Ka Ðe Yehowa—“Ɣeyiɣiwo Kple Azãgbewo” Ƒe Mawu La Dzi
“Eyae ɖɔa li ɣeyiɣiwo kple azãgbewo, eɖea fiawo le zi dzi, eye wòɖoa fiawo zi dzi.”—DAN. 2:21.
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Aleke nuwɔwɔwo kple nyagblɔɖi siwo va eme xoxo la ɖee fia be Yehowa ye nye Gamedzinɔla Gãtɔ?
Esi míenyae be Yehowa nye “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu ta la, nu kae wòle be míawɔ?
Nu ka tae xexemenudzɔdzɔwo kple amegbetɔwo ƒe ɖoɖowo mekpɔa ŋusẽ ɖe Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo dzi o?
1, 2. Nu kae ɖee fia be Yehowa nya nu si tututu ɣeyiɣi nye la nyuie?
YEHOWA MAWU wɔ nu siwo fiaa ɣeyiɣiwo kple azãgbewo xoxoxo hafi va wɔ amegbetɔ. Le nuwɔwɔwo ƒe ŋkeke enelia dzi la, Mawu gblɔ be: “Nu keklẽwo nado ɖe dziƒolilia ŋu, bena woade vovo ŋkeke kple zã dome, eye woanɔ anyi anye dzesiwo, afia azãgbewo, ŋkekewo kple ƒewo.” (1 Mose 1:14, 19, 26) Nu sia va eme nenema pɛpɛpɛ le ɖekawɔwɔ me kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu.
2 Ke hã va se ɖe egbea la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo metea ŋu ɖea nu si tututu ɣeyiɣi nye la me o. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Ɣeyiɣi nye xexea me nu siwo gɔme wometea ŋu sena o la dometɔ ɖeka. Ame aɖeke mate ŋu agblɔ nu si tututu ɣeyiɣi nye o.” Gake Yehowa ya nya nu si tututu ɣeyiɣi nye la nyuie. Yehowa ye nye ‘Dziƒowɔla, . . . Ame si mè anyigba, eye wòwɔe.’ Gakpe ɖe eŋu la, Yehowa nye “Ame si ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nu si gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.” (Yes. 45:18; 46:10) Mina míadzro ale si nuwɔwɔwo kple nyagblɔɖi siwo va eme xoxo la ɖee fia be Yehowa ye nye Gamedzinɔla Gãtɔ la me; esia ana míaka ɖe Yehowa kple eƒe Nya, Biblia la, dzi geɖe wu.
NUWƆWƆWO KPENA ÐE MÍA ŊU MÍEXƆA GAMEDZINƆLA GÃTƆ LA DZI SE GEÐE WU
3. Nu siwo le xexe sia si ŋku kpɔna me, siwo zɔna ɖe game dzi pɛpɛpɛ la ƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖe?
3 Nu gbogbo siwo Yehowa wɔ ɖe míaƒe xexe sia si ŋku kpɔna me, suewo kple gãwo siaa, zɔna ɖe game dzi pɛpɛpɛ. Le kpɔɖeŋu me, atɔmwo ʋãna le ɖoɖo aɖe si metrɔna gbeɖe o nu. Ƒe miliɔn 80 megbe gɔ̃ hã la, gaƒoɖokui tɔxɛ siwo zãa atɔm tsɔ fia game la mada le game dzi sekɛnd ɖeka pɛ hã o. Ɣletinyigbawo kple ɣletiviwo hã ɖea zɔ ɖe game dzi pɛpɛpɛ ale gbegbe be míate ŋu anya afi si tututu woaɖo le ɣeyiɣi aɖe me do ŋgɔ. Ekpena ɖe amewo ŋu wonyana azãgbewo eye wonyaa afi si tututu woaɖo tae ne wole mɔ zɔm. Esi Yehowa ye nye atɔm kple ɣletiviwo Wɔla ta la, “ŋusẽ geɖe kple alɔkame sesẽ” le esi, eye edze na míaƒe kafukafu.—Mixlẽ Yesaya 40:26.
4. Aleke ale si nu gbagbewo zɔna ɖe game dzi la ɖe Mawu ƒe nunya fiae?
4 Game dzie nu gbagbewo hã zɔna ɖo. Edze abe atiwo kple lãwo siaa zɔna ɖe ɣeyiɣifianu ƒomevi aɖe si le wo me la dzi ene. Xe geɖewo nya ɣeyiɣi si me woadzo tso teƒe aɖe ayi teƒe bubu la le dzɔdzɔme nu. (Yer. 8:7) Ɣeyiɣi kpɔa ŋusẽ ɖe amegbetɔwo hã dzi. Le kpɔɖeŋu me, míaƒe ŋutilã la nyana be ŋu ke alo zã do. Ne ame aɖe ɖo yameʋu hezɔ mɔ yi xexea ƒe akpa bubu si gamea to vovo le kura la, ate ŋu axɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo hafi eƒe ametia natrɔ ɖe game yeyea ŋu. Nyateƒee, kpɔɖeŋu geɖewo le nu siwo Yehowa wɔ me siwo ɖo kpe edzi be enye “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu, eye be, ŋusẽ gã kple nunya geɖe le esi. (Mixlẽ Psalmo 104:24.) Ɛ̃, seɖoƒe mele Gamedzinɔla Gãtɔ la ƒe nunya kple ŋusẽ ŋu o. Míate ŋu aka ɖe edzi be ate ŋu awɔ nu siwo wòɖo be yeawɔ la!
NYAGBLƆÐI SIWO VA EME ÐE ƔEYIƔI DZI TUTUTU DOA ŊUSẼ XƆSE
5. (a) Mɔ ɖeka kolia ka dzi míate ŋu ato anya ameƒomea ƒe etsɔme? (b) Nu ka tae Yehowa ate ŋu agblɔ nu si adzɔ le etsɔme kpakple ɣeyiɣi si wòadzɔ la ɖi pɛpɛpɛ?
5 Nuwɔwɔwo fiaa nu geɖe mí tso Yehowa ƒe “nɔnɔme makpɔmakpɔawo” ŋu, ke hã ŋkuléle ɖe nuwɔwɔwo ŋu mekpena ɖe mía ŋu míekpɔa ŋuɖoɖo na nyabiase vevi si nye, Etsɔme kae li na ameƒomea? o. (Rom. 1:20) Be míakpɔ ŋuɖoɖo na nyabiase sia la, ele be míadii le nya siwo Mawu gblɔ ɖe eƒe Nya, Biblia, me la me. Ne míedzro Biblia me la, míekpɔa nyagblɔɖi siwo va eme ɖe ɣeyiɣi dzi tututu! Yehowa ate ŋu aɖe nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge la afia, elabena ate ŋu anya nu si tututu adzɔ le etsɔme la do ŋgɔ. Gawu la, nyagblɔɖi siwo le Ŋɔŋlɔawo me la vaa eme ɖe game dzi, elabena Yehowa Mawu ate ŋu ana nuwo nadzɔ abe ale si wòɖo ɖe tame ene, le eƒe ɣeyiɣi ɖoɖia dzi tututu.
6. Nu kae ɖee fia be Yehowa di be míase Biblia me nyagblɔɖiwo me vava gɔme?
6 Yehowa di be ye subɔlawo nase Ŋɔŋlɔawo me nyagblɔɖiwo gɔme eye woaɖe vi na wo. Togbɔ be Mawu mebua ɣeyiɣi abe ale si míebunɛ ene o hã la, ne ele nu si ava dzɔ le etsɔme le ɣeyiɣi aɖe koŋ dzi gblɔm ɖi la, ezãa nya siwo gɔme míate ŋu ase bɔbɔe. (Mixlẽ Psalmo 90:4.) Le kpɔɖeŋu me, Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa ƒo nu tso “mawudɔla ene, siwo wodzra ɖo na gaƒoƒo kple ŋkeke kple ɣleti kple ƒe la” ŋu—esiawo nye ɣeyiɣi siwo gɔme míate ŋu ase nyuie. (Nyaɖ. 9:14, 15) Ne míekpɔ ale si nyagblɔɖiwo va eme le woƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi la, enana míekana ɖe “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu la kple eƒe Nya la dzi geɖe wu. Mina míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo ɖa.
7. Aleke Yeremiya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Yerusalem kple Yuda ŋu la me vava ɖee fia be Yehowa ye nye Gamedzinɔla Gãtɔ?
7 Gbã la, mina míakpɔ nu si dzɔ le blema le ƒe alafa adrelia D.M.Ŋ. me ŋu. “Le Yuda fia Yoyakim, Yosiya vi ƒe ƒe enelia” me la, Gamedzinɔla Gãtɔ la ƒe gbe “va na Yeremiya ɖe Yuda dukɔ blibo la ŋu.” (Yer. 25:1) Yehowa gblɔ ale si woatsrɔ̃ Yerusalem eye woaɖe aboyo Yudatɔwo tso Yudanyigba dzi ayi Babilon la ɖi. “Dukɔ sia asubɔ Babel-fia ƒe blaadre sɔŋ.” Babilontɔwo ƒe aʋakɔa tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.M.Ŋ. me, eye woɖe aboyo Yudatɔwo tso Yuda yi Babilon vavã. Gake nu kae adzɔ le ƒe 70 la ƒe nuwuwu? Yeremiya gblɔ ɖi be: “Yehowa be: Ne ƒe blaadre de na Babel vɔ la, ekema maɖo ŋku mia dzi, eye mawɔ nye ŋugbe nyui, si medo na mi be, magakplɔ mi ava teƒe sia la dzi.” (Yer. 25:11, 12; 29:10) Nyagblɔɖi sia va eme ɖe eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi tututu—le ƒe 537 D.M.Ŋ. me, esime Mediatɔwo kple Persiatɔwo na ablɔɖe Yudatɔwo be woadzo le Babilon.
8, 9. Aleke Daniel ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mesia la ƒe dodo kple Fiaɖuƒea ɖoɖo anyi le dziƒo ŋu ɖee fia be Yehowa nye “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu?
8 De ŋugble tso nyagblɔɖi bubu aɖe si ku ɖe Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema ŋu la ŋu kpɔ. Anɔ abe ƒe eve ene hafi Yudatɔwo nadzo le Babilon la, Mawu gblɔ ɖi to nyagblɔɖila Daniel dzi be Mesia la ado ƒe 483, le ɣeyiɣi si woade se be woagatso Yerusalem la, megbe. Persiatɔwo kple Mediatɔwo ƒe fia la de se ma le ƒe 455 D.M.Ŋ. me. Le ƒe 29 M.Ŋ. me, si nye ƒe 483 ƒe nuwuwu tututu la, wotsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Yesu Nazaretetɔ la le eƒe nyɔnyrɔxɔɣi wòzu Mesia la.a—Nex. 2:1, 5-8; Dan. 9:24, 25; Luka 3:1, 2, 21, 22.
9 Azɔ kpɔ nya si Ŋɔŋlɔawo gblɔ ɖi ku ɖe Fiaɖuƒea ŋu ɖa. Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be woaɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ Yesu ƒe anyinɔɣi ƒe ‘dzesi’ ɖi eye wògblɔ be ɣemaɣi la, xaxa geɖe anɔ anyigba dzi, elabena woanya Satana tso dziƒo. (Mat. 24:3-14; Nyaɖ. 12:9, 12) Gawu la, Biblia me nyagblɔɖiwo ɖee fia be ƒe 1914 mee nu sia adzɔ, esime “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo [ade]” eye Fiaɖuƒea adze dziɖuɖu gɔme le dziƒo.—Luka 21:24; Dan. 4:10-17.b
10. Nyagblɔɖi kawoe ava eme le etsɔme ɖe woƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi pɛpɛpɛ?
10 Eteƒe madidi o, “xaxa gã” si ŋu nya Yesu gblɔ ɖi la ava. Eƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu lae akplɔe ɖo. Ðikeke aɖeke mele eme o be, nu siawo katã ava eme ɖe woƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi pɛpɛpɛ. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, Yehowa ɖo ‘ŋkeke kple gaƒoƒo’ si dzi nu mawo adzɔ la ɖi xoxoxo.—Mat. 24:21, 36; Nyaɖ. 20:6.
‘ƑLE ƔEYIƔI SI SƆ LA’
11. Ne míexɔe se be míele nuwuɣia me la, nu kae wòle be míawɔ?
11 Esi míenya be Fiaɖuƒea dze dziɖuɖu gɔme eye be míele agbe le “nuwuɣi” la me la, aleke wòle be esia nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi? (Dan. 12:4) Ame geɖe kpɔa ale si xexea me ƒe nɔnɔmewo le gbegblẽm ɖe edzii, gake wometea ŋu dea dzesii be Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ŋkeke mamlɛawo ŋue le eme vam o. Wo dometɔ aɖewo le mɔ kpɔm be nuwo ava gblẽ ɖe edzi kura. Ame bubuwo hã xɔe se be amegbetɔwo ahe “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” avae. (1 Tes. 5:3) Ke míawo ya ɖe? Ne míexɔe se be míeɖo Satana ƒe xexea ƒe ŋkeke mamlɛawo ƒe yɔyrɔe nu vavã la, ɖe mele be míadze agbagba azã ɣeyiɣi si susɔ la atsɔ asubɔ “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu la eye míakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woava dze sii oa? (2 Tim. 3:1) Ele be míazã míaƒe ɣeyiɣiwo le nunya me.—Mixlẽ Efesotɔwo 5:15-17.
12. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yesu gblɔ ku ɖe Noa ƒe ŋkekea ŋu me?
12 Mele bɔbɔe be ‘míaƒle ɣeyiɣi si sɔ’ la na mía ɖokuiwo le xexe sia si me yɔ fũu kple susuhenuwo la me o. Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Ale si Noa ƒe ŋkekeawo nɔ la, nenema kee Amegbetɔvi la ƒe [anyinɔɣi] la hã anɔ.” Aleke Noa ƒe ŋkekeawo nɔ? Wogblɔ ɖi be xexe si nɔ anyi ɣemaɣi la awu enu. Ɣemaɣi la, ame vɔ̃ɖiwo katã atsrɔ̃ le xexea me katã ƒe tsiɖɔɖɔ aɖe me. Abe “dzɔdzɔenyenye ƒe gbeƒãɖela” ene la, Noa gblɔ Mawu ƒe gbedeasia na eŋɔlimetɔwo nuteƒewɔwɔtɔe. (Mat. 24:37; 2 Pet. 2:5) Gake “wonɔ nu ɖum, nɔ nu nom, ŋutsuwo nɔ srɔ̃ ɖem, eye wonɔ nyɔnuwo tsɔm na be woaɖe, . . . eye wometsɔ ɖeke le eme o, va se ɖe esime tsiɖɔɖɔa va, eye wòkplɔ wo katã yii.” Eya ta Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be: “[Minɔ] dzadzraɖoɖi, elabena Amegbetɔvi la gbɔna le gaƒoƒo si miesusu be eya dzie wòava o la dzi.” (Mat. 24:38, 39, 44) Ele be míanɔ abe Noa ene, ke menye abe eŋɔlimetɔawo ene o. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanɔ ŋudzɔ?
13, 14. Ŋkuɖoɖo nu ka dzie akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe esime míele Amegbetɔvi la ƒe vava lalam?
13 Togbɔ be Amegbetɔvi la ava le gaƒoƒo si míesusu o dzi hã la, ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa ye nye Gamedzinɔla Gãtɔ. Yehowa ate ŋu aɖo ɣeyiɣi siwo nuwo adzɔ kple nu siwo ado tso wo me la ɖi, metsɔ le nu siwo le dzɔdzɔm le xexea me alo nu siwo amegbetɔwo ɖo be yewoawɔ me o. (Mixlẽ Daniel 2:21.) Le nyateƒe me la, Lododowo 21:1 gblɔ na mí be: “Fia ƒe dzi le abe tɔʋu ene le Yehowa si me; afi si wòlɔ̃ la, eya wòkplɔnɛ yinae.”
14 Yehowa ate ŋu atrɔ asi le nudzɔdzɔwo ŋu be eƒe tameɖoɖowo nava eme ɖe eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi. Tɔtrɔ ɖedzesi siwo le vavam le xexea me la nye nyagblɔɖiwo me vava, vevietɔ nyagblɔɖi si nye be woaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia le xexea me katã. Bu Soviet Union dziɖuɖua ƒe mumu kple emetsonuwo ŋu kpɔ. Ame geɖe mekpɔ mɔ be tɔtrɔ gã sia gbegbe ava dziɖunyawo me kpata alea o. Ke hã tɔtrɔ siawo wɔe be wole gbeƒã ɖem nya nyuia le dukɔ geɖe siwo me woxe mɔ ɖe míaƒe dɔa nu le tsã la me fifia. Eya ta mina míaƒle ɣeyiɣi si sɔ la atsɔ asubɔ “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu la nuteƒewɔwɔtɔe.
KA ÐE EDZI BE YEHOWA AWƆ EƑE ŊUGBEDODO DZI LE EƑE ƔEYIƔI ÐOÐI DZI
15. Aleke míate ŋu aɖe xɔse afia ne wowɔ asitɔtrɔwo le habɔbɔa me?
15 Be míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem le ŋkeke mamlɛ siawo me la, ehiã be míaka ɖe edzi be Yehowa wɔa eƒe ŋugbedodo dzi le ɣeyiɣi dzi pɛpɛpɛ. Esi xexea ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm ta la, ate ŋu ahiã be míawɔ tɔtrɔwo le ale si míeɖea gbeƒãe ŋu. Habɔbɔa ate ŋu awɔ asitɔtrɔ aɖewo ɣeaɖewoɣi be woakpe ɖe mía ŋu míaɖe gbeƒã Fiaɖuƒe ŋuti nya nyui la nyuie wu. Míeɖenɛ fiana be míeka ɖe “ɣeyiɣiwo kple azãgbewo” ƒe Mawu la dzi ne míelɔ̃ wɔ nu wòsɔ ɖe tɔtrɔ yeye mawo nu, esi míele subɔsubɔm nuteƒewɔwɔtɔe le Via, si “nye ta na hame la” ƒe mɔfiafia te.—Ef. 5:23.
16. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe mía ŋu le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi?
16 Yehowa di be míado gbe ɖa na ye le ɣeyiɣi ɖe sia ɖe me eye míaka ɖe edzi bliboe be yeana “kpekpeɖeŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi” la mí. (Heb. 4:16) Ðe ema meɖe ale si wòtsɔ ɖe le eme na mía dometɔ ɖe sia ɖe lɔlɔ̃tɔe la fia oa? (Mat. 6:8; 10:29-31) Míeɖea ale si míexɔ Yehowa Mawu dzi se la fiana ne míedoa gbe ɖa edziedzi biaa eƒe kpekpeɖeŋu eye míewɔa nu le ɖekawɔwɔ me kple míaƒe gbedodoɖawo kpakple eƒe mɔfiafiawo. Míeɖoa ŋku edzi doa gbe ɖa ɖe míaƒe haxɔsetɔwo hã ta.
17, 18. (a) Nu kae Yehowa awɔ eƒe futɔwo kpuie? (b) Vodada kae wòle be míaƒo asa na?
17 Menye fifiae nye ɣeyiɣi si “[míake] ɖi le dzimaxɔse ta o”; ke boŋ fifiae wòle be ŋusẽ naɖo mía ŋu le xɔse me. (Rom. 4:20) Mawu ƒe futɔwo—siwo nye Satana kple ame siwo dzi wòkpɔ ŋusẽ ɖo la—le agbagba dzem be yewoatɔ te dɔ si Yesu de asi na Eyomedzela siwo dome míawo hã míele la. (Mat. 28:19, 20) Togbɔ be Abosam tso ɖe mía ŋu hã la, míenyae be Yehowa, “Mawu gbagbe” la, “dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo, ame si nye ame ƒomeviwo katã Xɔla, vevietɔ nuteƒewɔlawo.” Enya “ale si wòaɖe ame siwo tsɔ wo ɖokui na Mawu la tso tetekpɔ me.”—1 Tim. 4:10; 2 Pet. 2:9.
18 Eteƒe madidi o, Yehowa atsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia. Togbɔ be míenya ɣeyiɣi si tututu esia adzɔ kple ale si tututu wòadzɔe o hã la, míenya be Kristo atsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo le ɣeyiɣi ɖoɖia dzi tututu, eye wòaʋli Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta. Eya ta anye vodada gã aɖe be ame aɖe naŋlɔ nu si ‘ɣeyiɣi’ si me míele fifia fia la be! Ele be míakpɔ nyuie be míagaflu mía ɖokui gbeɖe ahanɔ susum be, “nuwo katã le edzi yim abe ale si tututu ko wonɔ tso nuwɔwɔ ƒe gɔmedzedze la ene” o.—1 Tes. 5:1; 2 Pet. 3:3, 4.
‘KPƆ YEHOWA SINU’
19, 20. Nu ka tae wòle be míakpɔ Yehowa sinu?
19 Tame si Yehowa Mawu ɖo ɖe ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea me ƒe akpa aɖee nye be woasrɔ̃ nu tso eya ŋutɔ kple nu wɔnuku siwo wòwɔ la ŋu yi ɖe mavɔmavɔ me. Nyagblɔla 3:11 gblɔ be: “[Yehowa wɔ] nuwo katã nyuie ɖe wo wɔɣi, eye wòde mavɔmavɔ dzi me na wo, negbe ɖeko amegbetɔ menya mɔnu le nu siwo Mawu wɔ la ƒe agɔmegbɔ kple tagbɔ ŋu o.”
20 Aleke gbegbe dzi dzɔa míe nye esi be Yehowa metrɔ tame si wòɖo ɖe amegbetɔwo ŋu la kpɔ gbeɖe o! (Mal. 3:6) Mawu “metrɔna abe vɔvɔli ene o.” (Yak. 1:17) Vɔvɔli trɔna ɣesiaɣi esi anyigba la le zɔ ɖem ta, gake esia metrɔa Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiwo ya o. “Fia mavɔmavɔtɔ” ye Yehowa nye. (1 Tim. 1:17) Eya ta mina ‘míakpɔ Mawu, míaƒe xɔnametɔ la sinu.’ (Mixa 7:7) Ɛ̃, “misẽ ŋu, eye milé dzi ɖe ƒo, mi ame siwo katã kpɔa mɔ na Yehowa la!”—Ps. 31:25.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Daniel ka ɖe edzi be Mawu ƒe nyagblɔɖiwo ava eme
[Nɔnɔmetata si le axa 21]
Ðe nèzãa wò ɣeyiɣi nyuie tsɔ wɔa Yehowa ƒe lɔlɔ̃nua?