Emenyawo
March 15, 2013
© 2013 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania. Míawo koe kpɔ mɔ atae.
TATA SI MÍESRƆ̃NA
APRIL 29, 2013–MAY 5, 2013
“Nukikli Aɖeke Meli Na” Ame Siwo Lɔ̃a Yehowa O
AXA 3 • HADZIDZI: 45, 32
MAY 6-12, 2013
Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?
AXA 8 • HADZIDZI: 62, 60
MAY 13-19, 2013
“Míeva Nya Mawu”—Ke Nu Kae Gasusɔ?
AXA 13 • HADZIDZI: 81, 135
MAY 20-26, 2013
AXA 19 • HADZIDZI: 51, 95
MAY 27, 2013–JUNE 2, 2013
De Bubu Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu
AXA 24 • HADZIDZI: 27, 101
NUSƆSRƆ̃NYATIAWO
▪ “Nukikli Aɖeke Meli Na” Ame Siwo Lɔ̃a Yehowa O
Mí Kristotɔwo katã míele duɖime kem be míaƒe asi nasu agbe mavɔ fetua dzi. Gake esi míenyi nu vɔ̃ ƒe dome ta la, nanewo zua nukikli na mí katã. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míade dzesi nu atɔ̃ aɖewo siwo zua nukikli na mí eye wòaɖe nu si míawɔ be woagaxe mɔ na mí be fetua nato mía ŋu o la me.
▪ Ðe ‘Dzi Si Ana Nàdze Si Yehowa’ La Le Asiwòa?
Nufiame geɖe le Yeremiya ƒe agbalẽa me na mí ku ɖe dzi la ŋu. Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu si “dzi matsomatso” nye kple ale si wòate ŋu agblẽ nu le Kristotɔ gɔ̃ hã ŋu. Azɔ hã, aleke míana ‘dzi si dze si Yehowa’ nasu mía si?—Yer. 9:25; 24:7.
▪ “Míeva Nya Mawu”—Ke Nu Kae Gasusɔ?
Afɔ kawoe wòhiã be ame naɖe hafi ava nya Mawu eye Mawu nanyae? Aleke Kristotɔ si tsi le gbɔgbɔ me yia edzi nɔa ŋgɔyiyi wɔm, eye nu ka tae? Nyati sia akpe ɖe mía ŋu míaɖo biabia siawo ŋu.
▪ Yehowa Ye Nye Míaƒe Sitsoƒe
Xexe si lé fu mí la mee míele, gake mele be míavɔ̃ o. Nyati sia ɖee fia be sitsoƒe vavã si ɖeke mesɔ kplii o lae le mía si—eyae nye mía Mawu Yehowa.
▪ De Bubu Yehowa Ƒe Ŋkɔ Gã La Ŋu
Nu kae Mawu ƒe ŋkɔa nyanya fia? Nu kae zɔzɔ le Mawu ƒe ŋkɔ me bia? Eye aleke Mawu bua ame siwo medea bubu eƒe ŋkɔa ŋu o lae? Nyati sia ɖo biabia siawo ŋu.
NYATI BUBUWO
18 Na Woafa Akɔ Na Wò—Wò Hã Fa Akɔ Na Amewo
AKPAA DZI: Finland ƒe du geɖe le ƒu ŋu, eye dukɔa ƒe anyigba ƒe akpa geɖe nye ƒukpo suesuewo. Tɔgba akpe geɖe xɔ dukɔa me, vevietɔ le titina kple ɣedzeƒe Finland. Gbeƒãɖela siwo yina ɖasubɔna le afi si hiahiã geɖe wu le la tea ŋu zãa akro ne wole gbeƒã ɖem
FINLAND
DUKƆA ME TƆWO ƑE XEXLẼME:
5,375,276
MAMA DEDIE:
Ðasefo 1 aɖe gbeƒã na ame 283
GBESIAGBE MƆÐELA:
1,824