INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 4/1 axa 10
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ènyaa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Nahum Totoɖeme
    Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo—Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe
  • Nya Vevi Siwo Tso Naxum, Xabakuk, Kple Zefanya Ƒe Agbalẽawo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Mitsɔ Nyagblɔɖilawo Abe Kpɔɖeŋu Ene​—Nahum
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2014
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 4/1 axa 10

ÈNYAA?

Nu ka tae woyɔ blema dugã Niniwe be “hlɔ̃dodu” ɖo?

Gli si ŋu wota aʋawɔlawo ɖo wole kɔ lim futɔ siwo nu wotso ta le la ƒe tawo ɖi

Niniwe nye Asiria Fiaɖuƒea ƒe fiadu. Enye du sesẽ si me fiasã kple gbedoxɔ gã dzeaniwo kpakple mɔ gãwo kple gli kɔkɔ nyadriwo nɔ. Hebri nyagblɔɖila Naxum yɔe be “hlɔ̃dodu.”​—Naxum 3:1.

Ŋkɔ ma sɔ nɛ ŋutɔ, elabena kpetata siwo ŋu woke ɖo le Sanxerib ƒe fiasã me le Niniwe la ɖo kpe edzi be Asiriatɔwo sẽa ŋuta ŋutɔ. Aboyome aɖe si wobla te ɖe anyigba eye fufiala aɖe le aɖe hom le nu me nɛ la hã ƒe kpetata le afi ma. Adegbeƒonya siwo woɖe ɖe kpe dzi la fia be wotsia ka si nu ga gɔdɔ̃e le la ɖe aboyomewo ƒe ŋɔtiwo alo nuyiwo ŋu tsɔ kplɔa woe. Wotsia aboyomeawo ƒe fiawo ƒe tawo ɖe ka ŋu tsɔ dea kɔ na amegã siwo woɖe aboyoe la abe kɔgɛ dziŋɔ aɖe ene.

Blema Asiriatɔwo ŋuti nunyala Archibald Henry Sayce gblɔ tso ale si gbegbe wosẽa ŋuta le du si dzi woɖu la me tɔwo ŋui ale: “Wolia kɔ ametawo ɖi gleglegle ɖe ablɔ si me aʋadziɖulaa ato la dzi; wotɔa dzo ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo agbagbee alo gblẽa wo ɖi be woava wɔ nu siwo dzi ŋɔ wu la ɖe wo ŋu; woklãa ŋutsuwo ɖe ati ŋu, woɖea ŋutigbalẽ le wo ŋu agbagbee, wogbãa ŋku na wo, alo lãa woƒe asiwo kple afɔwo kpakple woƒe towo kple ŋɔtiwo.”

Taɖodzinu ka tae Yudatɔwo tɔa kpɔ ɖe woƒe xɔwo ta ɖo?

Mawu de se na Yudatɔwo be: “Ne ètu xɔ yeye la, ekema tɔ kpɔ ɖe xɔ la ta, bena ame aɖeke magage le edzi, eye nàna wò aƒe naɖe hlɔ̃fe o.” (5 Mose 22:8) Kpɔtɔtɔ ɖe xɔta nye ametakpɔnu vevi aɖe, elabena le Biblia ŋlɔɣiwo la, Yudatɔwo ƒe ƒomewo wɔa nu geɖewo le woƒe xɔwo ta.

Israel vi geɖewo ƒe xɔwo tame nɔa gbadzaa. Xɔta nye teƒe si sɔ nyuie na ame siwo adi be yewoaƒu ŋdɔ, axɔ ya, alo awɔ aƒemedɔ aɖewo. Xɔtamɔmlɔ le dzomeŋɔli sɔ nyuie na ame geɖe. (1 Samuel 9:26) Agbledelawo siaa nukuwo ɖe xɔta hafi tua wo alo wosiaa gbotsetsewo kple waintsetsewo ɖe afi ma.—Yosua 2:6.

Wowɔ xɔta ŋu dɔ le tadedeagu vavãtɔ kple trɔ̃subɔsubɔ siaa me. (Nexemiya 8:16-18; Yeremiya 19:13) Apostolo Petro yi xɔta ŋdɔ ga wuieve lɔƒo ɖado gbe ɖa. (Dɔwɔwɔwo 10:9-16) Ne wona wainkawo alo deʋayawo do vɔvɔli ɖe xɔa ta la, ke afi ma nɔnɔ adze ame ŋu ŋutɔ.

Agbalẽ aɖe gblɔ be, le Israel viwo ƒe aƒewo me la, atrakpui alo atsrɔe nɔa anyi woliana yia xɔta; atrakpuia “nɔa xɔa ŋu le aƒea me.” (The Land and the Book) Eya ta ame aɖe ate ŋu aɖi le eƒe xɔta gake mage ɖe xɔa me o. Nya sia ate ŋu ana míakpɔ ale si gbegbe Yesu ƒe nuxlɔ̃ame si nye be woasi le du si tsrɔ̃ ge woala me la dzi wɔwɔ hiã kpatae esi wògblɔ be: ‘Ame si le xɔ ta la nagaɖi be yeatsɔ nuwo le yeƒe xɔ me o.’​—Mateo 24:17.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe