INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w13 10/1 axa 3
  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàdzro Biblia Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàdzro Biblia Me?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nu Ka Tae Wònyo Be Nàsrɔ̃ Biblia?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ðe Woŋlɔ Biblia Be Woase Egɔme
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nufiafia Vavãtɔ Siwo Dzea Mawu Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Nunya Si De Ŋgɔ La Tsoƒe Tɔxɛ Aɖe
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
w13 10/1 axa 3

NYATI SI LE AKPAA DZI | NU KA KOŊ ŊUE BIBLIA ƑO NU TSOE?

Nu Ka Tae Wònyo Be Nàdzro Biblia Me?

Menye ɖeko Biblia nye agbalẽ si bɔ wu bubu ɖe sia ɖe ko o, ke egade ŋgɔ wu le mɔ geɖe nu hã. Nu ka tae? Susu ɖekae nye be, Biblia me nyawo ka mí. Ame siwo nɔ anyi le blema ƒe agbemeŋutinyawo le eme, eye eƒo nu tso woƒe nuwɔwɔ kple wo nɔewo kpakple kadodo si nɔ woa kple Mawu dome ŋu. Nufiame veviwo le ŋutinya siawo me na mí; woŋlɔ wo kple nya siwo gɔme sese le bɔbɔe ale be woate ŋu aɖe egɔme ɖe gbegbɔgblɔ alafa geɖe me, eye amewo katã tea ŋu sea emenyawo gɔme le afi sia afi tso blema ke va de asi na egbea. Eye aɖaŋuɖoɖo siwo le Biblia me la dzi wɔwɔ ɖea vi ɣeawokatãɣi.

Gawu la, le Biblia ƒe nya nu la, menye ɖeko wònye agbalẽ si ƒo nu tso Mawu ŋu o, ke enye agbalẽ si tso Mawu gbɔ hã. Ena míenya Mawu ƒe ŋkɔ, ame si tututu wònye, kple eƒe tameɖoɖo matrɔmatrɔ si tae wòwɔ anyigba kple amegbetɔwo ɖo. Biblia ƒo nu tso nyui kple vɔ̃ ŋuti hoʋiʋli, si ka nuwɔwɔ nyanuwo katã, si dze egɔme tso blema ke la ŋu: enye ŋutinya wɔdɔɖeamedzi aɖe si ƒe nuwuwu anye dzidzɔ sɔŋ. Ne míetsɔ susu nyui xlẽ Biblia la, ana xɔse kple mɔkpɔkpɔ nasu mía si.

Míake ɖe nya siwo míagate ŋu akpɔ le afi bubu aɖeke o la ŋu le Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Biblia kpe ɖe mía ŋu míenya nyateƒea ku ɖe nyawo abe esiwo gbɔna ene la ŋu:

  • Ale si míewɔ va dzɔ kple nu si tae míekpea fu

  • Nu si Mawu wɔ be yeatsɔ aɖe ameƒomea

  • Nu si Yesu wɔ na mí

  • Ale si etsɔme ava nɔ na anyigba kple amegbetɔwo

Ðe manyo be nàtsɔ ɣeyiɣi vi aɖe adzro nya siwo le axa siwo kplɔe ɖo la me be nànya nu si koŋ ŋu Biblia ƒo nu tsoe oa?

BIBLIA ŊUTI NYATAKAKA VEVI AÐEWO

  • Eƒe tanya: Ale si Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ahe dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa ava anyigba dzi

  • Emenyawo: Woŋlɔ eƒe agbalẽ 39 ɖe Hebrigbe me (emenya ʋɛ aɖewo nɔ Aramgbe me), eye woŋlɔ eƒe agbalẽ 27 hã ɖe Helagbe me

  • Eŋlɔlawo: Ame siwo ade 40 ye kpɔ gome le eŋɔŋlɔ me, le ɣeyiɣi ƒe didime si ade ƒe 1,600 sɔŋ me, tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. va ɖo ƒe 98 M.Ŋ. me lɔƒo

  • Gbegbɔgblɔ: Fifia la, woɖe Biblia bliboa alo eƒe akpa aɖewo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ siwo wu 2,500 me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe