Nu Nyui Siwo Le Míaƒe Nudzraɖoƒe
“Ena Mezu Nukpɔkpɔ”
Esi Nɔvinyɔnu Charlotte White si nye ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖela va ɖo Louisville, Kentucky, U.S.A., eye wònɔ mɔzɔkplo aɖe si te kekevi le la tem la, ame geɖe fɔ ŋku ɖe edzi.
ƑE 1908 mee. Dua me tɔwo katã fɔ ŋku ɖe Nɔvinyɔnu White dzi esi wòle nutovɛ yeye aɖe si wona ŋkɔe be Dawn Keke la tem va yina. Eka nya ta be: “Amewo ƒo nu tso eŋu, eye ena mezu nukpɔkpɔ.”
Biblia Nusrɔ̃viwo, siwo wova yɔ emegbe be Yehowa Ðasefowo la, kpɔe be ehiã vevie be yewoana amewo nanya nyateƒe xɔasi siwo ŋu yewoke ɖo le Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ moveviɖoɖotɔe me la. Ɣemaɣi la, agbalẽ si woyɔna be Millennial Dawna (L’Aurore du Millénium), siwo nye babla vovovo siwo wota ɖe wo nɔewo yome la kpe ɖe ame geɖe ŋu Biblia me sidzedze su wo si. Kristotɔ siwo lɔ̃ faa eye ŋutetea nɔ wo si la zɔ mɔ yi teƒe didiwo—duwo, kɔƒeduwo, kple kɔƒenutowo me—be yewoatsɔ agbalẽ siawo siwo wona ŋkɔe be “Kpekpeɖeŋu Na Biblia Nusrɔ̃viwo” la ayi na ame bubu siwo di vevie be yewoaxlẽ wo la.
Le ƒe 1908 me la, Nɔvinyɔnu White kple Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedola bubuwo naa agbalẽ sia ƒe babla adeawo hexɔa Amerika dɔlar 1.65 ɖe wo ta. Ne woyi amewo gbɔ la, womenaa Dawn gbalẽawo enumake o, ke boŋ woxɔa nudɔdɔawo, eye emegbe wotrɔna yina hetsɔa agbalẽ siwo amewo dɔ la yina na wo—zi geɖe la, enyea ŋkeke si dzi woxe fe na amewo le dɔ me—eye woxɔa home sue ma si nye agbalẽa tata ŋu fe ko. Tsitretsiɖeŋula aɖe to nyatoƒoe le ga sue ma si woxɔna ɖe agbalẽawo ta la ta!
Nɔvinyɔnu Malinda Keefer ɖo ŋku edzi be amewo dɔa agbalẽ alafa eve va ɖo alafa etɔ̃ ye le kwasiɖa ɖeka me. Gake amewo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Dawn gbalẽawo ŋu alea gbegbe na kuxi aɖe fɔ ɖe te. Nya lae nye be, agbalẽa ƒe babla adelia ɖeɖe nye axa 740 gbalẽ! Gbetakpɔxɔ ka nya ta be: “Agbalẽ blaatɔ̃ ƒe kpekpeme nye kilogram 18,” eye esia na be agbalẽawo tsɔtsɔ yi na amewo “sesẽ ŋutɔ,” vevietɔ na nɔvinyɔnuwo.
Be woakpɔ Dawn gbalẽa mama ƒe kuxia gbɔ la, Nɔviŋutsu James Cole ɖe afɔtievekeke aɖe si wotea ŋu ŋena, si ŋu gakpo eve le la ɖe go. Wotea ŋu tsɔa mɔzɔkplo dea gakpoawo dome hetsɔa gavi siwo le eŋu la blanɛ ɖi. Tso ɣemaɣi la, megahiã be ame ŋutɔ nakɔ aɖakago si agbalẽwo yɔ eye wòle kpekpem la o. Nɔvi si to kekea vae la ŋutɔ gblɔ be: “Nyemegale nu vevi wɔm nye abɔtawo azɔ o.” Eɖe keke si wòto vae la ɖe go le Biblia Nusrɔ̃viwo ƒe takpekpe aɖe si wowɔ le ƒe 1908 me le Cincinnati, Ohio, la me nyaselawo kpɔ. Woŋlɔ ŋkɔ si nye Dawn-Mobile (Dawn Keke) ɖe nu kpabɛ eve dzi tsɔ tre ɖe gakpo lɔbɔɔ si nɔa akploa te la ƒe go eveawo dzi, le esi wole kekea zã ge atsɔ anɔ Millennial Dawn gbalẽa ƒe bablawo tsɔm ta. Le ezazã ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo ko megbe la, nɔviawo tea ŋu tsɔa asi ɖeka tea keke sia si wotsɔ agbalẽ gbogbo aɖe do agba na la bɔbɔe. Wotea ŋu ɖiɖia eƒe kɔkɔme vaa anyime alo kɔnɛ yia dzi bɔbɔe, eye afɔtiawo tea ŋu zɔna le mɔ siwo womedo o la dzi. Ne wowu ŋkekea ƒe subɔsubɔdɔa nu la, wotea ŋu ŋea afɔti aveawo ƒua akploa ƒe axa ɖeka ŋu hekɔnɛ ɖe asi ne woto afɔ alo ɖo keteke yina aƒe me.
Wonaa Dawn Kekea nɔvinyɔnu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔlawo femaxee. Gake eƒe homee nye Amerika dɔlar 2.50. Nɔvinyɔnu Keefer, si dze le fotoa me le afi sia la, bi ɖe Dawn Kekea zazã me ale gbegbe be etea ŋu tsɔa asi ɖeka tea keke sia si wotsɔ mɔzɔkplo si yɔ fũu kple agbalẽawo la do agba na la eye wògakplaa akplo bubu ɖe abɔ evelia. Esi wòkena ɖe ame geɖe siwo kpɔ ŋudzedze ɖe agbalẽawo ŋu le Pennsylvania, U.S.A., ƒe du aɖe si me wokua tomenuwo le me ta la, etea ŋu tsɔa agba sia toa tɔdzisasrã aɖe dzi yina gbɔna zi etɔ̃ alo zi ene sɔŋ le ŋkeke ɖeka dzi le agbalẽawo maɣi.
Le ƒe 1980 ƒeawo ƒe nuwuwu lɔƒo la, yameʋukula aɖe to mɔzɔkplo si te kekevi le la vae eye míekpɔa amewo nɔa mɔzɔkplo siawo hem le yameʋudzeƒewo kple mɔwo dzi le dugã siwo me amewo sɔ gbɔ ɖo la me. Gake abe ƒe alafa ɖeka ene ye nye esi va yi la, anɔ eme be, ne Biblia Nusrɔ̃vi dovevienuawo le Dawn Kekeawo tem le yiyim le gbɔgbɔm hele Biblia me nyateƒea ƒe ku xɔasiawo wum eye amewo fɔ ŋku ɖe wo dzi la, edzɔa dzi na wo ŋutɔ.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Wogava yɔe emegbe be Studies in the Scriptures (Études des Écritures).
[Nya si ɖe dzesi si le axa 32]
Nɔvinyɔnu Keefer tea ŋu tsɔa agba sia toa tɔdzisasrã aɖe dzi yina gbɔna zi etɔ̃ alo zi ene sɔŋ le ŋkeke ɖeka dzi le agbalẽawo maɣi
[Nya si ɖe dzesi si le axa 32]
Ekpɔ “Dawn” gbalẽa mama ƒe kuxia gbɔ