Emenyawo
January 15, 2013
© 2013 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo koe kpɔ mɔ atae.
TATA SI MÍESRƆ̃NA
FEBRUARY 25, 2013–MARCH 3, 2013
Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Li Kpli Wò!
AXA 7 • HADZIDZI: 54, 23
MARCH 4-10, 2013
Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ O
AXA 12 • HADZIDZI: 27, 51
MARCH 11-17, 2013
Yi Edzi Nànɔ Tetem Ðe Yehowa Ŋu
AXA 17 • HADZIDZI: 52, 32
MARCH 18-24, 2013
Subɔ Yehowa, Mèganɔ Veve Sem Le Nu Siwo Dzɔ Va Yi Ta O
AXA 22 • HADZIDZI: 51, 39
MARCH 25-31, 2013
Hamemetsitsiwo—‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’
AXA 27 • HADZIDZI: 42, 53
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
▪ Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Li Kpli Wò!
Ame geɖe siwo ŋu woƒo nu tso le Ŋɔŋlɔawo me la ɖe xɔse kple dzideƒo fia. Ne míedzro woƒe agbemenudzɔdzɔ aɖewo me la, woado ŋusẽ mí míaxɔ Yehowa dzi se eye míasubɔe dzideƒotɔe. Numedzodzro sia te gbe ɖe ƒe 2013 ƒe mawunyakpukpuia dzi.
▪ Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ O
▪ Yi Edzi Nànɔ Tetem Ðe Yehowa Ŋu
Agbemenu geɖewo li siwo me míate ŋu awɔ titia le o, le kpɔɖeŋu me, míate ŋu atia mía dzilawo, mía nɔviwo kple afi si wodzi mí ɖo o. Gake mele alea le ƒomedodo kplikplikpli si anɔ mía kple Yehowa dome ya me o. Míate ŋu atiae be mía kplii dome nanɔ kplikplikpli alo míate ɖe aga tso gbɔ. Nyati siawo adzro nu adre aɖewo siwo me mele be míaɖe mɔ naneke nate mí ɖa tso Yehowa gbɔ o la me.
▪ Subɔ Yehowa, Mèganɔ Veve Sem Le Nu Siwo Dzɔ Va Yi Ta O
Mí katã míewɔ nanewo kpɔ siwo míadi be, ne ɖe mɔnukpɔkpɔa agasu mía si ake la, míatrɔ awɔe eye míawɔe bubui. Ke hã, mehiã be míaɖe mɔ fɔbuameɖokui nana míagbɔdzɔ le subɔsubɔ si tsɔm míele na Mawu me o. Le nyati sia me la, míasrɔ̃ ale si míayi edzi asubɔ Yehowa vevesesemanɔmee abe ale si apostolo Paulo wɔe ene.
▪ Hamemetsitsiwo—‘Wonye Hadɔwɔlawo Na Míaƒe Dzidzɔkpɔkpɔ’
Le Paulo ƒe lɛta evelia si wòŋlɔ na Korintotɔwo me la, eɖe eme na wo be ye kple yeƒe zɔhɛwo yewonye woƒe ‘hadɔwɔlawo hena woƒe dzidzɔkpɔkpɔ.’ (2 Kor. 1:24) Ŋusẽ kae wòle be Paulo ƒe nya siawo nakpɔ ɖe Kristotɔ hamemetsitsiwo dzi? Eye aleke mía dometɔ ɖe sia ɖe akpe asi ɖe eŋu dzidzɔ geɖe wu nanɔ hamea me? Woaɖo nyabiase siawo ŋu le nyati sia me.
NYATI BUBUWO
3 Wotsɔ Wo Ðokuiwo Na Faa—Le Norway
32 Amekpekpedɔ Aɖe Si Ŋu Wowɔ Ðoɖo Ðo Do Ŋgɔ Nyuie La Tse Ku
AKPAA DZI: Le aƒe aɖe ƒe xɔxɔnu le Camp Perrin la, atsu kple asi aɖe siwo xɔ dzudzɔ le dɔ me la le Biblia srɔ̃m kple ame aɖe. Abe atsu kple asi siawo ene la, Haititɔ aɖewo siwo nɔ duta la le gbɔgbɔm va wo denyigba dzi be yewoasubɔ le afi si hiahiã geɖe wu le
HAITI
LE HAITI LA, ELE NA GBEƑÃÐELA ÐEKA BE WÒAÐE GBEƑÃ NA AME
557
GBEƑÃÐELA
17,954
BIBLIA NUSRƆ̃VI
35,735