INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 6/1 axa 16
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ŋutifafa Vavãtɔ—Afikae Wòatso Ava?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Nu Ka Tae Amegbetɔwo Mete Ŋu Le Ŋutifafa Hem Vɛ O?—Nya Kae Biblia Gblɔ?
    Nyati Bubuwo
  • Di Ŋutifafa Vavãtɔ eye Nàti Eyome!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mawu me Ŋutifafa ƒe Dɔlawo Nyenye
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 6/1 axa 16

BIBLIA ME BIABIAWO ƑE ŊUÐOÐOWO

Nu ka tae amegbetɔwo mete ŋu he ŋutifafa va xexea me o?

Dziɖuɖu si ate ŋu atrɔ amewo ƒe dzi la koe ate ŋu ahe ŋutifafa ava xexea me

Biblia gblɔ susu vevi eve siwo tae wòle alea ɖo. Gbãtɔe nye be, togbɔ be amegbetɔwo te ŋu wɔ ŋgɔyiyi le nu geɖe me hã la, womewɔ amegbetɔwo kple ŋutete be woafia mɔ wo ɖokuiwo o. Eveliae nye be “xexe blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la,” si nye Satana Abosam, “ƒe ŋusẽ te.” Esia tae amegbetɔwo ƒe agbagbadzedzewo mete ŋu he ŋutifafa va xexea me o ɖo.​—Xlẽ Yeremiya 10:23; 1 Yohanes 5:19.

Amegbetɔwo ƒe ɖokuitɔdidi kple nu gã didi hã le eme tae xexea me mefa o ɖo. Dziɖuɖu si aɖu anyigba katã dzi, si ate ŋu afia nu amewo be woalɔ̃ nu dzɔdzɔe wɔwɔ ahawɔ nyui na wo nɔewo la koe ate ŋu ahe ŋutifafa ava xexea me.​—Xlẽ Yesaya 32:17; 48:18, 22.

Ame kae ahe ŋutifafa ava anyigba dzi?

Mawu Ŋusẽkatãtɔ la do ŋugbe be yeaɖo dziɖuɖu ɖeka kolia si aɖu amegbetɔƒomea katã dzi la anyi. Dziɖuɖu sia ava xɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo teƒe. (Daniel 2:44) Mawu ƒe Vi, Yesu, anye Ŋutifafafia si aɖu xexea dzi. Aɖe vɔ̃ɖinyenye ɖa le anyigba katã dzi eye wòafia ale si amewo awɔ anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo la wo.​—Xlẽ Yesaya 9:5, 6; 11:4, 9.

Fifia gɔ̃ hã la, ame miliɔn geɖe siwo bɔbɔ wo ɖokuiwo ɖe Yesu te la le Mawu ƒe Nya, Biblia la, zãm tsɔ le ale si amewo awɔ anɔ ŋutifafa me kple wo nɔewo la fiam wo. Eteƒe madidi o, ŋutifafa axɔ aƒe ɖe xexea katã me.​—Xlẽ Yesaya 2:3, 4; 54:13.

Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nya sia ŋu le agbalẽ sia, si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?, ƒe ta 3 me. Yehowa Ðasefowoe tae

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe