INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w12 5/15 axa 22
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vi Kawoe Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃ Si Nu Metsina O Ðena Na Wò?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Yehowa Ƒe Nuteƒewɔwɔ Ƒe Lɔlɔ̃ Sɔ gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Míawɔ Nuteƒe Ðaa
    ‘Mikɔ Gbe Dzi Miadzi Ha Na Yehowa Dzidzɔtɔe’
  • Míawɔ Nuteƒe Ðaa
    Midzi Ha Na Yehowa
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
w12 5/15 axa 22

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Aleke ame siwo wɔa nuteƒe na Mawu la ƒe ku ‘xɔ asi le Yehowa ŋkume’?

▪ Hakpala aɖe si gbɔgbɔ ʋã la dzi ha be: “Ame siwo wɔa nuteƒe na Yehowa ƒe ku xɔ asi le eŋkume.” (Ps. 116:15, NW) Tadeagula vavã ɖe sia ɖe ƒe agbe xɔ asi le Yehowa ŋkume ŋutɔ. Ke hã menye ame ƒe ku dzro ko ŋue Psalmo 116 lia me nya siwo míeyɔ le etame la ku ɖo o.

Ne wole Kristotɔ aɖe ƒe kunuƒo ƒom la, mesɔ be woazã Psalmo 116:15 ɖe ame si ku la ŋu o, togbɔ be elé nuteƒewɔwɔ na Yehowa me ɖe asi yi ɖase ɖe ku me hã. Nu ka tae? Elabena gɔmesese si de ŋgɔ wue le hakpala la ƒe nyawo ŋu. Efia be Mawu subɔla wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa xɔ asi nɛ ale gbegbe be maɖe mɔ woatsrɔ̃ wo ɖa keŋkeŋ gbeɖe o.—Kpɔ Psalmo 72:14; 116:8.

Psalmo 116:15 ka ɖe edzi na mí be Yehowa maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ esubɔla wɔnuteƒewo katã ɖa keŋkeŋ le anyigba dzi o. Le nyateƒe me la, míaƒe egbeŋkekeawo me ŋutinya ɖee fia be míedo dzi le dodokpɔ sesẽwo kple yometitiwo me, eye esia le kpe ɖom edzi kɔtɛ be Mawu maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ mí katã ɖa o.

Le Yehowa ƒe ŋusẽ si seɖoƒe meli na o kple eƒe tameɖoɖo si medoa kpo eme vava o ta la, maɖe mɔ be woatsrɔ̃ mí ɖa keŋkeŋ o. Ne Mawu aɖe mɔ ɖe nu sia ŋu la, adze abe ɖe ŋusẽ le eƒe futɔwo ŋu wui ene—mate ŋu anɔ alea o! Ne edzɔ alea la, ekema tame si Yehowa ɖo be ame siwo wɔa nuteƒe na ye la anɔ anyigba bliboa dzi la mava eme o—eye esia mate ŋu adzɔ gbeɖe o. (Yes. 45:18; 55:10, 11) Bu eŋu kpɔ! Subɔsubɔ kɔkɔe si wotsɔna naa Yehowa la nu atso le anyigba dzi ne amegbetɔ aɖeke mesusɔ asubɔe le eƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la ƒe xɔxɔnu le anyigba dzi o! Amewo ƒe ƒuƒoƒo aɖeke manɔ anyi si anye “anyigba yeye” la, si nye amegbetɔ dzɔdzɔe siwo anɔ anyigbaa dzi le “dziƒo yeye” la te, o. (Nyaɖ. 21:1) Ekema Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua mate ŋu ava eme o, le esi etevi amegbetɔ aɖeke manɔ anyi o ta.—Nyaɖ. 20:4, 5.

Ne Mawu ɖe mɔ eƒe futɔwo tsrɔ̃ eƒe amewo katã ɖa ƒiaƒiaƒia le anyigba dzi la, woake ɖi ɖoƒe si le esi la, eye aklo bubu ɖa le eya amea ŋu. Esia ahe gbɔ̃ɖiame ava ɖoƒe si Yehowa le, abe Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã ene la, dzi. Gawu la, le ale si gbegbe Yehowa dea bubu eɖokui kple eƒe ŋkɔa ŋui ta la, maɖe mɔ woatsrɔ̃ esubɔla wɔnuteƒewo ƒe ƒuƒoƒo bliboa ɖa gbeɖe o. Eye bu esia ŋu kpɔ: Esi “madzɔmadzɔnyenye aɖeke” mele Mawu me o ta la, mado kpo amegbetɔwo ƒe ƒuƒoƒo si le esubɔm nuteƒewɔwɔtɔe la ta kpɔkpɔ gbeɖe o. (5 Mose 32:4; 1 Mose 18:25) Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ne Mawu ɖe mɔ wotsrɔ̃ esubɔlawo ɖa keŋkeŋ la, esia atsi tsitre ɖe nya si Mawu ƒe Nya la gblɔ, si nye, “Yehowa magblẽ eƒe dukɔ la ɖi o le eƒe ŋkɔ gã la ta” ŋu. (1 Sam. 12:22) Nyateƒee, “Yehowa magbe eƒe dukɔ la o, eye magblẽ eƒe domenyinu la ɖi o.”—Ps. 94:14.

Aleke gbegbe wòfaa akɔ na amee nye esi be míanyae be womate ŋu atsrɔ̃ Yehowa ƒe amewo katã ɖa le anyigba dzi gbeɖe o! Eya ta mina míawɔ nuteƒe na Mawu ɣesiaɣi ahaka ɖe eƒe ŋugbedodo si gblɔ be, “Lãnu sia lãnu si woatu ɖe ŋuwò la madze edzi o, eye àbu fɔ aɖe sia aɖe si atso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esiae nye Yehowa subɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye” la dzi.—Yes. 54:17.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 22]

Mawu maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃ eƒe amewo katã ɖa o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe