INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 6/15 axa 32
  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖo Ŋku Wo Dzia?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Kpɔ Nyuie Be Nàgazã Biblia Abe Afakagbalẽ Ene O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Yesu​—Nu Si Na Viɖe Nɔ Eƒe Agbe Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mègana Naneke Nate Wò Ðe Aga Tso Yehowa Gbɔ O
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 6/15 axa 32

ÈÐO ŊKU WO DZIA?

Ðe nèxlẽ Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa la beléletɔea? Ekema kpɔe ɖa be àte ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Nu kae Biblia zazã abe afakagbalẽ ene fia, eye aleke wòle be Kristotɔwo nabui?

Efia Biblia la ʋuʋu zi ɖeka adze eƒe axa ɖe sia ɖe dzi eye woaxlẽ nya ɖe sia ɖe si ŋkua nya kli gbã ko kple susu be nya ma ana mɔfiame si hiã. Kristotɔ vavãwo mekaa afa o. Ke boŋ wosrɔ̃a Biblia be sidzedze vavãtɔ nasu wo si eye woaxɔ Mawu ƒe mɔfiame.​—12/15, axa 3.

‘Xexe’ ka nue ava yi?

‘Xexe’ si nu ava yi lae nye ameƒomea me tɔ siwo menɔa agbe ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nu o. (1 Yoh. 2:17) Amegbetɔ wɔnuteƒewo kple anyigba la ya nu mayi o.​—1/1, axa 5-7.

Togbɔ be Abel ku hã la, aleke wògale nu ƒom? (Heb. 11:4)

Abel gale nu ƒom to eƒe xɔse dzi. Míate ŋu asrɔ̃ nu tso xɔse si wòɖe fia me ahato eƒe afɔtoƒewo. Eƒe ŋutinyaa le nu ƒom na mí le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu.​—1/1, axa 12.

Nu kawoe mele be míaɖe mɔ woate mí ɖe aga tso Yehowa gbɔ o?

Wo dometɔ aɖewoe nye: dɔwɔwɔ kple agbemedɔ si míatia, modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenu siwo míetiana, hadede kplikplikpli kple ƒometɔ si woɖe le ha me, elektrɔnikmɔ̃wo ŋu dɔmawɔmawɔ nyuie, dzitsitsi ɖe lãmesẽnyawo ŋu fũu, ga ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ, alo dzitsitsi fũu akpa ɖe ɖoƒe si asu mía si alo ɖe míaƒe nukpɔsusuwo ŋu.​—1/15, axa 12-21.

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Mose ƒe ɖokuibɔbɔ me?

Mose mebu ɖoƒe alo ŋusẽnɔƒe si le esi la nu vevi akpa o, eye meɖo ŋu ɖe eɖokui ŋu o, ke ɖe Mawu ŋu boŋ. Míadi gbeɖe be ŋusẽ, ɖoƒe, alo dzɔdzɔmeŋutetewo nana míado mía ɖokui ɖe dzi o, ke boŋ ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Lod. 3:5, 6)​—2/1, axa 5.

Afi kae ame siwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ?

Woafɔ ame ʋɛ aɖewo siwo ƒe xexlẽme nye 144,000 la be woanɔ dziƒo. Gake woafɔ ame akpa gãtɔ ɖe tsitre woanɔ agbe tegbee le paradiso me le anyigba dzi.​—3/1, axa 6.

Gɔmesese ka nue “dzi matsomatso” nɔ Israel viwo si le? (Yer. 9:26)

Wogbe toɖoɖo Yehowa le woƒe dzimesesẽ ta eye wòhiã be woaɖe nuwɔna siwo na woƒe dzi me sẽ—woƒe tamesusuwo kple dzimedidi siwo mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o—la ɖa. (Yer. 5:23, 24)​—3/15, axa 9-10.

Aleke Yesu ɖo agbenɔnɔ si ŋu viɖe le ƒe kpɔɖeŋu ɖi?

Taɖodzinu nɔ Yesu si, si nye be wòawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Elɔ̃ Fofoa vevie, eye wòlɔ̃ amewo hã. Eya ta Yesu nyae be ye Fofo lɔ̃ ye hekpɔa ŋudzedze ɖe ye ŋu. Esiawoe nana viɖe vavã nɔa ame ƒe agbe ŋu.​—4/1, axa 4-5.

Ame kawoe nye Yehowa ƒe habɔbɔa ƒe akpa si le anyigba dzi la me tɔwo?

Woawoe nye Dɔdzikpɔha la, Alɔdzekɔmitiwo, dzikpɔla mɔzɔlawo, hamemetsitsiwo ƒe hawo, hamewo, kple Ðasefo ɖekaɖekawo.​—4/15, axa 29.

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ mefia be eƒe tame sẽ o?

Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia Yehowa nu o. (Eze. 33:11) Toheʋɔnu siwo Mawu drɔ̃ le blema la ɖee fia be exlɔ̃a nu amewo lɔlɔ̃tɔe hafi drɔ̃a ʋɔnu wo. Esia naa mɔkpɔkpɔ sua mía si be míate ŋu atsi agbe le eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ siwo gbɔna me.​—5/1, axa 5-6.

Ðe Israel viwo wua nu vlo wɔlawo to wo hehe ɖe ati ŋu mea?

Ao. Le blemaɣeyiɣiwo me la, dukɔ geɖe wɔa esia, gake menɔ alea le Israel dukɔa ya gome o. Le Hebri Ŋɔŋlɔawo ŋlɔɣi la, wowua nu vlo wɔlawo gbã to kpeƒuƒu wo me. (3 Mose 20:2, 27) Emegbe wohea woƒe kukua ɖe ati ŋu be wòanye nuxlɔ̃ame na amewo katã.​—5/15, axa 13.

Nu ka tae amegbetɔwo mete ŋu he ŋutifafa va xexea me o?

Togbɔ be amegbetɔwo te ŋu wɔ ŋgɔyiyi le nu geɖe me hã la, womewɔ mí kple ŋutete be míafia mɔ mía ɖokui o. (Yer. 10:23) Satana ye le ŋusẽ kpɔm ɖe xexea dzi, eye esia tae amegbetɔwo mate ŋu ahe ŋutifafa avɛ gbeɖe o ɖo. (1 Yoh. 5:19)​—6/1, axa 16.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe