INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 1/1 axa 30-31
  • Mègana Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwò O!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mègana Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwò O!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sodom Kple Gomora Ƒe Tsɔtsrɔ̃ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Da Dɔ Na Amewo Nukutɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Yesu Ðu Tetekpɔ Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • Yesu Na Eƒe Nyaselawo Ƒe Nu Ku
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 1/1 axa 30-31

Na Ðeviwo

Mègana Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Nakpɔ Ŋusẽ Ðe Dziwò O!

Mɔfiamewo: Wɔ dɔdeasi sia le afi si tomefafa le. Ne èle mawunyakpukpuiawo xlẽm la, tsɔe be yele nudzɔdzɔa teƒe. Nɔ nudzɔdzɔa kpɔm le susu me. Nɔ gbeɖiɖiawo sem. Dze agbagba nàse le ɖokuiwò me abe ame siwo ŋu nudzɔdzɔa ku ɖo la ke ene.

1 DE ŊUGBLE TSO NUDZƆDZƆA ŊU.—XLẼ 1 MOSE 6:1-6 KPLE DƆWƆWƆWO 19:11-20.

Ðɔ ale si nèkpɔ Nefilimwo ƒe nɔnɔmee.

․․․․․

Aleke nèsusu be ŋutsu mawo ase le wo ɖokui me esi gbɔgbɔ vɔ̃a dzo dze wo dzi, abe ale si wogblɔe le Dɔwɔwɔwo 19:13-16 ene, vɔ megbe?

․․․․․

2 WƆ NUMEKUKU YI ŊGƆ.

Wɔ numekuku nàsrɔ̃ nu geɖe tso Nefilimwo ŋu. Èsusu be nu ka tae wowɔa ŋutasẽnu alea gbegbe ɖo?

․․․․․

Nu ka tae wogblɔ be gbɔgbɔ vɔ̃awo ‘gblẽ woawo ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi’? (Xlẽ Yuda 6.) Èsusu be nu ka tae mesɔ le dzɔdzɔme nu o, eye wònye dzodzro vɔ̃ hã, be wova ɖe amegbetɔ nyɔnuwo wozu wo srɔ̃wo?

․․․․․

Nu kae nuŋlɔɖi eve siwo nèxlẽ la ɖe fia wò tso gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe nɔnɔme ɖe gbɔdɔdɔ ƒe dzodzro vɔ̃ kple ŋutasẽnuwɔna ŋu?

․․․․․

3 TSƆ NU SIWO NÈSRƆ̃ LA WƆ DƆE. ŊLƆ NU SI NÈSRƆ̃ TSO NU SIWO GBƆNA ŊU LA ÐI:

Gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋutasesẽ kple woƒe ɖokuitɔdidi.

․․․․․

MƆ BUBU SIWO NU NÀTSƆE AWƆ DƆ LE.

Esi gbɔgbɔ vɔ̃wo magate ŋu atrɔ azu amegbetɔwo o ta la, ayemɔ kawo nue woanɔ agbagba dzem le be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò?

․․․․․

Modzakaɖeɖe kawo ƒomevie li egbea siwo me nu siwo dzɔa dzi na gbɔgbɔ vɔ̃wo dzena le?

․․․․․

Nu kawoe nàwɔ atsɔ aɖee afia be yeɖoe kplikpaa be yeatsri gbɔgbɔ vɔ̃wo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi? (Gaxlẽ Dɔwɔwɔwo 19:18, 19.)

․․․․․

4 NUDZƆDZƆ SIA ƑE AKPA KAWOE WƆ DƆ ÐE DZIWÒ WU, EYE NU KA TAE?

․․․․․

Ne Biblia mele asiwò o la, xɔ ɖeka le Yehowa Ðasefowo gbɔ, alo xlẽ yevugbe me tɔ le www.watchtower.org

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe