Àte Ŋu Akpɔ Dzidzɔ Ne Srɔ̃wò Mele Nyateƒea Me O
‘Aleke nàwɔ anya ne wòe axɔ srɔ̃wò ɖe agbe?’—1 KOR. 7:16.
ÀTE ŊU AKE ÐE ŊUÐOÐOAWO ŊUA?
Nu kae Kristotɔ siwo ƒe ƒometɔwo mele nyateƒea me o la ate ŋu awɔ be ŋutifafa nanɔ woƒe ƒomea me?
Aleke Kristotɔ ate ŋu akpe ɖe eƒe ƒomea me tɔwo ŋu woaxɔ nyateƒea?
Nu kae hamea me tɔ bubuwo ate ŋu awɔ atsɔ akpe asi ɖe nɔvi siwo ƒe ƒomewo mele nyateƒea me o la ŋu?
1. Ne ame aɖe xɔ Fiaɖuƒegbedeasia la, aleke esia ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe eƒe ƒomea dzi?
ESI Yesu nɔ eƒe apostolowo dɔm ɣeaɖeɣi la, egblɔ na wo be: “Ne miele yiyim la, miɖe gbeƒã gblɔ be: ‘Dziƒofiaɖuƒe la gogo.’” (Mat. 10:1, 7) Nya nyui sia ana ame siwo xɔe kple dzi blibo la nakpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa. Ke hã Yesu na eƒe apostoloawo nya be ame geɖe atsi tsitre ɖe woƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu. (Mat. 10:16-23) Tsitretsiɖeŋu ƒomevi aɖe si tena ɖe ame dzi wue nye esi tsoa ƒometɔ siwo gbe Fiaɖuƒegbedeasia gbɔ.—Mixlẽ Mateo 10:34-36.
2. Nu ka tae Kristotɔ siwo ƒe ƒomewo mele nyateƒea me o la ate ŋu akpɔ dzidzɔ?
2 Ðe esia fia be, ne Kristotɔ aɖe ƒe ƒomea me tɔwo mele nyateƒea me o la, mate ŋu akpɔ dzidzɔ oa? Menye nenemae kura o! Togbɔ be ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu nu tea ŋu sẽna ɣeaɖewoɣi ŋutɔ hã la, medzɔna nenema le Kristotɔ ɖe sia ɖe gome o. Gakpe ɖe eŋu la, ate ŋu ava eme be ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu manɔ anyi ɖaa o. Ale si Kristotɔa wɔa nu ɖe eƒe ƒomea me tɔwo ƒe tsitretsiɖeŋua alo ɖekematsɔlemea ŋu la wɔa akpa vevi aɖe le esia gome. Gawu la, Yehowa yraa esubɔla siwo wɔa nuteƒe nɛ, eye wònana wokpɔa dzidzɔ togbɔ be woanɔ nɔnɔme madeamedziwo me tom hã. Kristotɔawo ŋutɔwo ate ŋu ana woƒe dzidzɔkpɔkpɔ nadzi ɖe edzi (1) ne wodze agbagba na ŋutifafa le ƒomea me eye (2) ne wodze agbagba tso dzi blibo me be yewoakpe ɖe yewoƒe ƒomea me tɔwo ŋu woaxɔ nyateƒea.
DZE AGBAGBA BE ŊUTIFAFA NANƆ ƑOMEA ME
3. Nu ka tae wòle be Kristotɔ si ƒe ƒome mele nyateƒea me o la nadze agbagba vevie be ŋutifafa nanɔ ƒomea me?
3 Ele bɔbɔe be ƒomea me tɔwo naxɔ nyateƒea ne ŋutifafa le ƒomea me. (Mixlẽ Yakobo 3:18.) Ne Kristotɔ aɖe ƒe ƒome bliboa mewɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me haɖe o hã la, ele be wòadze agbagba vevie be ŋutifafa nanɔ aƒea me. Aleke wòate ŋu awɔ esiae?
4. Aleke Kristotɔwo ate ŋu awɔ be woakpɔ ŋutifafa si su wo si la ta?
4 Ele be Kristotɔwo nakpɔ woƒe ŋutifafa alo dzidzeme si su wo si la ta. Esia bia be míanɔ gbe dom ɖa tso dzi blibo me, si ate ŋu ana “Mawu ƒe ŋutifafa” si ɖeke mesɔ kplii o la nasu mía si. (Flp. 4:6, 7) Sidzedze Yehowa kple wɔwɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzidzenuwo dzi le agbe me gbɔe dzidzɔ kple ŋutifafa tsona. (Yes. 54:13) Gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple gbeƒãɖeɖe dzonɔamemetɔe hã le vevie ne míedi be míakpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa. Ame siwo ƒe ƒomewo mele nyateƒea me o la ate ŋu adi mɔnu aɖewo siwo dzi woato akpɔ gome le Kristotɔwo ƒe dɔwɔna vevi siawo me. Le kpɔɖeŋu me, bu nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Enza,a si ŋu srɔ̃a tsi tsitre ɖo vevie la ŋu kpɔ. Ekpɔa gome le nusrɔ̃lawɔwɔdɔa me ne ewɔ eƒe aƒemedɔwo vɔ. Enza gblɔ be: “Yehowa yraam ale gbegbe, eye ɣesiaɣi si medze agbagba gblɔ nya nyuia na ame bubuwo la, nu nyuiwo dona tso eme.” Vavãe, yayra mawo naa ŋutifafa, dzidzeme, kple dzidzɔ ame.
5. Kuxi kawoe haxɔsetɔ siwo ƒe ƒomewo mele nyateƒea me o la doa goe zi geɖe, eye afi kae woakpɔ kpekpeɖeŋu le?
5 Ele be míaku kutri vevie hafi ŋutifafa nate ŋu anɔ mía kple míaƒe ƒomea me tɔ siwo mele nyateƒea me o la dome. Esia ate ŋu ahe kuxiwo avae, elabena nu siwo woadi be míawɔ ɣeaɖewoɣi la ate ŋu atsi tsitre ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo ŋu. Ne míelé dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi goŋgoŋ la, esia ate ŋu ave dɔme na míaƒe ƒometɔ siwo mele nyateƒea me o, gake esia wɔwɔ ana míava nɔ ŋutifafa me kpli wo mlɔeba. Gake ne nane wɔwɔ metsi tsitre ɖe Ŋɔŋlɔawo me dzidzenuwo ŋu o la, ele be míawɔ mía tɔ sinua be míawɔ nu aduadu kpli wo. (Mixlẽ Lododowo 16:7.) Ne kuxi aɖe do mo ɖa la, ele vevie be míadi Ŋɔŋlɔawo me aɖaŋuɖoɖowo tso agbalẽ siwo kluvi nyateƒetɔ kple aɖaŋudzela ƒe haa tana me eye míabia mɔfiafia tso hamemetsitsiwo gbɔ.—Lod. 11:14.
6, 7. (a) Nu ka tae ame aɖewo tsia tsitre ɖe woƒe ƒometɔwo ŋu ne Yehowa Ðasefowo dze nusɔsrɔ̃ gɔme kpli wo? (b) Aleke wòle be Biblia nusrɔ̃vi alo Ðasefo nawɔ nu le nɔnɔme sia me?
6 Agbagbadzedze be ŋutifafa nanɔ ƒomea me bia ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, eye ebia hã be míadze agbagba ase míaƒe ƒometɔ siwo mele nyateƒea me o la ƒe seselelãmewo gɔme. (Lod. 16:20) Biblia nusrɔ̃vi yeyewo gɔ̃ hã ate ŋu awɔ esia. Ate ŋu adzɔ be srɔ̃ŋutsu alo srɔ̃nyɔnu aɖewo siwo mele nyateƒea me o la matsi tsitre ɖe wo srɔ̃wo ŋu ne wole Biblia srɔ̃m o. Woate ŋu ade dzesii gɔ̃ hã be nu si srɔ̃m yewo srɔ̃a le la aɖe vi na ƒomea. Gake bubuwo ya ate ŋu atsi tsitre ɖe wo srɔ̃wo ŋu vevie. Esther, si nye Ðasefo fifia la, lɔ̃ ɖe edzi be, esime Yehowa Ðasefowo nɔ Biblia srɔ̃m kple ye srɔ̃ la, yedo dziku vevie. Egblɔ be: “Metsɔa eƒe agbalẽwo ƒua gbe alo tɔa dzo wo.” Howard, si tsi tsitre ɖe srɔ̃a ŋu gbã esime srɔ̃a dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsu geɖe vɔ̃na be wole yewo srɔ̃wo blem le subɔsubɔ ƒe kɔmama aɖe me dem. Ate ŋu adzɔ be srɔ̃ŋutsu aɖe manya ale si wòakpɔ nu si dze abe afɔku ene la gbɔ o, eye ate ŋu atsi tsitre ɖe srɔ̃a ŋu vevie.”
7 Ele be woakpe ɖe nusrɔ̃vi aɖe si ŋu srɔ̃a tsi tsitre ɖo la ŋu wòakpɔe be mahiã be yeaɖe asi le yeƒe Biblia sɔsrɔ̃a ŋu o. Zi geɖe la, ate ŋu akpɔ kuxia gbɔ ne efaa tu na srɔ̃a eye wòdea bubu eŋu. (1 Pet. 3:15) Howard gblɔ be: “Edzɔ dzi nam ŋutɔ be srɔ̃nye faa tu eye medoa dziku o!” Nyɔnua gblɔ be: “Howard bia tso asinye be madzudzɔ Biblia sɔsrɔ̃. Egblɔ be wole fluyem. Le esi manɔ nya hem kplii teƒe la, megblɔ nɛ be, ɖewohĩ eƒe nyaa le eme, gake megblɔ nɛ hã be, le nyateƒe me la, nyemenya ale si tututu wole bleyem o. Eya ta megblɔ nɛ be wòaxlẽ agbalẽ si srɔ̃m mele la. Exlẽe hã vavã, eye mete ŋu kpɔ kpɔgblɔ aɖeke le emenyawo ŋu o. Esia wɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ.” Anyo be míaɖo ŋku edzi be, ne Kristotɔ aɖe gblẽ srɔ̃a ɖe aƒe me heyi ɖe kpekpe alo gbeadzi la, srɔ̃a sena le eɖokui me be yetsi akogo eye be yeƒe srɔ̃ɖeɖea ɖo afɔku me; gake kakaɖedzinya si Kristotɔa agblɔ na srɔ̃a lɔlɔ̃tɔe la ate ŋu ana wòadzudzɔ dzimaɖitsitsi.
KPE ÐE WO ŊU WOAXƆ NYATEƑEA
8. Aɖaŋu kae apostolo Paulo ɖo na Kristotɔ siwo srɔ̃wo nye dzimaxɔsetɔwo?
8 Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na Kristotɔwo be woagadzo le wo srɔ̃wo gbɔ le esi wonye dzimaxɔsetɔwo ɖeɖe dzaa ko ta o.b (Mixlẽ 1 Korintotɔwo 7:12-16.) Ne ele susu me na Kristotɔ si srɔ̃ mele nyateƒea me o la be ye srɔ̃ ate ŋu ava xɔ nyateƒea la, esia ana eya ŋutɔ nanɔ dzidzɔ kpɔm. Gake ele be wòaɖɔ ŋu ɖo ne ele agbagba dzem be yeagblɔ nyateƒegbedeasia nɛ, abe ale si nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene.
9. Nu ka ŋue wòle be Kristotɔ naɖɔ ŋu ɖo le ne ele agbagba dzem be yeagblɔ Biblia me nyateƒea na eƒe ƒomea me tɔwo?
9 Esi Jason ɖo ŋku ale si wòwɔ nui esime wònɔ Biblia me nyateƒea srɔ̃m dzi la, egblɔ be: “Medi vevie be magblɔe na ame sia ame!” Ne Biblia nusrɔ̃vi aɖe va kpɔ nu siwo fiam wolee tso Ŋɔŋlɔawo me la ƒe nyateƒenyenye dze sii la, ate ŋu akpɔ dzidzɔ ale gbegbe be wòanɔ nu ƒom tso eŋu ɣesiaɣi kloe. Ate ŋu anɔ mɔ kpɔm be yeƒe ƒomea me tɔwo naxɔ Fiaɖuƒegbedeasia enumake, ke hã ate ŋu adzɔ be womalɔ̃ o. Aleke Jason srɔ̃ wɔ nu ɖe eƒe dzonɔamemea ŋu? Nyɔnua gblɔ be: “Eƒe nyawo va ti to me nam.” Nyɔnu aɖe si xɔ nyateƒea ƒe 18 le srɔ̃a ƒe nyateƒea xɔxɔ megbe la gblɔ be: “Le gonyeme la, ehiã be masrɔ̃ nua vivivi.” Ne èle Biblia srɔ̃m kple ame aɖe si srɔ̃ medi be yeawɔ ɖeka kplii le tadedeagu vavãtɔa me o la, ɖe manyo be mianɔ ale si nusrɔ̃via anɔ nyawo me ɖem na srɔ̃a ameŋububutɔe la me dzrom edziedzi oa? Mose gblɔ be: “Nye nufiafia adza abe tsi ene, nye nya adza abe zãmu ene, abe tsie nyɔ ɖe gbe dzi ene, abe gbafie wɔ ɖe nu miemiewo dzi ene.” (5 Mose 32:2, NW) Nya ʋɛ aɖewo ko gbɔgblɔ tso nyateƒea ŋu le mɔ si sɔ nu, le ɣeyiɣi si sɔ dzi, ate ŋu aʋã amea wu nya gbogbo aɖe gbɔgblɔ le ɣeyiɣi ɖeka me.
10-12. (a) Aɖaŋu kae apostolo Petro ɖo na Kristotɔ siwo srɔ̃wo mele nyateƒea me o? (b) Aleke Biblia nusrɔ̃vi aɖe srɔ̃ ale si wòawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo si le 1 Petro 3:1, 2 dzi?
10 Gbɔgbɔ ʋã apostolo Petro wòɖo aɖaŋu na nyɔnu Kristotɔ siwo srɔ̃wo mele nyateƒea o la. Eŋlɔ bena: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, ale be ne wo dometɔ aɖewo meɖoa to nya la o la, wo srɔ̃wo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔmagblɔe naɖe wo, esi wokpɔa miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ kple bubu deto la ta.” (1 Pet. 3:1, 2) Srɔ̃nyɔnu ate ŋu akpe ɖe srɔ̃a ŋu wòava tadedeagu vavãtɔ me ne ebɔbɔa eɖokui na srɔ̃aŋutsua eye wòdea bubu deto eŋu, nenye be ŋutsua wɔa nu ɖe eŋu ameŋumabumabutɔe gɔ̃ hã. Nenema kee wòle be srɔ̃ŋutsu si nye xɔsetɔ hã nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋu abe ale si Mawu dii ene, eye wòadze agbagba anye ƒome ƒe ta lɔ̃ame, nenye be srɔ̃anyɔnua tsia tsitre ɖe eŋu gɔ̃ hã.—1 Pet. 3:7-9.
11 Egbegbe kpɔɖeŋu geɖewo li, siwo ɖe ale si Petro ƒe aɖaŋuɖoɖoa dzi wɔwɔ le vevie la fia. Bu Selma ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Esi Yehowa Ðasefowo dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii la, srɔ̃a, Steve, mekpɔ dzidzɔ ɖe esia ŋu o. Ŋutsua gblɔ be: “Medo dɔmedzoe, menɔ ŋu ʋãm, eye menɔ vɔvɔ̃m hã.” Selma gblɔ be: “Do ŋgɔ na nye nyateƒea xɔxɔ gɔ̃ hã la, aye dzie mezɔna na Steve. Edoa dziku kabakaba ŋutɔ. Esi medze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme la, eƒe dzikudodoa nu gasẽ ɖe edzi.” Nu kae na nɔnɔmea va ka ɖe eme?
12 Selma ɖo ŋku nane si wòsrɔ̃ tso Ðasefo si nɔ nu srɔ̃m kplii gbɔ la dzi. Selma gblɔ be: “Gbe ɖeka la, nyemedi be wòasrɔ̃ Biblia kplim o. Nu si tae nye be, zã si do ŋgɔ me la, Steve ƒom esi menɔ agbagba dzem be maɖe nya aɖe me nɛ, esia na nu te ɖe dzinye eye nye nu nɔ nublanui wɔm na ɖokuinye. Esi megblɔ nu si dzɔ kple ale si mese le ɖokuinye me na nɔvinyɔnua vɔ la, ebia tso asinye be maxlẽ 1 Korintotɔwo 13:4-7. Esi mexlẽe la, megblɔ na ɖokuinye be, ‘Steve meɖe nɔnɔme nyui siawo dometɔ aɖeke fiam kpɔ o.’ Gake nɔvinyɔnua na mebu nuwo ŋu bubui kura esime wòbiam be, ‘Nɔnɔme nyui siawo dometɔ kawoe nèɖena fiaa srɔ̃wòa?’ Meɖo eŋu be, ‘Ðeke o, elabena egbɔnɔnɔ sesẽ ŋutɔ.’ Nɔvinyɔnua biam kple gbe bɔbɔe be, ‘Selma, ame kae le agbagba dzem be yeazu Kristotɔ? Wòe loo, alo Steve ye?’ Esi mede dzesii be ehiã be maɖɔ nye nukpɔsusu ɖo la, medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye maɖe lɔlɔ̃ afia Steve geɖe wu. Vivivi la, nuwo va nɔ kakam ɖe eme.” Ƒe 17 megbe la, Steve xɔ nyateƒea.
ALE SI AME BUBUWO ATE ŊU ANA KPEKPEÐEŊU
13, 14. Aleke hamea me tɔ bubuwo ate ŋu akpe ɖe ame siwo ƒe ƒomewo mele nyateƒea me o la ŋui?
13 Abe ale si ko tsi dzana eye wòdea tsi anyigba nyuie henana nu miemiewo tsina ene la, nenema kee hamea me tɔ ɖe sia ɖe kpea asi ɖe Kristotɔ siwo ƒe ƒomewo mele nyateƒea me o la ŋu wokpɔa dzidzɔ. Elvina, si le Brazil, gblɔ be: “Lɔlɔ̃ si nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ɖe fiam lae kpe ɖe ŋunye menɔ te sesĩe le nyateƒea me.”
14 Hamea me tɔwo ƒe dɔmenyonyo kple ɖetsɔleme hã ate ŋu abɔbɔ ƒometɔ siwo mele nyateƒea me o la ƒe dzi. Srɔ̃ŋutsu aɖe si le Nigeria, si xɔ nyateƒea ƒe 13 le srɔ̃a ƒe nyateƒea xɔxɔ megbe la, gblɔ be: “Esime mía kple Ðasefo aɖe míenɔ mɔ zɔm la, eƒe ʋua va gblẽ le mɔ dzi. Edi Ðasefowo le kɔƒe si te ɖe afi ma ŋu me, eye wona dzeƒe mí le zã ma me. Wolé be na mí abe ɖe míedze si wo tso míaƒe ɖevime ke ene. Enumake, mekpɔ Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ si ŋu srɔ̃nye ƒoa nu tsoe ɣesiaɣi la dze sii.” Le England la, srɔ̃nyɔnu aɖe si xɔ nyateƒea ƒe 18 le srɔ̃a ƒe nyateƒea xɔxɔ megbe la gblɔ be: “Ðasefowo kpea mí ame evea siaa míeyina ɖaɖua nu kpli wo. Mekpɔnɛ ɣesiaɣi be woxɔam nyuie.”c Srɔ̃ŋutsu aɖe si hã le England, si va zu Ðasefo mlɔeba la gblɔ be: “Nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo va srãa mí kpɔ, alo wokpea mí yia wo ƒe me, eye mekpɔe be woléa be na ame ŋutɔ. Esia gadze ƒãa esime woxɔm ɖe kɔdzi eye wo dometɔ geɖe va srãm kpɔ.” Ðe wò hã àte ŋu adi mɔ siwo dzi nàto aɖe ɖetsɔleme ma tɔgbi afia mía nɔviwo ƒe ƒometɔ siwo mele nyateƒea me oa?
15, 16. Nu kae ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ aɖe ŋu be wòayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm ne eƒe ƒomea me tɔwo gbe nyateƒea xɔxɔ?
15 Enye nyateƒe be, ne Kristotɔwo ɖe nɔnɔme nyuiwo fia eye woɖi ɖase na woƒe ƒometɔ siwo mele nyateƒea me o ŋuɖɔɖotɔe gɔ̃ hã la, menye ɣesiaɣie wo srɔ̃wo, wo viwo, wo dzilawo, alo woƒe ƒometɔ bubuwo lɔ̃na xɔa nyateƒea o. Ame siawo dometɔ aɖewo gaɖea ɖekematsɔleme fiana alo yia edzi tsia tsitre ɖe wo ŋu kokoko. (Mat. 10:35-37) Gake ne Kristotɔwo yia edzi ɖea mawumenɔnɔmewo fiana la, nu nyuiwo ate ŋu ado tso eme. Nɔvi aɖe si nye srɔ̃ŋutsu dzimaxɔsetɔ tsã la gblɔ be: “Ne wò srɔ̃tɔ Kristotɔa nète nɔnɔme nyui siawo ɖeɖe fia la, wò ya mànya ale si esia le ŋusẽ kpɔm ɖe srɔ̃wò dzimaxɔsetɔa ƒe susu kple dzi dzi o. Eya ta mègadzudzɔ kpekpeɖeŋunana srɔ̃wò dzimaxɔsetɔa o.”
16 Kristotɔ siwo ƒe ƒomewo gbe nyateƒea xɔxɔ gɔ̃ hã la ate ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me. Nɔvinyɔnu aɖe ku kutri ƒe 21 sɔŋ be yeakpe ɖe ye srɔ̃ ŋu wòaxɔ Fiaɖuƒegbedeasia, gake eglo. Togbɔ be ele alea hã la, egblɔ be: “Mekpɔtɔ le dzidzɔ kpɔm; nu siwo kpe ɖe ŋunye ye nye be medzea agbagba be nye nu nadze Yehowa ŋu, mayi edzi awɔ nuteƒe nɛ, eye mado vevie nu be mado ŋusẽ mía kplii dome ƒomedodoa. Ale si meƒoa ɖokuinye ɖe gbɔgbɔmedɔwo—abe ɖokuisinusɔsrɔ̃, kpekpeawo dede, gbeadzisubɔsubɔdɔa, kple kpekpe ɖe hamea me tɔ bubuwo ŋu ene—me la kpe ɖe ŋunye mete ɖe Yehowa ŋu kplikplikpli, eye esia dzɔ nye dzi ŋu.”—Lod. 4:23.
DZI MEGAÐE LE ƑOWÒ O!
17, 18. Ne Kristotɔ aɖe ƒe ƒomea me tɔwo mele nyateƒea me o gɔ̃ hã la, nu kae wòate ŋu awɔ be dzi nagaɖe le eƒo o?
17 Ne Kristotɔ wɔnuteƒe si ƒe ƒome mele nyateƒea me o ye nènye la, dzi megaɖe le ƒowò o! Ðo ŋku edzi be “Yehowa maɖe asi le eƒe dukɔ ŋu o le eƒe ŋkɔ gã la ta.” (1 Sam. 12:22) Anɔ kpli wò zi ale si nèku ɖe eŋu ko. (Mixlẽ 2 Kronika 15:2.) Eya ta “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò.” Ɛ̃, “tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa dzi, eye nàɖo ŋu ɖe eŋu” bliboe. (Ps. 37:4, 5) ‘Nɔ gbedodoɖa dzi ɖaa,’ eye ka ɖe edzi be mía Fofo si le dziƒo la ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdo dzi le xaxa ɖe sia ɖe ƒomevi me.—Rom. 12:12.
18 Ƒo koko na Yehowa be wòana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea wò ne wòakpe ɖe ŋuwò nàna ŋutifafa nanɔ wò ƒomea me. (Heb. 12:14) Ɛ̃, anya wɔ be nàna ŋutifafa nanɔ wò ƒomea me eye esia ate ŋu awɔ dɔ ɖe wò ƒomea me tɔ siwo mele nyateƒea me o la ƒe dzi dzi mlɔeba. Àkpɔ dzidzɔ kple ŋutifafa ne ‘èwɔa nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’ (1 Kor. 10:31) Le esia wɔwɔ me la, kakaɖedzi nènɔ asiwò be nɔviwòŋutsu kple nɔviwònyɔnu siwo le Kristo hamea me la akpe asi ɖe ŋuwò lɔlɔ̃tɔe!
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Míetrɔ ŋkɔawo.
b Paulo ƒe aɖaŋuɖoɖoa mete fli ɖe kaklã le se nu, le nɔnɔme sesẽ aɖewo ta, me o. Esia nye ame ŋutɔ ƒe nyametsotso si nye ŋkubiãnya. Kpɔ “Midzra Mia Ðokui Ðo Ðe Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me,” axa 220-221.
c Ŋɔŋlɔawo metsi tsitre ɖe nuɖuɖu kple dzimaxɔsetɔwo ŋu o.—1 Kor. 10:27.
[Nɔnɔmetata si le axa 28]
Tia ɣeyiɣi nyuitɔ nàtsɔ aɖe wò dzixɔsewo me
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Tsɔ ɖe le eme na mía nɔviwo srɔ̃ siwo mele nyateƒea me o la