Èɖo Ŋku Wo Dzia?
Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:
Simson ƒe ɖa la mee eƒe ŋusẽa tsoa?
Menye ɖa la ŋutɔ gbɔe wòtso be ŋusẽ nɔ Simson si o, ke boŋ ƒomedodo tɔxɛ si nɔ eya kple Yehowa dome gbɔe wòtso, elabena Nasiretɔ wònye. Ƒomedodo ma me gblẽ esi Delila na wolũ ta nɛ.—4/15, axa 9.
Abe míaƒe lãkusidzi la ene la, nu etɔ̃ kawoe kpɔa ŋusẽ nyui ɖe míaƒe kpɔɖeŋudzia dzi?
(1) Nunyiame. Míaƒe lãkusidzi la hiãa nuɖuɖu siwo me nunyiame le. Nenema kee wòhiã be míanɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui agbɔsɔsɔme si sɔ la ɖum. (2) Kamedede. Gomekpɔkpɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me kpena ɖe míaƒe kpɔɖeŋudzia ŋu wònɔa lãmesẽ me. (3) Ame siwo dome míele. Míate ŋu aɖe nuteameŋu dzi akpɔtɔ ne míedea ha kple haxɔsetɔ siwo tsɔa ɖe le eme na mí vavã la.—4/15, axa 16.
Ne srɔ̃tɔ ɖeka mewɔ nuteƒe o la, aleke atsu kple asia awɔ agaka ɖe wo nɔewo dzi?
Ele be (1) woato nyateƒe na wo nɔewo; (2) woawɔ nuwo aduadu; (3) woatsɔ nɔnɔme yeyewo aɖɔ li xoxoawo; eye (4) woanya ɣeyiɣi si woaɖe dzikua le dɔ me ahadze agbagba be yewoaɖɔ nɔnɔmea ɖo.—5/1, axa 12-15.
Ne wole kunuƒo ƒom la, nu ka tae mesɔ be woazã Psalmo 116:15 ɖe ame si ku la ŋu o?
Mawunyakpukpui ma gblɔ be: “Ame siwo wɔa nuteƒe na Yehowa ƒe ku xɔ asi le eŋkume.” (Ps. 116:15, NW) Esia fia be Mawu subɔla wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa xɔ asi nɛ ale gbegbe be maɖe mɔ woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ gbeɖe o. Maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ esubɔla wɔnuteƒewo katã ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi o.—5/15, axa 22.
Ame kawoe nye nya nyui kakalawo?
Do ŋgɔ na ƒe 1931 la, “nya nyui kakalawo” ye nye ŋkɔ si woyɔna na ame siwo woyɔna egbea be mɔɖelawo.—5/15, axa 31.
Nu kawoe ɖo kpe edzi be Biblia menye agbalẽ dzro aɖe si amegbetɔwo ŋlɔ o?
Nyagblɔɖi geɖe le Biblia me siwo va eme pɛpɛpɛ. Ŋutinya ŋutɔŋutɔwoe woŋlɔ ɖe eme, ke menye nyakpakpawo o. Ede pɛpɛpɛ le dzɔdzɔmeŋutinunya gome, eye emenyawo wɔ ɖeka. Eɖea vi egbea.—6/1, axa 4-8.
Nu kawoe nye “fiaɖuƒe mawo katã” siwo woyɔ le Daniel 2:44 la?
Fiaɖuƒe siwo galegba, si gɔme Daniel ɖe, la ƒe akpa vovovoawo tsi tre ɖi na la ko ŋue wòku ɖo.—6/15, axa 17.
Ɣekaɣie Anglo-Amerika Xexemeŋusẽa zu xexemeŋusẽ adrelia le Biblia ƒe nyagblɔɖi nu?
Anglo-Amerika zu xexemeŋusẽ esime Britain kple United States dukɔawo wɔ nu ɖekae le mɔ ɖedzesi aɖe nu le Xexemeʋa I me.—6/15, axa 19.
Aleke Mawu tsɔa ame siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃ kea wo heŋlɔnɛ be?
Yehowa do ŋugbe na ame siwo nu wòve la be: “Nyemagaɖo ŋu woƒe nu vɔ̃wo azɔ o.” (Yer. 31:34) Yehowa ate ŋu anɔ te ɖe tafevɔsa la dzi atsɔ nu vɔ̃ ake. Eye ne Mawu wɔ esia la, eŋlɔnɛ be le gɔmesese sia nu be megaɖoa ŋku nu vɔ̃ ma dzi be yeahe to na vodala la o.—7/1, axa 18.
Nu ka tae míate ŋu aka ɖe nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dzi?
Dutoƒoe wowɔ nukunuawo dometɔ geɖe le, menye le ɣaɣlaƒe o. Wodzɔna le mɔ bɔbɔe nu, eye wometo ayemɔnu aɖeke dzi hã o. Wowɔ wo be woatsɔ ade bubu Mawu ŋu, ke menye amegbetɔwo ŋu o. Wowɔ nukunu vovovo geɖewo, eye tsitretsiɖeŋula siwo kpɔ wo teƒe la gɔ̃ hã megblɔ be nukunuawo medzɔ o. Esiawo nye susu siwo tae míate ŋu aka ɖe nukunu siwo ŋu Biblia ƒo nu tsoe la dzi.—8/1, axa 7-8.