinyawo xexlẽ dea dzi ƒo nam.” Esi Izabela nyae be Yehowa lɔ̃ ye eye wòdea asixɔxɔ ye ŋu la, esia do ŋusẽe. Egblɔ be: “Mese le ɖokuinye me be viɖe le ŋunye, eye ame aɖe li si wòle be manɔ agbe na. Etsɔmemɔkpɔkpɔ wɔnuku aɖe hã le asinye.”

Zbigniew gblɔ be: “Nye dɔlélea na mesrɔ̃ ɖokuibɔbɔ kple toɖoɖo. Ena nugɔmesese deto su asinye, ena mesrɔ̃ nyametsotso nyuiwo wɔwɔ, eye wòfiam be matsɔ anɔ amewo kem tso dzi blibo me. Mesrɔ̃ ale si masubɔ Yehowa kple dzidzɔ eye nye nu naganɔ nublanui wɔm na ɖokuinye o. Le nyateƒe me la, esia de dzi ƒo nam be mayi edzi anɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi wɔm.”

Nenɔ susu me na wò be Yehowa kpɔa wò dzidodoa dzea sii nyuie. Esea veve ɖe nuwò eye wòtsɔa ɖe le eme na wò. ‘Maŋlɔ wò dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃, si nèɖe fia le eƒe ŋkɔ ta la be o.’ (Heb. 6:10) Na ŋugbe si wòdo na ame siwo katã vɔ̃nɛ la nade dzi gbɔ na wò esi wògblɔ be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.”—Heb. 13:5.

Gake ne nu te ɖe dziwò ɣeaɖewoɣi la, na wò susu nanɔ mɔkpɔkpɔ wɔnuku si nye agbe mavɔ le xexe yeyea me la dzi. Ɣeyiɣi si me wò ŋutɔ àkpɔ Mawu Fiaɖuƒea ƒe yayrawo kple ŋku le anyigba dzi la le aƒe tum kabakaba!

[Aɖaka/Nɔnɔmetata siwo le axa 28]

Woyi Edzi Le Gbeƒã Ðem, Togbɔ Be Dɔmavɔleameŋu Ðea Fu Na Wo Hã

“Nye ɖeka nyemegatea ŋu zɔna o, eya ta srɔ̃nye alo nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu aɖewo kpena ɖe ŋunye le gbeadzi. Meléa dzeɖonyawo kple Biblia kpukpuiwo ɖe tame.”—Jerzy, si nye ŋkunɔ.

“Tsɔ kpe ɖe ɖaseɖiɖi le telefon dzi ŋu la, meŋlɔa lɛtawo na ɖetsɔlemetɔ ʋɛ aɖewo edziedzi eye woawo hã woɖoa wo ŋu nam. Esime menɔ kɔdzi la, medaa Biblia la kple Biblia srɔ̃gbalẽwo ɖe nye abati xa ɣesiaɣi. Esia kpe ɖe ŋunye medze dzeɖoɖo nyui geɖewo gɔme.”—Magdalena, si lé dɔ si woyɔna be systemic lupus erythematosus.

“Tso aƒe me yi aƒe me dɔa doa dzidzɔ nam, gake gbe si gbe metsɔ fu lãme nam o la, meɖia ɖase le telefon dzi.”—Izabela, si blanuiléledɔ sesẽ aɖe ɖea fu na.

“Biblia nusɔsrɔ̃ kple tɔtrɔyiwo wɔwɔ doa dzidzɔ nam. Ŋkeke siwo dzi nye lãme sẽ vie la, melɔ̃a tso aƒe me yi aƒe me dɔa wɔwɔ.”—Barbara, si nu te ahɔhɔ̃ me na.

“Gbeadzidekplo si mekpe fũu o la koe metsɔna. Menɔa gbeadzi ɣeyiɣi didi si nye ƒunukpeƒe siwo le veyem la ɖe mɔ se ɖo.”—Zbigniew, si ŋu ƒunukpeƒetetedɔ le.

[Nɔnɔmetata ŋu nya si le axa 30]

Ðeviwo kple tsitsiawo siaa ate ŋu anye dzideƒotsoƒe na ame bubuwo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe